< Yesaya 17 >

1 Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Damasko ŋu: “Kpɔ ɖa, Damasko maganye du abe tsã ene o, ke boŋ atrɔ azu aƒedo!
משא דמשק הנה דמשק מוסר מעיר והיתה מעי מפלה׃
2 Woagblẽ Aroa ƒe duwo ɖi woatsi ƒuƒlu, eye wòazu nɔƒe na alẽha siwo atsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma, eye ame aɖeke mado ŋɔdzi na wo o.
עזבות ערי ערער לעדרים תהיינה ורבצו ואין מחריד׃
3 Efraim ƒe mɔ sesẽwo nu ayi kple Damasko ƒe fiaɖuƒe hã, eye Aram ƒe ame mamlɛawo ƒe ŋusẽ anɔ abe Israeltɔ ene.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
ונשבת מבצר מאפרים וממלכה מדמשק ושאר ארם ככבוד בני ישראל יהיו נאם יהוה צבאות׃
4 “Eva eme le ɣe ma ɣi be, Yakob ƒe ŋusẽ aɖiɖi, eye eƒe lãmemi avɔ keŋ.
והיה ביום ההוא ידל כבוד יעקב ומשמן בשרו ירזה׃
5 Azu abe bligble si me woŋe bli le hegblẽ hɔ̃litiawo ɖe tsitrenu ene, eye abe ale si agbledela fɔa bli dzɔdzɔe le Refaim me ene.
והיה כאסף קציר קמה וזרעו שבלים יקצור והיה כמלקט שבלים בעמק רפאים׃
6 Kutsetse ʋɛ aɖewo asusɔ abe ale si ne wogbe amiti vɔ, eye kutsetse eve alo etɔ̃ aɖewo susɔna ɖe eƒe adzame ene. Wo ame ene alo atɔ̃ nɔa atiawo ƒe alɔwo dzi la ene.” Yehowa Israel ƒe Mawu lae gblɔe.
ונשאר בו עוללת כנקף זית שנים שלשה גרגרים בראש אמיר ארבעה חמשה בסעפיה פריה נאם יהוה אלהי ישראל׃
7 Ɣe ma ɣi la, amegbetɔ atrɔ ɖe eƒe Wɔla ŋu, eye eƒe ŋkuwo anɔ Israel ƒe Kɔkɔetɔ la dzi.
ביום ההוא ישעה האדם על עשהו ועיניו אל קדוש ישראל תראינה׃
8 Womagatrɔ ɖe woƒe vɔsamlekpui siwo woawo ŋutɔ wowɔ kple woƒe asiwo la ŋu o, eye womagabu aƒeli kple ɣelégba siwo woawo ŋutɔ wowɔ kple woƒe asiwo la o.
ולא ישעה אל המזבחות מעשה ידיו ואשר עשו אצבעתיו לא יראה והאשרים והחמנים׃
9 Le ŋkeke ma dzi la, woƒe du sesẽ siwo wogblẽ ɖi na Israelviwo hesi dzo la anɔ abe gbegbe ene, eye woazu aƒedo.
ביום ההוא יהיו ערי מעזו כעזובת החרש והאמיר אשר עזבו מפני בני ישראל והיתה שממה׃
10 Elabena èŋlɔ Mawu, wò xɔnametɔ la be, eye mèɖo ŋku agakpe si nye wò mɔ sesẽ la dzi o. Eya ta togbɔ be nèƒã nuku nyuiwo, eye nèdo du bubu me tɔwo ƒe wainkawo;
כי שכחת אלהי ישעך וצור מעזך לא זכרת על כן תטעי נטעי נעמנים וזמרת זר תזרענו׃
11 togbɔ be gbe si gbe nèdoe la, ètɔ kpɔ ɖe eŋu, eye esi ŋu ke la, èna wò nukuawo ƒo se hã la, le nuŋegbe la, màŋe naneke wu fukpekpe kple vevesese o.
ביום נטעך תשגשגי ובבקר זרעך תפריחי נד קציר ביום נחלה וכאב אנוש׃
12 O! Dukɔ geɖewo ƒe agbodzedze. Wodze agbo abe tɔ dzeagbo ene! O! Woƒe amewo ƒe hoowɔwɔ. Wole hoo wɔm abe tɔ dzeagbowo ƒe hoowɔwɔ ene.
הוי המון עמים רבים כהמות ימים יהמיון ושאון לאמים כשאון מים כבירים ישאון׃
13 Togbɔ be ameawo le hoo wɔm abe tsi sesẽwo ƒe hoowɔwɔ ene hã la, ne èblu ɖe wo ta la, wosina yia megbe ke. Èɖe wo ɖe ŋu abe gbe ƒuƒuwo le towo dzi kple yali le ahom nu ene.
לאמים כשאון מים רבים ישאון וגער בו ונס ממרחק ורדף כמץ הרים לפני רוח וכגלגל לפני סופה׃
14 Ŋɔdzi nɔa anyi le fiẽ me, gake wobuna ne ŋu ke. Esia nye ame siwo daa adzo mí la ƒe gome kple mía halawo ƒe dzidzenu.
לעת ערב והנה בלהה בטרם בקר איננו זה חלק שוסינו וגורל לבזזינו׃

< Yesaya 17 >