< Yesaya 13 >

1 Esia nye ŋutega si Mawu ɖe fia Yesaya, Amoz ƒe vi la, tso Babilonia ƒe gbegblẽ ŋuti.
Oráculo contra Babilonia, que vio Isaías, hijo de Amós:
2 Mitu aflaga ɖe togbɛ ƒuƒlu tame. Mido ɣli yɔ nye aʋawɔlawo. Mimia asi wo, be woage ɖe bubumewo ƒe agbowo me.
Sobre un monte pelado alzad bandera, levantad la voz para llamarlos, hacedles señas con la mano, para que entren por las puertas de los príncipes.
3 Meɖe gbe na nye aʋawɔla, meyɔ nye kalẽtɔwo be woaɖe nye dɔmedzoe afia, ame siwo tsoa aseye ɖe nye dziɖuɖu ŋu.
He dado órdenes a mis consagrados; he llamado a mis valientes, para (ejecutar) mi ira; y ellos saltan de gozo por la gloria mía.
4 Miƒu to anyi, ɣli le ɖiɖim le towo dzi abe ameha gã aɖewoe le afi ma ene. Miƒu to anyi, zi tɔ le fiaɖuƒewo me abe dukɔ geɖewoe le ƒu ƒom ene. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae le amewo nu ƒom ƒu hena aʋawɔwɔ.
Se oye tumulto sobre los montes como tumulto de mucha gente; voces de alarma de reinos, de naciones reunidas. Yahvé de los ejércitos pasa revista a las tropas de guerra.
5 Wotso anyigba didiwo dzi va, tso keke dziƒowo ƒe mlɔewo nu ke. Wova kple Yehowa kple eƒe dɔmedzoe ƒe aʋawɔnuwo be woagbã dukɔ la katã.
Vienen de tierra lejana, de los extremos del cielo; Yahvé y los instrumentos de su furor, para asolar la tierra entera.
6 Mido ɣli, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe. Ava abe gbegblẽ ene tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ.
¡Aullad, que cercano está el día de Yahvé! vendrá como ruina, de parte del Todopoderoso.
7 Le esia ta la, asiwo katã aku yigbaa ɖe amewo ŋu, eye amegbetɔwo katã ƒe dzi alolo ɖe dɔ me na wo.
Por tanto todos los brazos perderán su vigor, y todos los corazones de los hombres se derretirán.
8 Vevesese kple nuxaxa alé wo, eye woaŋe abe nyɔnu si le ku lém la ene. Woƒe mo anɔ vevem hẽe, eye woafɔ ŋku ɖe wo nɔewo dzi gaa.
Temblarán; convulsiones y dolores se apoderarán de ellos; se lamentarán como mujer parturienta. Cada uno mirará con estupor a su vecino, sus rostros serán rostros de llamas.
9 Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ la gbɔna. Egbɔna kple dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ be woana anyigba la nazu gbegbe, eye wòatsrɔ̃ mi vɔ̃wɔla siwo le edzi.
He aquí que ha llegado el día de Yahvé, el inexorable, con furor e ira ardiente, para convertir la tierra en desierto y exterminar en ella a los pecadores.
10 Ɣletivi hamehame siwo le dziŋgɔli ŋu la magaklẽ o, ne ɣe dze la, ado viviti, eye dzinu magaɖi o.
Pues las estrellas del cielo y sus constelaciones no darán más su luz, el sol se oscurecerá al nacer, y la luna no hará resplandecer su luz.
11 Mahe to na xexea me le eƒe nu tovowo wɔwɔ ta, eye maxe fe na ame vɔ̃ɖiwo le woƒe nu vɔ̃wo ta. Matsi dadalawo ƒe dada nu, eye mate ŋutasẽlawo ƒe ɖokuidodoɖedzi ɖe to.
Entonces castigaré al mundo por su malicia, y a los impíos por su iniquidad; acabaré con la arrogancia de los soberbios y abatiré la altivez de los opresores.
