< Yesaya 10 >
1 Baba na ame siwo wɔa se madzɔmadzɔwo, ame siwo dea se siwo tea ame ɖe anyi,
Malheur à ceux qui décrètent des décrets d'iniquité, et qui écrivent pour ordonner la violence;
2 be woaxɔ nu si nye ame dahe tɔ la le esi, woada adzo dzɔdzɔenyenye le ame teɖeanyiwo si, woaɖe aboyo ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo.
Pour refuser justice aux pauvres, et pour ravir le droit aux malheureux de mon peuple; pour faire des veuves leur butin, et pour piller les orphelins!
3 Nu ka miawɔ le akɔntanagbe la esi gbegblẽ atso adzɔge ava? Ame ka gbɔ miasi ayi wòana kpekpeɖeŋu mi? Afi ka miagble miaƒe kesinɔnuwo ɖo?
Que ferez-vous au jour de la visitation, quand la ruine viendra de loin? Vers qui fuirez-vous pour avoir du secours, et où laisserez-vous votre gloire?
4 Naneke masusɔ o, ke boŋ gamemewo kple ame siwo tsi aʋa ko, ke to esiawo katã megbe hã la, Yehowa ƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.
Ceux qui ne seront pas courbés parmi les captifs, tomberont parmi les morts. Malgré tout cela, sa colère ne s'arrête pas, et sa main est toujours étendue!
5 “Baba na Asiria, nye dɔmedzoe ƒe ameƒoti; ame si ƒe asi me metsɔ nye dɔmedzoe ƒe asi dee.
Malheur à Assur, verge de ma colère, et qui a dans sa main le bâton de mon indignation!
6 Medɔe ɖe dukɔ mavɔ̃mawu ŋu, meɖe gbe nɛ ɖe dukɔ si doa dɔmedzoe nam la ŋu, ne wòaɖe aboyo eƒe amewo, aha wo, eye wòafanya wo, anya wo abe anyi ene le woƒe ablɔwo dzi.
Je l'envoie contre une nation impie; je lui donne mission contre le peuple de mon courroux, pour piller et pour dépouiller, pour le fouler comme la boue des rues.
7 Ke menye esiae nye eƒe susu o, menye esia bum wòle o, eƒe taɖodzinue nye be yeagblẽ nu, eye yeahe dukɔ geɖewo ƒe nuwuwu vɛ.
Mais tel n'est pas son dessein, telle n'est pas la pensée de son cœur. Mais son cœur pense à déchirer, à exterminer des peuples en grand nombre.
8 Egblɔ be, ‘Ɖe nye aʋakplɔlawo katã menye fiawo oa?’
Car il dit: Mes princes ne sont-ils pas autant de rois? N'en fut-il pas de Calno comme de Carkémish?
9 ‘Ɖe Kalno medze anyi abe Karkemis ene, Hamat abe Arpad ene, eye Samaria abe Damasko ene oa?
N'en fut-il pas de Hamath comme d'Arpad? N'en fut-il pas de Samarie comme de Damas?
10 Ale si nye asi su fiaɖuƒe siawo kple woƒe legba siwo de ŋgɔ wu Yerusalem kple Samariatɔwo dzi la,
Si ma main a atteint les royaumes des idoles, dont les images valaient mieux que celles de Jérusalem et de Samarie,
11 ɖe nyemawɔ Yerusalem kple eƒe legbawo abe ale si mewɔ Samaria kple eƒe legbawoe ene oa?’”
Ne ferai-je pas à Jérusalem et à ses statues, comme j'ai fait à Samarie et à ses idoles?
12 Ne Yehowa wu nu siwo katã wòɖo be yeawɔ kple Zion to la kple Yerusalem nu vɔ la, ekema agblɔ be, “Mahe to na Asiria fia le eƒe dada kple ɖokuikpɔkpɔ gãe ta.
Mais, quand le Seigneur aura accompli toute son œuvre dans la montagne de Sion et à Jérusalem, je visiterai le fruit du cœur orgueilleux du roi d'Assur, et l'arrogance de ses yeux hautains.
