< Hosea 9 >

1 O Israel, migakpɔ dzidzɔ abe ame bubuwo ene o, elabena miegbe miaƒe Mawu la hesa vɔ na mawu bubuwo, eye mielɔ̃ gbolowo ƒe nunanawo le lugbɔƒe ɖe sia ɖe.
Rejoice not, O Israel, for gladness, as other people; for thou art gone astray, unfaithful to thy God: thou hast loved the wages of sin upon every corn-filled threshing-floor.
2 Lugbɔƒewo kple wainfiaƒewo mana nuɖuɖu amewo o, eye woƒe aha yeye agblẽ.
The threshing-floor and the wine-press shall not feed them, and the new wine shall deceive them.
3 Miaganɔ anyigba si nye Yehowa tɔ la dzi o, Efraim atrɔ ayi Egipte, eye woaɖu nu makɔmakɔwo le Asiria.
They shall not dwell in the land of the Lord; but Ephraim shall return to Egypt, and in Assyria will they eat unclean things.
4 Le afi sia la, womaɖe mɔ be miatsɔ wain asa vɔe na Yehowa o, elabena vɔsa siwo katã woawɔ le afi ma la ƒe ɖeke madze eŋu o; vɔsa siawo ŋuti mekɔ o, ɖeko wole abe kuteƒenuɖuɖu ene, eye ame siwo katã ɖui la, woawo hã ŋuti mekɔ o. Woate ŋu aɖu nu siawo be woaɖi ƒo, gake menye be woatsɔe asa vɔe le Yehowa ƒe gbedoxɔ me o.
They shall not pour out wine to the Lord, and [their offerings] shall not be pleasing unto him; their sacrifices shall be unto them as the bread of mourners; all that eat thereof shall be polluted: for this their food can only be for themselves, it shall not come into the house of the Lord.
5 Ekema nu ka miawɔ le ŋkeke kɔkɔewo kple Yehowa ƒe ŋkekenyuiwo dzi?
What will ye do on the day of the appointed festival, and on the day of the feast of the Lord?
6 Elabena ne wosi le gbegblẽ nu la, Egipte aƒo wo nu ƒu, eye Memfis aɖi wo. Woƒe klosalonu veviwo alé ɣebia, eye aŋɔka avu atsyɔ woƒe agbadɔwo dzi.
For, lo, they are gone forth because of the desolation: Egypt will gather them up, Moph will bury them: the pleasant chambers for their silver, —these shall nettles take possession of; thorns shall [grow] in their tents.
7 Toheɣi na Israel ɖo vɔ; nu vɔ̃ ƒe akɔntanaɣi ɖo vɔ, eye kpuie la, Israel anya nu si wònye. Esi wò nu vɔ̃wo li kɔ gleglegle, eye fuléle yɔ mewò fũu ta la, nyagblɔɖila zu bometsila, eye ame si me Mawu ƒe gbɔgbɔ le la zu tsukunɔ.
Come are the days of the visitation, come are the days of thy recompense; this shall Israel experience: a fool was the prophet, mad the inspired man, because of the greatness of thy iniquity, and the great hatefulness.
8 Meɖo nyagblɔɖilawo be woadzɔ Efraim ŋu, gake dukɔ la xe mɔ na wo le mɔ ɖe sia ɖe nu, woɖe woƒe fulélewo fia le dutoƒo, eye wowɔ esia hã le Mawu ƒe gbedoxɔ me gɔ̃ hã.
The watchman of Ephraim with my God, the prophet, was a snare of the fowler on all his ways, a hateful thing in the house of his god.
9 Nu tovo siwo wɔm nye dukɔ le la, le abe movinu siwo wowɔ le Gibea gbe aɖe gbe va yi ene. Mawu aɖo ŋku woƒe nu vɔ̃ɖiwo dzi, eye wòahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta.
They are deeply corrupt, as in the days of Gib'ah: he will remember their iniquity, he will visit their sins.
10 “Esi medo go Israel la, enɔ nam abe waintsetse le gbegbe ene; esi medo go wo fofowo la, enɔ nam abe gbotsetse gbãtɔ le gboti dzi ene. Ke esi wova Baal Peor gbɔ la, wotsɔ wo ɖokuiwo na ŋukpenalegba la eye woɖi gbɔ̃ abe legba si ŋu woku ɖo la ene.
Like grapes in the wilderness had I found Israel; as the first ripe fruit on the fig-tree in the first of the season had I seen your fathers; but they too went to Ba'al-pe'or: and devoted themselves unto that shameful idol, and became abominations as those they loved.
11 Efraim ƒe ŋutikɔkɔe dzo, dzo abe xevi ene, eya ta womadzi vi o, womafɔ fu o, eye womado fu hã o
As for Ephraim, their glory shall fly away like a bird: there is no more birth, and no pregnancy, and no conception.
12 eye ne viwòwo tsi la, maxɔ wo le asiwò, atsrɔ̃ wo. Baba na mi, ne metrɔ dzo le mia gbɔ. Anye blanuiléle ƒe ŋkeke.
But though they were to bring up their children, yet would I bereave them, that there should be no man: yea, woe also to themselves, when I depart from them!
13 Mekpɔ Efraim, wodɔe ɖe teƒe dzeani aɖe abe Tiro ene, gake Efraim akplɔ viawo ade asi na amewula.”
Ephraim, as I have seen him like Tyre, planted in a pleasant meadow, —yet this Ephraim shall lead forth to the murderer his children.
14 O Yehowa, nu ka nàtsɔ ana wò amewo? Nu siwo nàtsɔ na wo lae nye vidzidɔ si mate ŋu atsɔ fu o kple no siwo me notsi manɔ o.
Give them, O Lord, what thou wilt give! give them a miscarrying womb and dried-up breasts.
15 “Woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ katã dze egɔme le Gilgal, eye afi mae nye hã megbe nu le wo gbɔ le. Manya wo le nye anyigba dzi le woƒe ahasiwɔwɔ ta. Nyemagalɔ̃ wo azɔ o, elabena woƒe amegãwo katã nye aglãdzelawo.
All their wickedness is in Gilgal; for there I [learnt to] hate them; for the wickedness of their doings will I drive them out of my house: I will love them no farther; all their princes are rebels.
16 Efraim, tsɔtsrɔ̃ tu wò. Israel, wò kewo katã yrɔ, màgatse ku azɔ o, eye ne èdzi vi hã la, mawu ɖevi si gbɔ womelɔ̃ nu le o.”
Smitten is Ephraim, their root is dried up, they shall bear no fruit; yea, though they should bring forth, yet would I slay the beloved fruit of their body.
17 Nye Mawu agbe Israelviwo, elabena wogbe be yewomaɖo toe o. Woazu tsatsalawo, kple aƒemanɔsitɔwo le dukɔwo dome.
My God will reject them, because they did not hearken unto him: and they shall be wanderers among the nations.

< Hosea 9 >