< Yesaya 20 >

1 Le ƒe si me Asiria fia Sargon dɔ eƒe aʋafiagã ɖe Filistitɔwo ƒe du, Asdod me, eye wòwɔ aʋa kplii hexɔe la,
I det År Tartan kom til Asdod, dengang Assyrerkongen Sargon sendte ham og han angreb Asdod og indtog det,
2 ɣe ma ɣi Yehowa gblɔ na Amoz ƒe vi, Yesaya, be, “Ɖe wò akpanya si nèta la da ɖi, eye nàɖe afɔkpawo le wò afɔ.” Ale Yesaya wɔ nenema; eɖe amama, eye wònɔ afɔ ƒuƒlu zɔm nɔ yiyim.
på den Tid talede HERREN ved Esajas, Amoz's Søn, således: "Gå hen og løs Sørgeklædet af dine Lænder og drag Skoene af dine Fødder!" Og han gjorde således og gik nøgen og barfodet.
3 Yehowa gblɔ be, “Abe ale si nye dɔla Yesaya si le afɔ ƒuƒlu zɔm ƒe etɔ̃ sɔŋ ene, nu si nye dzesi kple kpɔɖeŋu na Egipte kple Kus la,
Så sagde HERREN: "Som min Tjener Esajas i trende År har vandret nøgen og barfodet som Tegn og Varsel mod Ægypten og Ætiopien,
4 nenema ke Asiria fia aɖe aboyo Egipte kple Kus, aɖe amewo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa be woatsɔ ado ŋukpe Egipte,
således skal Assyrerkongen slæbe fangne Ægyptere og bortførte Ætiopere med sig, unge og gamle, nøgne og barfodede, med blottet Bag til Skændsel før Ægypten."
5 Ame siwo ɖo ŋu ɖe Kus ŋu, eye wotsɔa Egipte ƒoa adegbee la, woavɔ, eye ŋu akpe wo.
Da skal de forfærdes og blues over Ætiopien, som de så hen til, og over Ægypten, som var deres Stolthed
6 Le ɣe ma ɣi la, ame siwo le ƒuta afi sia la agblɔ be, mikpɔ nu si va dzɔ ɖe ame siwo miesina tsona be woaxɔ na mi le Asiria ƒe asi me la dzi ɖa. Ke azɔ la, aleke miawɔ asi?”
Og de, som bor på denne Strand, skal på hin Dag sige: "Se, således gik det med den, vi så hen til, til hvem vi tyede om Hjælp for at frelses fra Assyrerkongen; hvor skal da vi kunne undslippe!"

< Yesaya 20 >