< Yesaya 18 >

1 Baba na anyigba si le Kus ƒe tɔsisiwo ƒe go kemɛ dzi, afi si tɔdziʋu siwo doa abala la zɔna,
ああ、エチオピヤの川々のかなたなるぶんぶんと羽音のする国、
2 dukɔ si dɔa amewo ɖona ɖe atsiaƒu kple tɔsisiwo dzi kple aƒlatɔdziʋu siwo ɖia du sesĩe. Midɔ ame dɔdɔ ɖeablawo ɖe dukɔ dzɔatsu si ƒe amewo kɔ, eye wo ŋu zrɔ̃ la gbɔ, dukɔ si amewo vɔ̃na le gbeta, du didiwo ke hã me, dukɔ nyanyra si fiana dzea amewo dzi hetsrɔ̃a wo; dukɔ si ƒe anyigba me tɔsisi geɖewo si to.
この国は葦の船を水にうかべ、ナイル川によって使者をつかわす。とく走る使者よ、行け。川々の分れる国の、たけ高く、膚のなめらかな民、遠近に恐れられる民、力強く、戦いに勝つ民へ行け。
3 Mi xexea me nɔlawo katã kple anyigbadzitɔwo, ne wotu aflaga ɖe towo dzi la, miakpɔe. Ne woku kpẽ la, miasee. Ale si Yehowa gblɔ nam lae nye esi:
すべて世におるもの、地に住むものよ、山の上に旗の立つときは見よ、ラッパの鳴りひびくときは聞け。
4 “Manɔ anyi kpoo anɔ nu kpɔm tso nɔnyeƒe abe ale si yame kɔnae ne ŋdɔ le ʋuʋum sesĩe la ene, abe ale si lilikpo dzaa ahũ le nuŋeɣi le dzomeŋɔli ene.”
主はわたしにこう言われた、「晴れわたった日光の熱のように、刈入れの熱むして露の多い雲のように、わたしは静かにわたしのすまいから、ながめよう」。
5 Elabena hafi nuŋeɣi nava yi ne seƒoƒowo hã nava yi, eye seƒoƒowo nazu wain ɖiɖi la, matsɔ hɛ̃ gobɛ la alã alɔawoe aƒu gbe.
刈入れの前、花は過ぎてその花がぶどうとなって熟すとき、彼はかまをもって、つるを刈り、枝を切り去る。
6 Woagblẽ wo katã ɖi na to dzi xe ƒonuwo kple anyigbadzilãwo; xe ƒonuwo anɔ wo dzi le dzomeŋɔli, eye anyigbadzilãwo katã anɔ wo dzi le vuvɔŋɔli.
彼らはみな山の猛禽と、地の獣とに捨て置かれる。猛禽はその上で夏を過ごし、地の獣はみなその上で冬を過ごす。
7 Ɣe ma ɣi la, dukɔ si dzɔ atsu ƒlalu, eye eŋu zrɔ̃ dredredre, dukɔ si wovɔ̃na le didiƒe ke, dukɔ si kli tsu, eye wònyaa avuzi le ame dzi, dukɔ si ƒe anyigba me tɔsisiwo to yi la, ahe nunanawo vɛ na Yehowa le Zion to la gbɔ, afi si wosubɔnɛ le.
その時、川々の分れる国のたけ高く、膚のなめらかな民、遠くの者にも近くの者にも恐れられる民、力強く、戦いに勝つ民から万軍の主にささげる贈り物を携えて、万軍の主のみ名のある所、シオンの山に来る。

< Yesaya 18 >