< Hosea 4 >

1 O Israelviwo, mise Yehowa ƒe nyawo. Yehowa saba mi, eye nya siwo wòtsɔ ɖe mia ŋuti la woe nye esiawo: Nuteƒewɔwɔ, lɔlɔ̃ kple sidzedze Mawu megale anyigba blibo la dzi o.
以色列人哪,你們當聽耶和華的話。 耶和華與這地的居民爭辯, 因這地上無誠實, 無良善,無人認識上帝。
2 Mietaa nu, hedaa alakpa, wua ame, fia fi, eye miewɔa ahasi kpena ɖe eŋu. Ʋunyaʋunya kple amewuwu bɔ ɖe afi sia afi.
但起假誓,不踐前言, 殺害,偷盜,姦淫,行強暴, 殺人流血,接連不斷。
3 Esiawo tae miaƒe anyigba megale nuku wɔm o ɖo, anyigba la dzi yɔ fũu kple nuxaxa, nu gbagbe ɖe sia ɖe le dɔ lém, eye ɖewo le kukum; lãwo, dziƒoxeviwo kple tɔmelãwo gɔ̃ hã le tsɔtsrɔ̃m.
因此,這地悲哀, 其上的民、田野的獸、 空中的鳥必都衰微, 海中的魚也必消滅。
4 “Ame aɖeke megatsɔ nya ɖe nɔvia ŋu alo aka mo nɛ o, elabena wò dukɔ la le abe ame siwo le dzre wɔm kple nunɔlawo ene.
然而,人都不必爭辯,也不必指責, 因為這民與抗拒祭司的人一樣。
5 Eya ta mi kple míaƒe nyagblɔɖilawo miakli nu adze anyi le ŋdɔkutsu kple zã siaa, eye matsrɔ̃ mia dada Israel akpe ɖe mia ŋu.
你這祭司必日間跌倒; 先知也必夜間與你一同跌倒; 我必滅絕你的母親。
6 Le simadzemadze ta nye amewo le tsɔtsrɔ̃m, esi mi, nunɔlawo, miedo vlo sidzedze ta la, nye hã megbe be miaganye nye nunɔlawo o, eye esi mieŋlɔ miaƒe Mawu ƒe sewo be ta la, nye hã maŋlɔ mia viwo be.
我的民因無知識而滅亡。 你棄掉知識, 我也必棄掉你, 使你不再給我作祭司。 你既忘了你上帝的律法, 我也必忘記你的兒女。
7 Zi ale si nunɔlawo le agbɔ sɔm ɖe edzi la, zi nenema kee wole nu vɔ̃ wɔm ɖe ŋutinye, eya ta matrɔ woƒe ŋutikɔkɔe wòazu ŋukpe na wo.
祭司越發增多,就越發得罪我; 我必使他們的榮耀變為羞辱。
8 Nunɔlawo hã kpɔa dzidzɔ le ameawo ƒe nu vɔ̃ ŋu, eye woɖunɛ abe nuɖuɖu ene,
他們吃我民的贖罪祭, 滿心願意我民犯罪。
9 eya ta ale wòle: Nunɔlawo kple ameawo katã sɔ, elabena nunɔlaawo vɔ̃ɖi, eye ameawo hã vɔ̃ɖi. Esia ta, mahe to na nunɔlaawo kple ameawo siaa le woƒe nu vɔ̃ɖiwo ta.
將來民如何, 祭司也必如何; 我必因他們所行的懲罰他們, 照他們所做的報應他們。
10 “Woaɖu nu, ke womaɖi ƒo o. Woawɔ gbolo, gake womadzi ɖe edzi o, elabena wogbe nu le Yehowa gbɔ,
他們吃,卻不得飽; 行淫,而不得立後; 因為他們離棄耶和華, 不遵他的命。
11 eye wotsɔ wo ɖokuiwo na gbolowɔwɔ, wain, kple aha yeye, eye nu siawo na nye dukɔ zu bometsilawo.
姦淫和酒,並新酒, 奪去人的心。
12 Elabena wole gbe biam ati si nye nu dzodzro la be negblɔ nu si yewoawɔ la na yewo. Atizɔtie wodana ɖi be negblɔ nyateƒe la na yewo. Ale voduwo yometiti vivivo wɔ wo movitɔwoe, elabena wowɔ ahasi, gbe nu le woƒe Mawu gbɔ hedze mawu bubuwo yome.
我的民求問木偶, 以為木杖能指示他們; 因為他們的淫心使他們失迷, 他們就行淫離棄上帝, 不守約束,
13 Wosaa vɔ le towo tame, eye wodoa dzudzɔ le togbɛwo dzi, le ati gãwo ƒe vɔvɔli fafɛ te. Afi siae viwò nyɔnuwo wɔa gbolo le, eye wò toyɔvi nyɔnuwo wɔa ahasi le.
在各山頂,各高岡的橡樹、 楊樹、栗樹之下,獻祭燒香, 因為樹影美好。 所以,你們的女兒淫亂, 你們的新婦行淫。
14 “Nu ka ta nyemahe to na wo ne wole ahasi wɔm o? Elabena ŋutsuwo ŋutɔ hã dɔna kple gbolowo, eye wosaa vɔ kple gbolowo. Ale ame siwo nye bometsilawo la atsrɔ̃.
你們的女兒淫亂, 你們的新婦行淫, 我卻不懲罰她們; 因為你們自己離群與娼妓同居, 與妓女一同獻祭。 這無知的民必致傾倒。
15 “Togbɔ be Israel le gbolo wɔm hã la, esia wɔwɔ nete ɖa xaa tso Yuda gbɔ. “Mègayi Gilgal o, eye mègayi Bet Aven o. Mègaka atam agblɔ be, ‘Meta Yehowa ƒe agbe’ o.
以色列啊,你雖然行淫, 猶大卻不可犯罪。 不要往吉甲去, 不要上到伯‧亞文, 也不要指着永生的耶和華起誓。
16 Mèganɔ abe Israel ene o, wole abe nyitsu dzeaglã ene ɖe Yehowa ŋu, ɖe Yehowa ate ŋu akplɔ wo yi gbe damawo dzi abe alẽvi enea?
以色列倔強, 猶如倔強的母牛; 現在耶和華要放他們, 如同放羊羔在寬闊之地。
17 Mègate ɖe Efraim ŋu kura o, elabena edo ka kple legbawo.
以法蓮親近偶像, 任憑他吧!
18 Ne Israel ŋutsuwo no aha tsu vɔ la, ekema woyia gbolowo gbɔ. Woƒe kplɔlawo lɔ̃a ŋukpenanuwo wɔwɔ,
他們所喝的已經發酸, 他們時常行淫, 他們的官長最愛羞恥的事。
19 eya ta ya sesẽ aɖe ava ƒo wo adzoe, eye woƒe vɔsawo ahe ŋukpe vɛ na wo.
風把他們裹在翅膀裏; 他們因所獻的祭必致蒙羞。

< Hosea 4 >