< Hosea 7 >

1 Ne medi be mada gbe le Israel ŋu la, ekema Efraim ƒe nu vɔ̃wo dzea go, eye wokloa nu le Samaria ƒe nu vɔ̃wo dzi, elabena woblea ame, gbãa ʋɔ, fia fi, eye wodaa adzo le mɔtata dzi.
כרפאי לישראל ונגלה עון אפרים ורעות שמרון--כי פעלו שקר וגנב יבוא פשט גדוד בחוץ
2 Dua me tɔwo hã mede dzesii be nye ŋku le woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ dzi o. Woƒe nu vɔ̃ ɖe to ɖe wo godoo va kpe, eya ta mele wo katã kpɔm.
ובל יאמרו ללבבם כל רעתם זכרתי עתה סבבום מעלליהם נגד פני היו
3 “Wotsɔa woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ doa nukokoe na fia la, eye dumegãwo kpɔa dzidzɔ koa nu le woƒe alakpadadawo ta.
ברעתם ישמחו מלך ובכחשיהם שרים
4 Wo katã wonye ahasitɔwo sɔŋ. Abe ale si abolomela doa kpodzo wòbinae va se ɖe esime eƒe abolomɔ la ho hafi wòlɔnɛ ene la, nenema ke ame siawo ƒe dzi nɔa bibim ɖe ahasiwɔwɔ ŋu.
כלם מנאפים--כמו תנור בערה מאפה ישבות מעיר מלוש בצק עד חמצתו
5 Le miaƒe fia ƒe ŋkekenyui dzi la, dumegãwo noa wain muna hebɔa ha kple fewuɖulawo.
יום מלכנו החלו שרים חמת מיין משך ידו את לצצים
6 Woƒe dziwo bina abe kpodzo ene, eye woyia egbɔ le ayedzedze me. Woƒe didiwo ɖea fu na wo le zã blibo la me eye le ŋdi la, wonɔna abe dzo ƒe aɖewo ene.
כי קרבו כתנור לבם בארבם כל הלילה ישן אפהם--בקר הוא בער כאש להבה
7 Wo katã woxɔ dzo abe kpodzo ene, eye wofiaa woƒe kplɔlawo. Woƒe fiawo katã mu dze anyi, gake ɖeke meyɔm kpɔ o.
כלם יחמו כתנור ואכלו את שפטיהם כל מלכיהם נפלו אין קרא בהם אלי
8 “Efraim tsaka kple dukɔ bubuwo, eye wòle abe abolo si mebi nyuie o la ene.
אפרים בעמים הוא יתבולל אפרים היה עגה בלי הפוכה
9 Du bubu me tɔwo xɔ ŋusẽ le esi, gake menya o. Efraim ƒe ɖa le wɔ ƒom, gake menya gɔ̃ hã be yele tsitsim le gbɔdzɔgbɔdzɔm o.
אכלו זרים כחו והוא לא ידע גם שיבה זרקה בו והוא לא ידע
10 Israel ƒe dada le ɖase dim le eŋuti; esi nu siawo katã le dzɔdzɔm hã la, metrɔ va Yehowa, eƒe Mawu la gbɔ be yeadii o.
וענה גאון ישראל בפניו ולא שבו אל יהוה אלהיהם ולא בקשהו בכל זאת
11 “Efraim le abe ahɔnɛ movitɔ aɖe ene, eyɔa Egipte be wòakpe ɖe ye ŋuti, eye wòdzona yia Asiria.
ויהי אפרים כיונה פותה אין לב מצרים קראו אשור הלכו
12 Gake ne woyi la, matsɔ nye ɖɔ atsyɔ wo; maɖiɖi wo ava anyie abe xevi si le dzodzom le yame ene. Ne mese wole ƒu ƒom la, mayi aɖalé wo.
כאשר ילכו אפרוש עליהם רשתי--כעוף השמים אורידם איסירם כשמע לעדתם
13 Baba na mi, nye amewo, elabena miegbem; mana woatsrɔ̃ mi, elabena miedze aglã ɖe ŋutinye! Medi vevie be maɖe wo, gake woda alakpa ɖe asinye.
אוי להם כי נדדו ממני שד להם כי פשעו בי ואנכי אפדם--והמה דברו עלי כזבים
14 Womedo ɣli nam tso woƒe dzi me o, ke wofa avi le woƒe abawo dzi. Woƒoa ƒu ɖe bli kple aha yeye ŋuti, ke nye la, wotrɔ le yonyeme.
ולא זעקו אלי בלבם כי יילילו על משכבותם על דגן ותירוש יתגוררו יסורו בי
15 Nyee he wo, eye mena wokpɔ ŋusẽ, gake azɔ la, wotsi tsitre ɖe ŋutinye.
ואני יסרתי חזקתי זרועתם ואלי יחשבו רע
16 Wometrɔ ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu o. Wole abe dati si daa dadagbo la ene, eya ta woƒe kplɔlawo atsi yi nu ɖe nya vlo si dona le woƒe nu me la ta. Esia ta woaɖe alɔme le wo ŋuti le Egiptenyigba dzi.
ישובו לא על היו כקשת רמיה--יפלו בחרב שריהם מזעם לשונם זו לעגם בארץ מצרים

< Hosea 7 >