< Hosea 8 >

1 “Mitsɔ kpẽ la ɖo nu! Egbɔna abe hɔ̃ ene ɖe Yehowa ƒe aƒe la ŋu, elabena wotu nye nubabla la hetsitre ɖe nye seawo ŋu.
В недре их, яко земля непроходима, яко орел в дому Господни: понеже преступиша завет Мой и на закон Мой нечествоваша.
2 Azɔ la, Israel le ɣli dom nam be, ‘Míaƒe Mawu, kpe ɖe mía ŋuti!’
Ко Мне воззовут: Боже, познахом Тя,
3 Gake Israel gbe nu le nu si nyo la gbɔ; azɔ la, eƒe futɔwo ati eyome.
яко Израиль отвратися благих, врага прогнаша.
4 Woɖo fiawo, gake womebia gbem hafi o, eye wotia dumegã siwo dzi nyemeda asi ɖo o. Wotsɔ woƒe klosalo kple sika wɔ legbawoe na wo ɖokui hena woawo ŋutɔ ƒe tsɔtsrɔ̃.
Сами себе царя поставиша, а не Мною, началствоваша, и не явиша Ми: от сребра своего и от злата своего сотвориша себе кумиры, яко да потребятся.
5 O Samaria, tsɔ wò nyivilegba si nèwɔ la ƒu gbe. Nye dɔmedzoe le bibim ɖe wo ŋu. Gbe ka gbe miana mia ŋuti nakɔ?
Сокруши телца твоего, Самарие, разгневася ярость Моя на ня: доколе не могут очиститися, иже во Израили?
6 Nu siawo dzɔ tso Israel, nyivilegba si gbede tu la, menye Mawu o, eya ta woagbã Samaria ƒe nyivi la gudugudu.
И то древодель сотвори, и несть бог: зане льстяй бяше телец твой, Самарие.
7 “Woƒã ya, eya ta woaŋe ahomya. Woƒe bliwo magbã ahadza o, eya ta ahɔ̃litiwo matse ku o, eye ne bli anɔ blitikpui aɖewo ŋu hã la, amedzrowo ahae aɖu.
Яко ветром истлено всеяша, и разрушение их приимет я: рукоять не имущая силы еже сотворити муку, аще же и сотворит, то чуждии поядят ю.
8 Israel gbã gudugudu, ɖeko wòle dukɔwo dome abe nu maɖinu ene,
Поглощен бысть Израиль, ныне бысть во языцех яко сосуд непотребен,
9 elabena wodzo yi Asiria hele tsatsam abe gbetedziwo ene. Efraim tsɔ eɖokui dzra na ahiãviwo.
понеже тии взыдоша ко Ассирианом: процвете о себе Ефрем, дары возлюби.
10 Togbɔ be wodzra wo ɖokuiwo na dukɔwo hã la, magaƒo wo nu ƒu azɔ. Woakpe fu le fiagã la kple dumegãwo ƒe teteɖeanyi ta.
Сего ради предадутся во языки: ныне восприиму их, и почиют мало еже помазати царя и князи.
11 “Efraim tu vɔsamlekpui geɖewo, hena nu vɔ̃ vɔsa, gake menye nyee wòtu wo na o. Wotu wo hena nu vɔ̃ wɔwɔ.
Яко умножи Ефрем требища, во грехи быша ему требища возлюбленная.
12 Ne mede se akpe ewo nɛ hã la, ɖeko wòagblɔ be menye yee wode seawo na o, ke boŋ ame bubuwoe wode wo na.
Впишу ему множество, и законная его в чуждая вменишася требища возлюбленная.
13 Wowua nye vɔsalãwo hena lã la ɖuɖu, gake woƒe nu menyoa Yehowa ŋu o. Azɔ aɖo ŋku woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi, eye wòahe to na wo ɖe woƒe nu vɔ̃ ta, ale woagatrɔ ayi Egipte.
Темже аще и пожрут жертву и снедят мяса, Господь не приимет их: ныне помянет неправды их и отмстит грехи их: тии во Египет возвратишася и во Ассирии нечистая снедят.
14 Israel ŋlɔ eƒe wɔla be, eye wòtu fiasã gã dranyiwo. Yuda ɖo gli sesẽwo ƒo xlã eƒe duwo. Maɖo dzo ɖa wòafia woƒe duwo, eye wòabi woƒe mɔ sesẽwo.”
И забы Израиль Сотворшаго и и возгради требища, и Иуда умножи грады утверждены: но послю огнь на грады его, и потребит основания его.

< Hosea 8 >