< Hosea 12 >

1 Efraim ƒua du kplɔa ya ɖo, etia ɣedzeƒeya yome ŋkekea katã, eye wòdzia alakpa kple ŋutasesẽ ɖe edzi. Ebla nu kple Asiria, eye wòɖo ami ɖe Egipte.
以法蓮吃風,且追趕東風, 時常增添虛謊和強暴, 與亞述立約,把油送到埃及。
2 Yehowa tsɔ nya ɖe Yuda hã ŋuti. Woahe to na Yakob hã le eƒe mɔ vɔ̃wo ta, eye woaɖo eƒe nuwɔnawo teƒe nɛ.
耶和華與猶大爭辯, 必照雅各所行的懲罰他, 按他所做的報應他。
3 Le dɔ me la, elé nɔvia ƒe afɔkpodzi, eye esi wòtsi zu ŋutsu la, ete kame kple Mawu.
他在腹中抓住哥哥的腳跟, 壯年的時候與上帝較力,
4 Ɛ̃, ete kame kple mawudɔla, eye wòɖu edzi gɔ̃ hã. Efa avi heɖe kuku nɛ be wòayra ye. Edo go Mawu le Betel, ƒo nu kplii le afi ma.
與天使較力,並且得勝, 哭泣懇求, 在伯特利遇見耶和華。 耶和華-萬軍之上帝在那裏曉諭我們以色列人; 耶和華是他可記念的名。
5 Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ si ŋkɔe nye Yehowa la ƒo nu nɛ,
6 eya ta mitrɔ gbɔ va miaƒe Mawu la gbɔ. Minɔ agbe le nyateƒetoto kple lɔlɔ̃ me, eye miɖo ŋu ɖe miaƒe Mawu la ŋu be wòawɔ nu geɖe na mi.
所以你當歸向你的上帝, 謹守仁愛、公平,常常等候你的上帝。
7 Alakpanudanu le asitsalawo si, wolɔ̃a amebaba.
以法蓮是商人, 手裏有詭詐的天平,愛行欺騙。
8 Efraim dana gblɔna be: “Kesinɔtɔ gã aɖee menye! Le nye kesinɔnu gbogboawo ta la, womakpɔ vodada alo nu vɔ̃ le menye o.”
以法蓮說: 我果然成了富足,得了財寶; 我所勞碌得來的, 人必不見有甚麼不義,可算為罪的。
9 “Yehowa ɖeka kple Mawu ɖeka ma, si ɖe wò tso kluvinyenye me le Egipte lae menye, eye nye kee ana mianɔ agbadɔwo me abe ale si miewɔnɛ ƒe sia ƒe le Agbadɔmeŋkekenyuiɖuɖu me ene.
自從你出埃及地以來, 我就是耶和華-你的上帝; 我必使你再住帳棚,如在大會的日子一樣。
10 Medɔ nye nyagblɔɖilawo be woaxlɔ̃ nu mi to ŋutega, drɔ̃ekuku kple lododowo me.”
我已曉諭眾先知, 並且加增默示, 藉先知設立比喻。
11 Ɖe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le Gilgal mahã? Vavã wonye bometsilawo. Wotsɔ nyitsuwo sa vɔe le Gilead. Ɛ̃, woagbã woƒe vɔsamlekpuiwo ali kɔe ɖe agble dzi.
基列人沒有罪孽嗎? 他們全然是虛假的。 人在吉甲獻牛犢為祭, 他們的祭壇好像田間犂溝中的亂堆。
12 Yakob si yi ɖe Siria, eye Israel subɔ be yeaɖe srɔ̃, eye be yeakpɔ ga abia nyɔnu ta la, ekplɔ alẽ.
從前雅各逃到亞蘭地, 以色列為得妻服事人, 為得妻與人放羊。
13 Yehowa kplɔ eƒe dukɔ la do goe le Egipte to nyagblɔɖila aɖe dzi, eye wòdzɔ wo ŋuti, fia mɔ wo,
耶和華藉先知領以色列從埃及上來; 以色列也藉先知而得保存。
14 gake Efraim do dɔmedzoe na Yehowa vevie. Eƒe Aƒetɔ la ana eƒe nu vɔ̃wo ƒe ʋu nava eƒe ta dzi, eye wòaɖo eteƒe nɛ.
以法蓮大大惹動主怒, 所以他流血的罪必歸在他身上。 主必將那因以法蓮所受的羞辱歸還他。

< Hosea 12 >