13 Elabena egblɔ be, “‘Nye ŋutɔe tsɔ nye asi wɔ nu siawoe. Meɖe dukɔwo ƒe liƒowo ɖa, ha woƒe kesinɔnuwo, eye abe ŋusẽtɔ ene la, mebɔbɔ woƒe fiawo ɖe anyi.
Car il dit: Je l'ai fait par la force de ma main et par ma sagesse; car je suis intelligent. J'ai déplacé les bornes des peuples, et j'ai pillé ce qu'ils avaient de plus précieux; et, comme un héros, j'ai fait descendre des rois de leurs trônes.
14 Abe ale si woƒoa asi ɖe xevitɔ me ene la, nenemae nye asi ɖo dukɔwo ƒe kesinɔnuwo gbɔe; abe ale si amewo lɔa xevizi siwo wogble ɖe xevitɔwo me ene la, nenema melɔ xexeme dukɔwoe: ame aɖeke meli, ƒo aʋala alo ke eƒe dɔ xlɔ̃ o.’”
Ma main a trouvé la richesse des peuples, comme on trouve un nid; comme on ramasse des œufs abandonnés, j'ai ramassé, moi, toute la terre; et nul n'a remué l'aile, ni ouvert le bec, ni poussé un cri.
15 Ɖe fia aƒo adegbe wu ame si tsɔe le nu lãma? Alo ɖe laxalaxa atɔ asi akɔ wu ame si le eŋuti dɔ wɔma. Ɖe ameƒoti ate ŋu aƒo ame si lée ɖe asi alo ɖe atizɔti ate ŋu akɔ eɖokui ɖe dzi mahã?
La cognée se glorifiera-t-elle contre celui qui s'en sert? Ou la scie s'élèvera-t-elle au-dessus de celui qui la fait mouvoir? Comme si la verge faisait mouvoir ceux qui la lèvent, comme si le bâton soulevait le bras!
16 Eya ta Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, adɔ dɔléle vɔ̃ɖi aɖe ɖa wòava atsrɔ̃ wò aʋakɔwo katã, eye dzo abi le eƒe amegãwo dome abe ale si dzo binae ene.
C'est pourquoi le Seigneur, le Seigneur des armées, enverra le dépérissement sur ses hommes robustes, et, au milieu de sa magnificence, s'allumera un embrase-ment, tel qu'un embrasement de feu.
17 Israel ƒe Kekeli azu dzo, eƒe Kɔkɔetɔ la anɔ abe dzo bibi ene, eye le ŋkeke ɖeka dzi la, abi afia ŋuwo kple aŋɔkawo.
Et la lumière d'Israël deviendra un feu, et son Saint une flamme, qui brûlera et dévorera ses épines et ses ronces, en un seul jour;
18 Abe ale si dɔléle vɔ̃ɖi dzea ŋutsu dzi hewunɛ ene la, nenema ke Yehowa atsrɔ̃ Asiria ƒe ave dodowo kple woƒe agblenyigba nyuiwo gbidigbidi.
Qui consumera, de fond en comble, la gloire de sa forêt et de son verger. Il en sera comme d'un malade qui s'en va.
19 Avemetiawo abi ale gbegbe be, ɖevi sue ɖeka pɛ gɔ̃ hã ate ŋu axlẽ esiwo susɔ aŋlɔ da ɖi.
Alors le reste des arbres de la forêt sera facile à compter, et un enfant les mettrait par écrit.
20 Ava eme le ɣe ma ɣi me be Israel ƒe ame mamlɛawo kple Yakob ƒe aƒe, ame siwo tsi agbe la, magaɖo dzi ɖe ame si ƒo wo la ŋu o, ke boŋ aɖo dzi ɖe Yehowa, Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu le nyateƒe me.
En ce jour-là, le reste d'Israël et les réchappés de la maison de Jacob ne continueront plus à s'appuyer sur celui qui les frappait; mais ils s'appuieront en vérité sur l'Éternel, le Saint d'Israël.
21 Ame mamlɛawo atrɔ gbɔ, Yakob ƒe ame mamlɛawo atrɔ ɖe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋu.
Le reste reviendra, le reste de Jacob, au Dieu fort.
