< Hosea 11 >

1 “Esi Israel nye ɖevi la, melɔ̃e, eye Egipte meyɔ vinye la tsoe, abe vinye ŋutsu ene.
イスラエルの幼かりしとき我これを愛しぬ我わが子をエジプトより呼いだしたり
2 Zi ale si meyɔe la, zi nenema ke wòtrɔ megbe dem, hele vɔ sam na Baalwo, eye wòle dzudzɔ ʋeʋĩ dom na legbawo.
かれらは呼るるに隨ひていよいよその呼者に遠ざかり且もろもろのバアルに犠牲をささげ雕たる偶像に香を焚り
3 Nyee lé Efraim ƒe alɔnu hefia azɔlizɔzɔe, gake menyae be nyee kpɔ ye ta o.
われエフライムに歩むことををしへ彼等をわが腕にのせて抱けり然どかれらは我にいやされたるを知ず
4 Mekplɔ wo kple dɔmenyo ƒe ka, eye mebla wo kple lɔlɔ̃. Meɖe kɔkuti la le woƒe kɔ, eye mebɔbɔ na nuɖuɖu wo.
われ人にもちゐる索すなはち愛のつなをもて彼等をひけり我がかれらを待ふは軛をその腮より擧のくるもののごとくにして彼等に食物をあたへたり
5 “Nye dukɔ agatrɔ ayi Egipte, eye Asiria aɖu wo dzi, elabena wogbe dzimetɔtrɔ.
かれらはエジプトの地にかへらじ然どかれらがヱホバに歸らざるによりてアッスリヤ人その王とならん
6 Aʋa adzɔ le woƒe duwo me; woagbã woƒe agbo sesẽwo, eye woatɔ te woƒe ɖoɖowo.
劍かれらの諸邑にまはりゆきてその關門をこぼち彼らをその謀計の故によりて滅さん
7 Nye dukɔ ɖoe kplikpaa be yeagbem. Esia ta ne woyɔ Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la gɔ̃ hã la, womakpɔ xɔxɔ o.
わが民はともすれば我にはなれんとする心あり人これを招きて上に在るものに屬しめんとすれども身をおこすもの一人だになし
8 “O, nye Efraim, aleke mate ŋu atsɔ wò ana? Israel, aleke mate ŋu aɖe asi le ŋuwò? Aleke mawɔ agbe wò abe Adma kple Zeboyim ene? Nye dzi le avi fam le menye, eye nye dzi xɔ dzo ɖe mia ŋuti be maɖe mi!
エフライムよ我いかで汝をすてんやイスラエルよ我いかで汝をわたさんや我いかで汝をアデマのごとくせんや爭でなんぢをゼボイムのごとく爲んやわが心わが衷にかはりて我の愛憐ことごとく燃おこれり
9 Gbeɖe, nyemahe to na mi abe ale si nye dziku helĩhelĩ le gbɔgblɔm nam ene o, eye nyemagbã Efraim gudugudu hã o, elabena Mawue menye, eye menye amegbetɔe menye o. Nyee nye Kɔkɔetɔ si le mia dome eye nyemava le dziku me be magblẽ nu o.
我わが烈しき震怒をほどこすことをせじ我かさねてエフライムを滅すことをせじ我は人にあらず神なればなり我は汝のうちにいます聖者なりいかりをもて臨まじ
10 Azɔ la, dukɔ la adi Yehowa. Aɖe gbe abe dzata ene. Ne eɖe gbe la, viawo atrɔ agbɔ kple dzodzo nyanyanya tso ɣetoɖoƒe.
かれらは獅子の吼るごとくに聲を出したまふヱホバに隨ひて歩まんヱホバ聲を出したまへば子等は西より急ぎ來らん
11 Woatrɔ tso Egipte abe xeviwo ƒe ha gã aɖe ene. Nenema ke woatrɔ tso Asiria abe ahɔnɛ ƒe ha gã aɖe ene. Magakplɔ wo ayi woƒe aƒewo mee.” Yehowae gblɔe.
かれらエジプトより鳥のごとくアッスリヤより鴿のごとくに急ぎ來らん我かれらをその家々に住はしむべし是ヱホバの聖言なり
12 Efraim ƒo xlãm kple alakpa, eye Israel ƒe aƒe la ƒo xlãm kple beble. Yuda gadze aglã ɖe Mawu ŋuti, eye wòtsi tsitre ɖe anukwaretɔ kple Kɔkɔetɔ la gɔ̃ hã ŋu.
エフライムは謊言をもてイスラエルの家は詐僞をもて我を圍めりユダは神と信ある聖者とに屬きみつかずみ漂蕩をれり

< Hosea 11 >