12 Mana amegbetɔwo nave wu sika nyuitɔ, eye amegbetɔ kodzogbeawo hã ave wu sika si tso Ofir.
Haré que los hombres sean más escasos que el oro fino, y los hijos de Adán más raros que el oro de Ofir.
13 Eya ta mana dziƒowo naʋuʋu kpekpekpe, eye anyigba naʋuʋu le eƒe agunu ke le Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dɔmedzoe ta le eƒe dziku helĩhelĩ ƒe ŋkeke la dzi.
Por eso sacudiré los cielos, y la tierra se moverá de su lugar, por el furor de Yahvé de los ejércitos, en el día de su ardiente ira.
14 Abe sãde aɖe si wonya ɖe nu ene alo alẽha si ŋu kplɔla mele o ene la, ame sia ame agatrɔ ayi ɖe eƒe amewo gbɔ, eye ame sia ame asi ayi wo denyigba dzi.
Entonces cual gacela perseguida, y como ovejas sin redil; se dirigirá cada uno a su pueblo, y huirá cada cual a su tierra.
15 Woaƒo lãnu ɖe ame sia ame si wolé, eye ame si dzi asi su la atsi yi nu.
Todos cuantos fueren hallados serán traspasados, y todos los que cayeren presos morirán a cuchillo.
16 Woatsɔ woƒe vidzĩwo axlã ɖe anyi le wo ŋkume. Woaha woƒe aƒewo, eye woadɔ kple wo srɔ̃wo sesẽtɔe.
Sus niños serán estrellados ante sus ojos, saqueadas sus casas, y violadas sus mujeres.
17 Kpɔ ɖa, made adã ta me na Mediatɔwo ɖe wo ŋu; ame siwo mebua klosalo ɖe naneke me o, eye sika gɔ̃ hã medoa dzidzɔ na wo o.
He aquí que suscitaré contra ellos a los medos que no buscan plata ni son codiciosos de oro.
18 Woƒe aŋutrɔwo tea ɖekakpuiwo ƒua anyi. Womekpɔa nublanui na funɔdɔmee o, alo ɖeviwo ƒe nu mewɔa nublanui na wo o.
Con sus arcos matarán a los jóvenes, no tendrán piedad del fruto del seno, y sus ojos no se compadecerán de los niños.
19 Babilonia, fiaɖuƒewo ƒe nu xɔasi, Mawu amu Babiloniatɔwo ƒe dada aƒu anyi abe Sodom kple Gomora ene.
Entonces Babilonia, la joya de los reinos, gloria y orgullo de los caldeos, vendrá a ser como Sodoma y Gomorra, (ciudades) destruidas por Dios.
20 Amewo magatso aƒe ɖe afi ma akpɔ gbeɖe o, eye wòazu aƒedo tso dzidzime yi dzidzime. Arabiatɔ aɖeke matu eƒe agbadɔ ɖe afi ma o, alẽkplɔla aɖeke mana eƒe lãwo natsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma o.
Nunca jamás será habitada, ni poblada de generación en generación; no alzará allí el nómada su tienda; ni harán en ella majada los pastores.
21 Ke gbemelãwo koe atsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma. Favieʋuto ayɔ woƒe xɔwo me, golowo atso aƒe ɖe afi ma eye azizãwo aɖi adrɔ le afi ma.
Se guarecerán allí las fieras del desierto; los búhos llenarán sus casas; se instalarán allí los avestruces, y los sátiros harán allí sus danzas.
22 Gbevuwo hã anɔ afi ma, Amegaxiwo axɔ woƒe dziƒoxɔ sesẽwo awɔ wo nɔƒewo. Eƒe ɣeyiɣi tu aƒe, eye eƒe ŋkekewo mahe ɖe megbe o.
En sus palacios aullarán los chacales, y los perros salvajes en sus casas de placer. Próximo a llegar está su tiempo, y sus días no se aplazarán.

< Yesaya 13 >