< Hosea 10 >

1 Kpɔ ale si kesinɔnuwo yɔ Israel ɖa! Israel le abe wainka si vu, eye wòtse ku kplanya la ene. Ale si ke wòtse ku geɖewoe la, nenema ke wòtua vɔsamlekpuiwoe. Zi ale si meyra ɖe eƒe anyigba dzi la, zi nenema ke wòliaa legba dzɔtsuwoe.
イスラエルは果をむすびて茂り榮る葡萄の樹その果の多くなるがままに祭壇をましその地の饒かなるがままに偶像を美しくせり
2 Woƒe dziwo te ɖa xaa tso Mawu gbɔ. Wodze agɔ, eya ta ele be woahe to na wo. Yehowa agbã woƒe trɔ̃ƒewo, eye wòagbã woƒe legbawo.
かれらは二心をいだけり今かれら罪せらるべし神はその祭壇を打毀ちその偶像を折棄てたまはん
3 Ekema woagblɔ be, “Fia aɖeke megale mía si o, elabena míede bubu Yehowa ŋu o. Ke ne fia le mía si hã la, nu ka wòawɔ na mí?”
かれら今いふべし我儕神を畏れざりしに因て我らに王なしこの王はわれらのために何をかなさんと
4 Wokaa atam dzodzrowo tsɔ ɖoa kpe nubabla dzii, eya ta ʋɔnudɔdrɔ̃ anye ɖe wo ŋuti abe ale si aɖigbe miena ɖe agble me ene.
かれらは虚しき言をいだし偽の誓をなして約をたつ審判は畑の畝にもえいづる茵蔯のごとし
5 Ŋɔdzi ɖo Samariatɔwo le woƒe nyivimawu si le Bet Aven ta. Esubɔlawo le nu xam le eta, eye vodua ƒe nunɔlawo axa nu le esi eƒe ŋutikɔkɔe dzo le egbɔ la ta.
サマリヤの居民はベテアベンの犢の故によりて戰慄かんその民とこれを悦ぶ祭司等はその榮のうせたるが爲になげかん
6 Ne Asiriatɔwo ɖe aboyo wo mlɔeba la, woatsɔ woƒe nyivimawu la ana Asiria fia, Yareb, abe nunana ene. Ŋukpe alé Efraim, eye Israel ƒe mo atsi yaa le eƒe legbawo ta.
犢はアッスリヤに携へられ禮物としてヤレブ王に献げらるべしエフライムは羞をかうむりイスラエルはおのが計議を恥ぢん
7 Woakplɔ Samaria kple eƒe fia adzoe abe ale si ƒutsotsoe kplɔa futukpɔ dzonae ene.
サマリヤはほろびその王は水のうへの木片のごとし
8 Woagbã vɔ̃ɖinyenye ƒe vɔsaƒe siwo le Aven, eyae nye Israel ƒe nu vɔ̃. Ŋu kple aŋɔka avu atsyɔ woƒe vɔsamlekpuiwo dzi. Woagblɔ na towo be, “Mitsyɔ mía dzi,” eye woagblɔ na togbɛwo be, “Mimu dze mía dzi.”
イスラエルの罪なるアベンの崇邱は荒はてて荊棘と蒺藜その壇のうへにはえ茂らんその時かれら山にむかひて我儕をおほへ陵にむかひて我儕のうへに倒れよといはん
9 “O Israel, èwɔ nu vɔ̃ tso Gibea ŋɔli ke, eye nègale ewɔwɔ dzi. Ɖe Gibea ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ mena woɖu wo dzi le aʋa me oa?
イスラエルよ汝はギベアの日より罪ををかせり彼等はそこに立り邪惡のひとびとを攻たりし戰爭はギベアにてかれらに及ばざりき
10 Matso ɖe mia ŋuti le miaƒe tosesẽ ta; ɖe miaƒe nu vɔ̃ siwo do agba ɖe mia dzi ta la, madɔ dukɔ bubuwo ƒe asrafowo ɖe mia ŋuti be woahe to na mi, le miaƒe nu vɔ̃ eve siwo dzɔ le ɣeyiɣi ɖeka me la ta.
我思ふままに彼等をいましめん彼等その二の罪につながれん時もろもろの民あつまりて之をせめん
11 Efraim léa be na nyiviwo nyuie, eye blinyɔnyɔ hã dzɔa dzi nɛ; azɔ la matsɔ kɔkuti ade eƒe kɔ nyuie la, eye matsi ɖe tasiaɖam ŋu, Yuda aŋlɔ agble, eye Yakob adzobo anyigba
エフライムは馴されたる牝牛のごとくにして穀をふむことを好むされどわれその美しき頸に物を負しむべし我エフライムに軛をかけんユダは耕しヤコブは土塊をくだかん
12 Miƒã dzɔdzɔenyenye ƒe ku, ekema miaŋe nye lɔlɔ̃; miŋlɔ miaƒe dzi sesẽ la abe agble ene, elabena azɔe nye Yehowa diɣi, be wòava akɔ dzɔdzɔenyenye ɖe mia dzi.
なんぢら義を生ずるために種をまき憐憫にしたがひてかりとり又新地をひらけ今はヱホバを求むべき時なり終にはヱホバきたりて義を雨のごとく汝等のうへに降せたまはん
13 Ke miede nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe agble, miexa nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, mieɖu alakpakutsetse; elabena mieɖo ŋu ɖe miaƒe ŋusẽ kple aʋakɔ gã la ŋu.
なんぢらは惡をたがへし不義を穫をさめ虚偽の果をくらへりこは汝おのれの途をたのみ己が勇士の數衆きをたのめるに縁る
14 Esia ta aʋawɔwɔ ƒe ŋɔdzi alé wò dukɔ, eye woagbã wò mɔ sesẽwo katã, abe ale si Salman wɔe le Bet Arbel ene; le nyadzɔdzɔ ma me la, wolé nyɔnuwo kple wo viwo siaa xlã ɖe anyi woku.
この故になんぢらの民のなかに擾亂おこりて汝らの城はことごとく打破られんシャルマンが戰門の日にベテアルベルを打破りしにことならず母その子とともに碎かれたり
15 Esia anye ale si woawɔ wò, O Betel, elabena wò nu vɔ̃ɖiwo sɔ gbɔ. Le ŋdi kanya gbe ɖeka la, woaɖe Israel fia ƒe agbe ɖa.
なんぢらの大なる惡のゆゑによりてべテル如此なんぢらに行へるなりイスラエルの王はあしたに滅びん

< Hosea 10 >