22 Togbɔ be wò dukɔ, O! Israel, le abe ƒutake ene hã la, ame mamlɛawo koe atrɔ gbɔ. Woɖo kpe gbegblẽ dzi, eye dzɔdzɔenyenye gbagbã ɖi.
Car, ô Israël, quand ton peuple serait comme le sable de la mer, un reste seulement reviendra à lui. La destruction est résolue; elle fera couler à flots la justice.
23 Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ahe tsɔtsrɔ̃ si wòɖo ɖi kplikpaa la ava anyigba blibo la dzi.
Car la destruction qu'il a résolue, le Seigneur, l'Éternel des armées, va l'exécuter dans tout le pays.
24 Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi: “O! Mi ame siwo le Zion, migavɔ̃ Asiria, ame si ƒo mi kple ameƒoti, eye wòɖe kpo ɖe mia dzi abe ale si Egipte wɔ ɖe mia ŋu la ene o.
C'est pourquoi, ainsi dit le Seigneur, l'Éternel des armées: Mon peuple qui habites en Sion, ne crains point Assur, qui te frappe de la verge et lève sur toi son bâton, à la façon de l'Égypte.
25 Madidi o la, nye dziku ɖe mia ŋu nu ava ayi, eye matrɔ nye dɔmedzoe ɖe wo tsɔtsrɔ̃ ŋuti.”
Car encore un peu de temps, et l'indignation prendra fin, et ma colère viendra contre eux pour les détruire.
26 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, aɖe atam ɖe wo dzi abe ale si wòƒo Midian le Oreb ƒe agakpe la gbɔ ene, eye ado eƒe atikplɔ ɖe tsiawo dzi abe ale si wòdze le Egipte la ene.
Alors l'Éternel des armées lèvera le fouet contre lui, comme il frappa Madian au rocher d'Oreb; son bâton sera étendu sur la mer, et il le lèvera comme il fit en Égypte.
27 Le ŋkeke ma dzi la, woaɖe woƒe agbawo le wò abɔta, aŋe woƒe kɔkuti le wò kɔ, eye woƒe kɔkuti aŋe le miaƒe amidada ta.
En ce jour-là, son fardeau sera ôté de dessus ton épaule, et son joug de dessus ton cou; et la graisse fera éclater le joug.
28 Woge ɖe Ayat, woto Migron, eye wova gble woƒe nuzazãwo ɖe Mikmas.
Il marche sur Ajjath: il passe à Migron, il laisse à Micmash son bagage.
29 Wodo to domemɔ, eye wogblɔ be, “Miatsi Geba adɔ.” Rama dzo nyanyanya, Saul ƒe Gibea de afɔ du me.
Ils passent le défilé; ils prennent leur gîte à Guéba; Rama tremble; Guibath-Saül est en fuite.
30 Do boboe, Galim nyɔnuvi; Laisa, ƒu to anyi, nublanuie nye Anatɔt.
Pousse des cris aigus, fille de Gallim! Tends l'oreille vers Laïs, malheureuse Anathoth!
31 Maglimae si, Gabimtɔwo ɣla wo ɖokui.
Madména s'enfuit; les habitants de Guébim cherchent un abri.
32 Egbea ke, woatɔ ɖe Nɔb ŋu. Woanye woƒe kɔwo le yame ɖe Zion nyɔnuvi ƒe to kple Yerusalem ƒe togbɛ la ŋu.
Encore ce jour d'arrêt à Nob, et il lèvera sa main contre la montagne de la fille de Sion, contre la colline de Jérusalem!
33 Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, atsɔ ŋusẽ gã aɖe alã atilɔwo tso ati siwo kɔ de dzi bobobo, eye wòabɔbɔ ketɔwo ɖe anyi.
Voici, le Seigneur, l'Éternel des armées, ébranchera les rameaux avec force; les grands arbres seront coupés, et les troncs élevés seront abattus.
34 Woatsɔ fia adza ave dodowo, eye Ŋusẽtɔ la amu Lebanon ƒe sedatiwo aƒu anyi le avewo me.
Il frappera avec le fer les halliers de la forêt, et le Liban tombera sous le Tout-Puissant!