< Yesaya 16 >

1 Miɖo alẽviwo ɖe anyigbadziɖula la abe miaƒe adzɔnunana ene tso Sela to gbegbe la ahayi ɖe Zion ƒe vinyɔnu ƒe to la dzi.
Send ye the lambs to the ruler of the land, From Selah through the wilderness To the mount of the daughter of Zion!
2 Abe ale si wonyaa xe dzodzoewo le woƒe atɔwo me ene la, nenema ke wòanɔ na Moab nyɔnuwo le Arnon ƒe tɔtsoƒewo.
For as a wandering bird, As a forthdriven nest, So shall be the daughters of Moab At the fords of Arnon; [[saying, ]]
3 “Ɖo aɖaŋu na mí, eye nàtso nya me na mí. Na wò vɔvɔli nazu abe zã ene le ŋudɔkutsu. Ɣla aʋasilawo, eye mègafia wo yomemɔ o.
“Offer counsel; give decision, Make thy shadow at noonday like the darkness of night. Hide the outcasts; Betray not the fugitives.
4 Na be Moab ƒe aʋasilawo nanɔ gbɔwò, eye nànye woƒe sitsoƒe tso nugblẽla ƒe asi me.” Ŋutasẽla ƒe ɣeyiɣi ava yi, eye gbegblẽ hã nu atso. Ameyometila hã abu ɖa keŋ le anyigba dzi.
Let my outcasts dwell with thee, [[O Zion!]] Be thou to them a covert from the spoiler! For the extortion is at an end, The spoiling ceaseth. The oppressors are consumed from the land.
5 Woaɖo fiazikpui anyi le lɔlɔ̃ me. Ŋutsu aɖe si atso David ƒe aƒe me la, anɔ edzi le nuteƒewɔwɔ me. Ame sia adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, eye wòado dzɔdzɔenyenye ɖe ŋgɔ.
Then shall your throne be established through mercy, And upon it shall sit in the house of David A judge searching for justice, and prompt in equity.”
6 Míese nu tso Moab ƒe dada, eƒe asitɔtɔ akɔ kple ɖokuidodoɖedzi, eƒe dada kple eƒe amemabumabu ŋu, gake eƒe adegbeƒoƒowo katã nye dzodzro,
“We have beard of the pride of Moab; he is very proud; His haughtiness, and his pride, and his insolence, His vain boastings.”
7 eya ta Moabtɔwo afa avi, woafa avi ɖe Moab ŋu. Mixa nu, miafa konyi ɖe waintsetsebolo ta na Kir Hareset,
Therefore shall Moab howl for Moab; Every one shall howl; For the ruins of Kir-hares shall ye mourn, In deep affliction.
8 elabena Hesbon ƒe agblewo yrɔ, nenema kee nye Sibma ƒe wainkawo hã. Dukɔwo ƒe amegãwo gblẽ waintsetse nyuitɔ siwo ƒe kawo de Yazer heɖo keke gbegbe, eye eƒe alɔwo keke va ɖo ƒuta.
For the fields of Heshbon languish, The lords of the nations break down the choicest shoots of the vine of Sibmah, They reached even to Jazer; they wandered into the desert; Her branches were spread out; they crossed the sea.
9 Eya ta mafa avi abe Yazer ɖe Sibma ƒe wainkawo ŋu ene. O! Hesbon, O! Eleale. Mefa mi vevie! Elabena dzidzɔɣli si ɖina le miaƒe kutsetsegbeɣi kple nuŋeŋe me la zi ɖoɖoe.
Therefore I will weep, like Jazer, for the vine of Sibmah; I will water thee with my tears, O Heshbon and Elealah, For upon thy summer fruits, and thy harvest, the war-shout is fallen.
10 Dzidzɔ kple vivisese nu tso le abɔwo me, ame aɖeke mele ha dzim alo le dzidzɔɣli dom le waingblewo me o, ame aɖeke megafiaa wain le wainfiaƒe o, elabena metsi dzidzɔɣliwo nu.
Gladness and joy are driven from the fruitful field, And in the vineyards is no singing nor shouting; The treaders tread out no wine in their vats; I have made the vintage-shouting to cease.
11 Nye dzi le konyi fam le menye ɖe Moab ŋu abe ale si woƒoa kasaŋku ene, eye vevesese tso Kir Hareset ŋu.
Therefore shall my bowels sound like a harp for Moab, And my inward parts for Kir-hares.
12 Ne eva eme be Moab do ɖe eƒe nuxeƒe la, dagbadagba ƒuƒlu koe. Ne eyi eƒe gbedoɖaƒe be yeado gbe ɖa la, mate ŋui o.
And it shall come to pass that though Moab present himself, Though he weary himself upon his high places, And go up to his sanctuary to pray, Yet shall he not prevail.
13 Esia nye nya si Yehowa gblɔ ɖi xoxo tso Moab ŋu.
This is the word which Jehovah spake concerning Moab of old.
14 Yehowa be, “Le ƒe etɔ̃ me tututu abe ale si agbatedɔwɔla xlẽa eƒe ƒee ene la, maɖi gbɔ̃ Moab ƒe atsyɔ̃ kple ame gbogboawo, ame siwo asusɔ la, woanɔ ʋɛe, eye womanɔ nemi me hã o.”
But now saith Jehovah: Within three years, like the years of a hireling, The glory of Moab shall be put to shame, With all his great multitude; And the remnant shall be very small, and without strength.

< Yesaya 16 >