< Hosea 5 >
1 “Miɖo to nya sia, O, mi nunɔlawo kple Israel ƒe aƒe, miƒu to anyi; O, mi fia ƒometɔwo katã, miɖo to, mebe mi katã miatsrɔ̃! Elabena mieble nye dukɔ la le Mizpa, mienye ɖɔ woɖo ɖe Tabɔr to dzi
司祭,你們你們應信這話! 以色列家,留心細聽! 王室,側耳傾聽! 審判是為你們行的,因為你們的是米茲帕的圈套,是大博爾山上張開的羅網。
2 kple ʋe goglo si woɖe ɖe Sitin, gake migaŋlɔ be, be maɖo eteƒe na ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la ta o.
他們在史廷掘深了陷阱,但是我卻要完全懲治他們。
3 Menya Efraim nyuie, eye Israel hã meɣla ɖem o. O Efraim, ètrɔ zu gbolo, eye Israel gblẽ kɔ ɖo na eɖokui.
我認識厄弗辣因,因你行了淫,以色列玷污了自己。
4 “Miaƒe nuwɔwɔwo mate ŋu ana miatrɔ ava miaƒe Mawu la gbɔ o, elabena gbolowɔwɔ ƒe gbɔgbɔ le miaƒe dzi me ke, eye le esia ta miate ŋu anya Yehowa o.
他們的行為不能使他們歸向天主,因為邪淫的心神潛伏在他們內,致使他們不認識天主。
5 Israel ƒe aglãdzedze ɖi ɖase tso eŋuti le nye ʋɔnu. Efraim kple Yuda woadze anyi le woƒe nu vɔ̃ ta.
以色列的傲氣呈現他們臉上,厄弗辣因因自己的罪孽而,連猶大也與他們一同跌倒。
6 Mlɔeba la, woava do kple woƒe alẽwo kple nyiwo be woasa vɔ na Yehowa, gake womakpɔe o, elabena eɖe eɖokui ɖa tso wo gbɔ.
縱使他們牽牛帶羊去尋求上主,但仍然尋不著,因為衪早已遠離了他們。
7 Wometo nyateƒe na Yehowa o, elabena wodzi ahasiviwo. Azɔ dzinu yeye ƒe ŋkekenyui aɖu wo kple woƒe nunɔamesiwo.
他們背叛了上主,由此他們生了私生子。看,毀滅者必要併舌他們和他們的基業。
8 “Miku lãdzo le Gibea, eye miaku kpẽ le Rama. Mido aʋaɣli sesĩe le Bet Aven. O Benyamin, kpɔ megbewò ɖa!
你們要在基貝亞吹角,在辣瑪吹號,在貝特阿文 發出驚報,本雅明便要驚惶失措。
9 Woagbã Efraim gudugudu ne ʋɔnudrɔ̃gbe la ɖo. Le Israel ƒe toawo dome la, nu siwo mena wo nya la ava eme godoo.
在懲罰之日,厄弗辣因將變成一片荒涼;對以色列各支派,我要宣告一件實有的事
10 Yuda ƒe amegãwo le abe ame siwo ŋea liƒo ɖe eme la ene, eya ta matrɔ nye dɔmedzoe akɔ ɖe wo dzi bɔbɔbɔ abe tɔɖɔɖɔ ene,
猶大的首領行事好像是挪移地界的人,所以我要在他們身上發洩卜憤怒,有如倒水一樣。
11 eye woaŋe Efraim, agbãe gudugudu, elabena eɖoe kplikpaa be yeadze legbawo yome.
厄弗辣因強硬蠻橫,破壞了正義,因為他樂意隨跟送」虛無」。
12 Maɖu Efraim, agblẽ edome abe ale si gbagbladza ɖua avɔe ene, eye magblẽ Yuda dome abe ale si ŋɔ ɖua aŋgba ene.
由此我對厄弗辣因將像是一個蠹魚,對猶大家將像是一個蛀蟲。 1的創傷
13 “Esi Efraim kpɔ eƒe dɔléle, eye Yuda hã kpɔ eƒe abiwo ta la, Efraim trɔ ɖe Asiria ŋu, eye wòdɔ ame ɖo ɖe fiagã la gbɔ, gake mate ŋu ada gbe le mia ŋu, ana miaƒe abiwo naku o.
厄弗辣因發現了自己的疾病,猶大看見了自己的創傷,厄弗辣因便去了亞述,猶大遣使往謁大王;可是他不能醫治你們,也不能治愈你們身上的創傷。
14 Manye dzata ɖe Efraim ŋu, eye manye dzatavi ɖe Israel ƒe aƒe la ŋu. Nye, ɛ̃, nye ŋutɔ mavuvu wo ʋayaʋaya adzo; malé wo adzoe, eye ame aɖeke maxɔ wo le asinye o.
因為我對厄弗辣因要像是一隻獅子,對猶大家要像是一隻壯獅;的確,我必撕碎,然後退去;我要 把掠物帶走,誰也不能挽救。
15 Magblẽ wo ɖe aboyo me, atrɔ yi aƒe va se ɖe esime wolɔ̃ be yewodze agɔ, atrɔ ɖe ŋutinye, aɖe kuku nam, elabena ne fukpekpe dze wo dzi la, woadi nye mɔ.”
我要去,要回到我的原處,直到他們受了罰,而我的的聖容為止。在他們遇到困難時,他們必要我: