< Hebritɔwo 8 >
1 Nya siwo katã míegblɔ na mi la ƒe taƒonyae nye esi: be nunɔlagã vavã le mía si. Azɔ la, ele dziƒo eye wònɔ anyi ɖe bubuteƒe gãtɔ kekeake,
我們所論述的要點即是:我們有這樣一位大司祭,衪已在天上「尊威」的寶座上右邊,
2 eyae subɔna le gbedoxɔ kple agbadɔ vavãtɔ si le dziƒo la me. Gbedoxɔ sia menye esi amegbetɔ tsɔ eƒe asi tui o, ke boŋ Aƒetɔ la ŋutɔe tui.
在聖所,即真會幕裏作臣僕;這會幕是上主而是人手所支搭的。
3 Esi wònye nunɔlagã ɖe sia ɖe ƒe dɔ be wòasa vɔ, eye wòana nuwo la, ele na Kristo hã be wòana nane.
凡大司祭都是為奉獻供物和犧牲所立的,因此一切也必須有所奉獻。
4 Nenye ɖe wòle anyigba dzi la, maɖu nunɔla o elabena nunɔlawo li xoxo, ame siwo tsɔa nunanawo nana le Yudatɔwo ƒe se la nu.
假使衪在地上,衪就不必當司祭,因為已有了按法律奉獻供物的司祭。
5 Nunɔla siawo subɔna le kɔkɔeƒe la si nye esi le dziƒo la ƒe vɔvɔli. Esia tae, esi Mose be yeatu Agbadɔ le gbea dzi la, Mawu xlɔ̃ nui be, “Kpɔ egbɔ be nàwɔ nu sia nu ɖe ɖoɖo si woɖe fia wò le toa dzi la nu.”
這些人所行的敬禮,只是天上事物的模與影子,就如梅瑟要製造會幕時,曾獲得神示說:『要留心──上主說──應一一照在在山上指示你的式樣去作。』
6 Ke nunɔladɔ si wode asi na Yesu la kɔ sãa wu wo tɔ, eye abe ale si nubabla si ƒe avuléla wònye la kɔ wu xoxotɔ sãa ene la, nenema kee woɖoe anyi ɖe ŋugbedodo siwo nyo wu tsãtɔwo la dzi.
現今尸已得了一個更卓絕的職分,因為衪作了一個更好的,並建立在更好的恩許之上的盟約的中保,
7 Elabena nenye ɖe naneke megblẽ le nubabla gbãtɔ ŋu o la, anye ne wometsɔ nubabla bubu ɖɔlii o.
如果那第一個盟約是沒有缺點的,那麼,為第二個就沒有餘地了。
8 Ke Mawu ŋutɔ kpɔ vodada le eƒe dukɔ la ŋu, eye wògblɔ be, “Aƒetɔ la be ŋkeke li gbɔna esi dzi mabla nu yeye kple Israel kple Yuda ƒe aƒewo.
其實天主卻指責依民說:『看,時日將到──上主說──我必要與以色列家和猶大家訂立新約,
9 Manɔ abe nu si mebla kple wo fofowo esi melé woƒe alɔnu, kplɔ wo do goe le Egiptenyigba la ene o, elabena womewɔ nuteƒe le nu si mebla kpli wo la me o, eya ta nye hã metrɔ megbe de wo. Aƒetɔ lae gblɔe.
不像我昔日握住他們的手,領他們出離埃及時,與他們的祖先所訂立的一樣,因為他們沒有痕恆心守我的盟約,我也就不照管他們了──上主說。
10 Azɔ la esiae nye nu si mabla kple Israel ƒe aƒe la, le ŋkeke siwo gbɔna la me. Aƒetɔ lae gblɔe. Matsɔ nye sewo ade woƒe susuwo me, eye maŋlɔ wo ɖe woƒe dziwo ŋu. Manye woƒe Mawu, eye woawo hã woanye nye dukɔ.
這是我在那些時日後,與以色列家訂立的盟約──上主說──我要將我的法律放在他們的明悟中,寫在他們的心頭上 ;我要做他們的天主,他們要做我的人民。
11 Ame aɖeke magafia nu ehavia alo afia nu nɔvia ŋutsu agblɔ be, ‘Dze si Aƒetɔ la’ o, elabena wo katã woanyam tso ɖeviwo dzi, va se ɖe tsitsiawo dzi.
那時,誰也不再教訓自己的同鄉,誰也不再教訓自己的弟兄說:「你要認識上主。」因為不論大小,人人都必須認識我。
12 Matsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ake wo, eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o.”
因為我要寬赦他們的過犯,不再記憶他們的罪惡。』
13 Ke esi Mawu yɔ nubabla sia be “yeye” la, ewɔ gbãtɔ wòdo xoxo, eye nu si tsi, do xoxo la nu ava yi kpuie.
一說「新的,」就把先前的,宣希為舊的了;但凡是舊的和老的,都已臨近了滅亡。