< Hosea 6 >

1 “Miva, mina míatrɔ ayi Yehowa gbɔ, elabena eyae vuvu mí, eya koe ate ŋu ayɔ dɔ mi. Eyae de abi mía ŋuti, eye eyae abla abi la na mí.
「さあ、わたしたちは主に帰ろう。主はわたしたちをかき裂かれたが、またいやし、わたしたちを打たれたが、また包んでくださるからだ。
2 Le ŋkeke eve megbe la, agbɔ agbe mí, le ŋkeke etɔ̃a gbe la, aɖo mí te, eye míanɔ agbe le eŋkume!
主は、ふつかの後、わたしたちを生かし、三日目にわたしたちを立たせられる。わたしたちはみ前で生きる。
3 Mina míatrɔ ɖe Yehowa ŋu. Mina míadze agbagba be míanyae, eye abe ale si ɣedzedze kple kelemetsi medana le edzi o ene la, nenema ke kakaɖedzi li be magbe tɔtɔ na mí o.”
わたしたちは主を知ろう、せつに主を知ることを求めよう。主はあしたの光のように必ず現れいで、冬の雨のように、わたしたちに臨み、春の雨のように地を潤される」。
4 “O, Efraim, nu ka mawɔ na wò, O, Yuda, nu ka mawɔ kpli wò?
エフライムよ、わたしはあなたに何をしようか。ユダよ、わたしはあなたに何をしようか。あなたがたの愛はあしたの雲のごとく、また、たちまち消える露のようなものである。
5 Medɔ nye nyagblɔɖilawo ɖa, wolã mi kakɛkakɛe, eye metsɔ nye numenyawo wu mii; nye ʋɔnudɔdrɔ̃ ake dzo ɖe mia dzi abe dzikedzo ene,
それゆえ、わたしは預言者たちによって彼らを切り倒し、わが口の言葉をもって彼らを殺した。わがさばきは現れ出る光のようだ。
6 elabena nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye vɔsa o, eye sidzedze Mawu dim mele wu numevɔsawo,
わたしはいつくしみを喜び、犠牲を喜ばない。燔祭よりもむしろ神を知ることを喜ぶ。
7 gake abe Adam ene la, mietu nye nubabla la, eye miewɔ nuteƒe o.
ところが彼らはアダムで契約を破り、かしこでわたしにそむいた。
8 Gilead nye nu tovo wɔlawo ƒe du, eye ʋu si woƒe afɔwo ƒo la ɖe ɖe woƒe ablɔwo dzi.
ギレアデは悪を行う者の町で、血の足跡で満たされている。
9 Dua me nɔlawo katã nye adzoblasuwo sɔŋ, eye wode xa ɖi na ame siwo woɖo be yewoafi. Nunɔlawo ƒe hawo hã de xa ɖe Sekem mɔ dzi le amewo wum, eye wole nu vɔ̃ ƒomevi ɖe sia ɖe wɔm.
盗賊が人を待ち伏せするように、祭司たちは党を組み、シケムへ行く道で人を殺す。このように彼らは悪しき事を行う。
10 Nyateƒe, mekpɔ nu dziŋɔwo le Israel. Efraim wɔ ahasi to mawu bubuwo yometiti me, eye Israel ya bliba ɖe ŋunyɔnu me.
わたしはイスラエルの家に恐るべき事を見た。かしこでエフライムは淫行をなし、イスラエルは汚された。
11 “O, Yuda, woɖo nuŋeɣi ɖi na wò hã. “Ne megaɖo nye dukɔ ƒe nunyonamewo te,
ユダよ、あなたのためにも刈入れが定められている。わたしがわが民の繁栄を回復するとき、

< Hosea 6 >