< Yesaya 2 >
1 Esiae nye gbedeasi bubu si Yesaya, Amoz ƒe vi la, xɔ tso Yehowa gbɔ, tso Yuda kple Yerusalem ŋuti.
This is the vision that Isaiah, son of Amoz, saw about Judah and Jerusalem.
2 Le ŋkeke mamlɛawo me la, woaɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la gɔme anyi ɖe eƒe to la dzi, be wòanye to si aƒo towo katã ta, woakɔe ɖe dzi wòagbɔ togbɛwo katã ta, eye xexemedukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu.
In the last days the mountain where the Lord's Temple stands will be recognized as the highest of all mountains, rising above other hills. Many from the other nations will travel to it.
3 Ame geɖewo ava agblɔ be, “Miva míayi Yehowa ƒe to la dzi, míage ɖe Yakob ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ la me; afia eƒe mɔwo mí be míazɔ le eƒe mɔwo dzi.” Nufiame atso Zion ava, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem ava.
People will come and say, “Let's go up to the mountain of the Lord, to the Temple of the God of Jacob. There God will teach us his ways and we will follow his directions. God's teachings will spread out from Zion, his word from Jerusalem.”
4 Adrɔ̃ ʋɔnu le dukɔwo dome, eye wòadzra ame geɖewo dome ɖo. Woatsɔ woƒe aʋawɔyiwo atu kodzoewoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ̃ gobɛwoe. Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu alo axɔ hehe na aʋawɔwɔ o.
The Lord will decide the cases of the nations; he will settle arguments between nations. They will hammer their swords and turn them into plough blades, and their spears into pruning hooks. Nations will not fight against each other anymore; they will no longer learn methods of warfare.
5 O! Yakob ƒe aƒe, na miazɔ le Yehowa ƒe kekeli me.
Come, you Israelites, let's walk in the Lord's light.
6 Ègbe nu le wò amewo, Yakob ƒe aƒe gbɔ, elabena woyɔ fũu kple ɣedzeƒetɔwo ƒe subɔsubɔwo. Wokaa afã abe Filistitɔwo ene, eye wokpea asi ɖe trɔ̃subɔlawo ŋu le woƒe subɔsubɔwo me.
For you, Lord, have given up on your people the Israelites, because they have adopted pagan practices from the East, they use spells like the Philistines, and make friends with foreigners.
7 Woƒe anyigba dzi yɔ fũu kple klosalo kple sika, eye seɖoƒe meli na woƒe kesinɔnuwo o. Sɔwo bɔ ɖe woƒe anyigba dzi, eye seɖoƒe meli na woƒe tasiaɖamwo o.
Their country is full of silver and gold, and endless wealth. Their land is full of horses; and they have an endless amount of chariots.
8 Woƒe anyigba dzi yɔ fũu kple legbawo, wodea ta agu na woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo, eye wodzea klo na nu siwo woƒe asibidɛwo wɔ,
Their country is full of idols; they bow down and worship what they have made themselves—produced by their own hands!
9 eya ta woaɖiɖi ame ɖe anyi eye woabɔbɔ amegbetɔƒomea ɖe anyi, mègatsɔe ke wo o.
These people will be brought down and humiliated—Lord, don't forgive them!
10 Miyi ɖe ŋɔdzigadowo me, mibe ɖe anyigba ƒe tume tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe ŋutikɔkɔe gbɔ!
Run away into rock caves, hide underground from the terrifying presence of the Lord, from the glory of his majesty.
11 Woaɖiɖi ŋkugãtolawo katã ɖe anyi, eye woabɔbɔ dadalawo katã ɖe anyi. Gbe ma gbe la, Yehowa ɖeka ko woado ɖe dzi.
Those who look with arrogance will be brought low; those who are proud will be humbled. On that day only the Lord will be lifted high.
12 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ɖo ŋkeke ɖi na dadalawo kple ɖokuiŋudzelawo kple nu siwo katã wodo ɖe dzi la (elabena woabɔbɔ wo ɖe anyi).
The Lord has set aside a day when he will deal with the proud and arrogant. He will end all self-glorification, bringing it down.
13 Woabɔbɔ Lebanon ƒe sedati kɔkɔ tsralawo kple Basan ƒe logotiwo ɖe anyi.
He will cut down the cedars of Lebanon, tall and high, and all the great oaks of Bashan,
14 Woabɔbɔ to kɔkɔwo kple tɔgbɛ kɔkɔwo katã ɖe anyi;
He will bring down the tall mountains and the high hills.
15 woabɔbɔ gbetakpɔxɔ kɔkɔwo kple gli sesẽwo ɖe anyi,
He will tear down every high tower and every defensive wall.
16 eye woabɔbɔ Tarsis ƒe asitsameliwo kple tɔdziʋu gãwo katã ɖe anyi.
He will wipe out all the commercial ships of Tarshish as well as the pleasure vessels.
17 Woabɔbɔ amewo ƒe ɖokuidodoɖedzi kple dada ɖe anyi. Yehowa ɖeka ko woado ɖe dzi gbe ma gbe,
The arrogant will be humbled; the proud will be brought low. On that day only the Lord will be lifted high.
18 eye woaɖe legbawo katã ɖa keŋkeŋ.
Idols will completely vanish away.
19 Ne Yehowa tso be yeaʋuʋu anyigba la, amewo asi age ɖe agadowo me le kpewo tome kple dowo me le anyigba ƒe tume, le eƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ ta.
People will run away into rock caves and holes in the ground to try and hide from the terrifying presence of the Lord, from the glory of his majesty, when he arrives to shake the earth.
20 Le ŋkeke ma dzi la, amewo atsɔ woƒe klosalolegba kple sikalegba siwo wosubɔna la aƒu gbe na alegeliwo kple agutɔwo.
On that day the people will take the idols of silver and gold that they made to worship and throw them away to the rats and the bats.
21 Woasi ayi ɖe agadowo kple kpewo tome kpakple agakpe kɔkɔwo tame be woasi le Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe ŋutikɔkɔe ƒe atsyɔ̃nu, ne etso be yeaʋuʋu anyigba.
They will run to cracks in the rocks and gaps on the cliffs to try and hide from the terrifying presence of the Lord, from the glory of his majesty, when he arrives to shake the earth.
22 Amegbetɔ nye nu gblɔe: ele gblɔe abe eƒe gbɔgbɔ si le ŋɔtime nɛ ene! Nu ka ta nàtsɔ wò mɔkpɔkpɔ ada ɖe edzi?
Don't bother trusting human beings who only live for a while. How much do they count?