< Yesaya 19 >

1 Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Egipte ŋu. Kpɔ ɖa, Yehowa ɖi tso dziƒo gbɔna va Egipte kple du le lilikpowo dzi. Egipte legbawo dzo nyanyanya le eŋkume, eye vɔvɔ̃ na be, Egiptetɔwo ƒe dzi lolo ɖe dɔ me na wo.
משא מצרים הנה יהוה רכב על עב קל ובא מצרים ונעו אלילי מצרים מפניו ולבב מצרים ימס בקרבו
2 “Mana be Egiptetɔwo nawɔ avu kple wo nɔewo, nɔvi kple nɔvi nawɔ avu, zɔhɛ natso ɖe zɔhɛ ŋu, du natso ɖe du ŋu, eye fiaɖuƒe natso ɖe fiaɖuƒe ŋuti.
וסכסכתי מצרים במצרים ונלחמו איש באחיו ואיש ברעהו עיר בעיר ממלכה בממלכה
3 Dzi aɖe le Egiptetɔwo ƒo, eye matɔtɔ woƒe ɖoɖowo. Woayi aɖabia nu le legbawo, ŋɔligbɔgbɔwo, ŋɔliyɔlawo kple afakalawo gbɔ.
ונבקה רוח מצרים בקרבו ועצתו אבלע ודרשו אל האלילים ואל האטים ואל האבות ואל הידענים
4 Matsɔ Egiptetɔwo ade ŋutasẽla aɖe ƒe ŋusẽ te, eye fia vɔ̃ɖi aɖe aɖu wo dzi.” Aƒetɔ, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
וסכרתי את מצרים ביד אדנים קשה ומלך עז ימשל בם נאם האדון יהוה צבאות
5 Nil tɔsisi la amie, eye eme aƒu kplakplakpla.
ונשתו מים מהים ונהר יחרב ויבש
6 Tɔʋumetsiwo aƒaƒã, anɔ ʋeʋẽm. Egipte tɔʋuwo hã amie, eye wo me aƒu. Aƒla kple aɖa siwo le tɔsisi la me la ayrɔ.
והאזניחו נהרות דללו וחרבו יארי מצור קנה וסוף קמלו
7 Nenema ke gbe siwo mie ɖe Nil tɔsisi la to kple esiwo mie ɖe tɔsisi la kple ƒu la ƒe godoƒe la hã ayrɔ. Nuku siwo le bo dzi le Nil tɔsisi la to la afia, eye ya aƒo wo adzoe.
ערות על יאור על פי יאור וכל מזרע יאור ייבש נדף ואיננו
8 Tɔƒodelawo kple ame siwo doa ƒu ɖe tɔsisi la me la aɖe hũu, afa konyi, eye nenema ke ame siwo daa asabu ɖe tɔa me la hã axa nu.
ואנו הדיגים ואבלו כל משליכי ביאור חכה ופרשי מכמרת על פני מים אמללו
9 Ɖetitrelawo abu mɔkpɔkpɔ, nenema kee nye aklalavɔ biɖibiɖiwo lɔ̃lawo hã.
ובשו עבדי פשתים שריקות וארגים חורי
10 Ketelɔlawo ƒe mo atsi daa eye agbatedɔwɔlawo katã ƒe dzi axa nu.
והיו שתתיה מדכאים כל עשי שכר אגמי נפש
11 Zoan ƒe dumegãwo azu bometsilawo. Farao ƒe aɖaŋuɖola nyanuwo ɖo aɖaŋu manyatalenuwo. Aleke nàte ŋu agblɔ na Farao be, “Menye nunyalawo dometɔ ɖeka, menye blemafiawo ƒe nusrɔ̃la?”
אך אולים שרי צען חכמי יעצי פרעה עצה נבערה איך תאמרו אל פרעה בן חכמים אני בן מלכי קדם
12 Afi ka miaƒe nunyalawo le azɔ. Wonegblɔ nu siwo Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ɖo ɖe Egipte ŋu la na mí.
אים אפוא חכמיך ויגידו נא לך וידעו מה יעץ יהוה צבאות על מצרים
13 Zoan ƒe dumegãwo zu bometsilawo. Woble Memfis ƒe dukplɔlawo, eye ame siwo nye eƒe dzogoedzikpewo la kplɔ Egipte trae.
נואלו שרי צען נשאו שרי נף התעו את מצרים פנת שבטיה
14 Yehowa tsɔ ŋuzitsɔame ƒe gbɔgbɔ de wo me. Ale wòna Egipte mu sɔgɔsɔgɔ le nu siwo katã wòwɔna la me abe ale si ahanomunɔtɔ mlina le xe si eya ŋutɔ ɖe la me ene.
