< Hosea 14 >
1 O Israel, mitrɔ yi Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ, elabena miaƒe nu vɔ̃wo gbã mi gudugudu.
ἐπιστράφητι Ισραηλ πρὸς κύριον τὸν θεόν σου διότι ἠσθένησας ἐν ταῖς ἀδικίαις σου
2 Miva Yehowa gbɔ kple miaƒe kukuɖeɖe, eye miagblɔ nɛ be, “O Yehowa, tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí. Ve mía nu nàgaxɔ mí, eye míatsɔ kafukafuvɔsa vɛ na wò.
λάβετε μεθ’ ἑαυτῶν λόγους καὶ ἐπιστράφητε πρὸς κύριον τὸν θεὸν ὑμῶν εἴπατε αὐτῷ ὅπως μὴ λάβητε ἀδικίαν καὶ λάβητε ἀγαθά καὶ ἀνταποδώσομεν καρπὸν χειλέων ἡμῶν
3 Asiria mate ŋu axɔ na mí le aʋa me o, eye míaƒe aʋawɔsɔwo hã mate ŋu aɖe mí o; míagayɔ legba siwo míewɔ kple asi la be míaƒe mawuwo azɔ o, elabena wò Yehowa ɖeɖe gbɔ ko tsyɔ̃eviwo kpɔa nublanuikpɔkpɔ le.”
Ασσουρ οὐ μὴ σώσῃ ἡμᾶς ἐφ’ ἵππον οὐκ ἀναβησόμεθα οὐκέτι μὴ εἴπωμεν θεοὶ ἡμῶν τοῖς ἔργοις τῶν χειρῶν ἡμῶν ὁ ἐν σοὶ ἐλεήσει ὀρφανόν
4 “Ekema mada gbe le woƒe mɔtatra ŋu, eye magalɔ̃ wo kple dzi faa, elabena nye dɔmedzoe nu afa keŋ.
ἰάσομαι τὰς κατοικίας αὐτῶν ἀγαπήσω αὐτοὺς ὁμολόγως ὅτι ἀπέστρεψεν ἡ ὀργή μου ἀπ’ αὐτῶν
5 Manɔ abe ahũdzadza ene na Israel, aƒo se nyuie abe dzogbenya ene, eye wòaƒo ke ɖe to abe Lebanon ƒe sedati ene.
ἔσομαι ὡς δρόσος τῷ Ισραηλ ἀνθήσει ὡς κρίνον καὶ βαλεῖ τὰς ῥίζας αὐτοῦ ὡς ὁ Λίβανος
6 Eƒe alɔdzewo atse nyuie, eƒe dzedzeme anɔ abe amiti ene, eye eƒe ʋeʋẽ anɔ abe Lebanon ƒe sedati ene.
πορεύσονται οἱ κλάδοι αὐτοῦ καὶ ἔσται ὡς ἐλαία κατάκαρπος καὶ ἡ ὀσφρασία αὐτοῦ ὡς Λιβάνου
7 Amewo aganɔ anyi ɖe eƒe vɔvɔli te bɔkɔɔ, aʋã abe bli ene, aƒo se abe wainti ene, eye axɔ ŋkɔ abe Lebanon ƒe wain ene.
ἐπιστρέψουσιν καὶ καθιοῦνται ὑπὸ τὴν σκέπην αὐτοῦ ζήσονται καὶ μεθυσθήσονται σίτῳ καὶ ἐξανθήσει ὡς ἄμπελος τὸ μνημόσυνον αὐτοῦ ὡς οἶνος Λιβάνου
8 O Efraim! Migbe nu le legbawo gbɔ! Matɔ nɛ, akpɔ eta. Mele abe ati dama ene. Wò nuteƒewɔwɔ tso gbɔnye.”
τῷ Εφραιμ τί αὐτῷ ἔτι καὶ εἰδώλοις ἐγὼ ἐταπείνωσα αὐτόν καὶ ἐγὼ κατισχύσω αὐτόν ἐγὼ ὡς ἄρκευθος πυκάζουσα ἐξ ἐμοῦ ὁ καρπός σου εὕρηται
9 Ame sia ame si si nunya le la, ase nu siawo gɔme. Ame sia ame si bua ta me la, neɖo to, elabena Yehowa ƒe mɔwo le dzɔdzɔe, eye ame dzɔdzɔewoe zɔa edzi, ke nu vɔ̃ wɔlawo ya akli nu, adze anyi.
τίς σοφὸς καὶ συνήσει ταῦτα ἢ συνετὸς καὶ ἐπιγνώσεται αὐτά διότι εὐθεῖαι αἱ ὁδοὶ τοῦ κυρίου καὶ δίκαιοι πορεύσονται ἐν αὐταῖς οἱ δὲ ἀσεβεῖς ἀσθενήσουσιν ἐν αὐταῖς