< Yesaya 12 >
1 Le ɣe ma ɣi la, àgblɔ be, “Makafu wò, O! Yehowa, togbɔ be èdo dɔmedzoe ɖe ŋunye tsã hã la, wò dɔmedzoe nu yi, eye nèfa akɔ nam.
到那日,你必說: 耶和華啊,我要稱謝你! 因為你雖然向我發怒, 你的怒氣卻已轉消; 你又安慰了我。
2 Nyateƒe, Mawu nye nye xɔname. Maɖo dzi ɖe eŋu, eye nyemavɔ̃ o. Ɛ̃, Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye hadzidzi, eye eyae zu nye xɔname
看哪!上帝是我的拯救; 我要倚靠他,並不懼怕。 因為主耶和華是我的力量, 是我的詩歌, 他也成了我的拯救。
3 Miadu tsi le xɔname ƒe vudowo me kple dzidzɔ.”
所以,你們必從救恩的泉源歡然取水。
4 Le ŋkeke ma dzi la, àgblɔ be, “Mida akpe na Yehowa! Miyɔ eƒe ŋkɔ, miɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ le xexemedukɔwo dome.
在那日,你們要說: 當稱謝耶和華,求告他的名; 將他所行的傳揚在萬民中, 提說他的名已被尊崇。
5 Miɖe gbeƒã Yehowa, elabena ewɔ nu dzɔatsuwo, miɖe gbeƒã eƒe kafukafu le xexea me katã.
你們要向耶和華唱歌, 因他所行的甚是美好; 但願這事普傳天下。
6 Mido ɣli, eye mitso aseye, mi ame siwo le Zion, elabena gãe nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ si le mia dome.”
錫安的居民哪,當揚聲歡呼, 因為在你們中間的以色列聖者乃為至大。