יהוה מסך בקרבה רוח עועים והתעו את מצרים בכל מעשהו כהתעות שכור בקיאו
15 Naneke meli Egipte nawɔ o, ta alo asike, deʋaya alo keti mate ŋu awɔ naneke na Egipte o.
ולא יהיה למצרים מעשה אשר יעשה ראש וזנב כפה ואגמון
16 Ɣe ma ɣi la, Egiptetɔwo azu abe nyɔnuwo ene. Ŋɔ adzi wo woadzo nyanyanya le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe asi si wòkɔ dzi ɖe wo ŋuti la ta.
ביום ההוא יהיה מצרים כנשים וחרד ופחד מפני תנופת יד יהוה צבאות אשר הוא מניף עליו
17 Ne woyɔ Yuda ŋkɔ teti hã la, ŋɔ adzi Egiptetɔwo, eye woƒe dzi age ɖe dɔ me na wo ɖe gbegblẽ si Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, wɔ ɖe wo ŋu la ta.
והיתה אדמת יהודה למצרים לחגא כל אשר יזכיר אתה אליו יפחד--מפני עצת יהוה צבאות אשר הוא יועץ עליו
18 Le ɣe ma ɣi la, du gã atɔ̃ le Egiptenyigba dzi atrɔ adze Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la yome, eye woasrɔ̃ Hebrigbe agblɔ. Woayɔ du siawo dometɔ ɖeka be Heliopolis, Ɣekeklẽdu.
ביום ההוא יהיו חמש ערים בארץ מצרים מדברות שפת כנען ונשבעות ליהוה צבאות עיר ההרס יאמר לאחת
19 Le ŋkeke mawo me la, woaɖi vɔsamlekpui gã aɖe ɖe Egiptenyigba la titina na Yehowa, eye woaɖi ŋkuɖodzikpe ɖe woƒe liƒo dzi na Yehowa.
ביום ההוא יהיה מזבח ליהוה בתוך ארץ מצרים ומצבה אצל גבולה ליהוה
20 Esiae nye dzesi kple ŋkuɖodzi na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, le Egiptenyigba dzi. Ne wodo ɣli na Yehowa le woƒe futɔwo ta la, aɖo ɖela kple ametaʋlila ɖe wo be wòaɖe wo le woƒe futɔwo ƒe asi me.
והיה לאות ולעד ליהוה צבאות בארץ מצרים כי יצעקו אל יהוה מפני לחצים וישלח להם מושיע ורב והצילם
21 Le ŋkeke ma me la, Yehowa aɖe eɖokui afia Egiptetɔwo, woadze si Yehowa, eye woatsɔ woƒe vɔsawo kple nunanawo asubɔe. Woaɖe adzɔgbe na Yehowa, eye woawɔ edzi.
ונודע יהוה למצרים וידעו מצרים את יהוה ביום ההוא ועבדו זבח ומנחה ונדרו נדר ליהוה ושלמו
22 Yehowa akplɔ dɔvɔ̃ aƒu Egiptetɔwo; aƒo wo, eye wòagayɔ dɔ wo. Woatrɔ ɖe Yehowa ŋu, eye wòase woƒe kukuɖeɖe ahayɔ dɔ wo.
ונגף יהוה את מצרים נגף ורפוא ושבו עד יהוה ונעתר להם ורפאם
23 Le ŋkeke ma me la, woado mɔ gã aɖe ɖe Egipte kple Asiria dome, Asiriatɔwo azɔ edzi ayi Egipte, Egiptetɔwo hã azɔ edzi ayi Asiria, eye wo kple eve la woasubɔ ɖekae.
ביום ההוא תהיה מסלה ממצרים אשורה ובא אשור במצרים ומצרים באשור ועבדו מצרים את אשור
24 Ɣe ma ɣi la, Israel, nye etɔ̃lia akpe ɖe Egipte kple Asiria ŋu, esiae nye yayra le anyigba dzi.
ביום ההוא יהיה ישראל שלישיה למצרים ולאשור ברכה בקרב הארץ
25 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ayra wo agblɔ be, “Woayra wò, Egipte, nye dukɔ, Asiria, nye asinudɔwɔwɔ kple wò, Israel, nye domenyinu.”
אשר ברכו יהוה צבאות לאמר ברוך עמי מצרים ומעשה ידי אשור ונחלתי ישראל

< Yesaya 19 >