< Hebritɔwo 6 >
1 Eya ta mina míaɖe asi le gɔmedzenuwo fiafia tso Kristo ŋuti ŋu, eye míaɖe zɔ ayi ɖe tsitsi ɖe edzi me. Migana míagbugbɔ gɔmeɖokpe aɖo na dzimetɔtrɔ tso nu siwo kplɔa ame yia ku me alo míagbugbɔ gɔmeɖokpe aɖo na xɔse le Mawu me,
ⲁ̅ⲉⲧⲃⲉ ⲡⲁⲓ ϭⲉ ⲉⲁⲛⲕⲱ ⲛⲥⲱⲛ ⲙⲡϣⲁϫⲉ ⲛⲧⲁⲣⲭⲏ ⲙⲡⲉⲭⲥ ⲙⲁⲣⲛⲉⲓ ϭⲉ ⲉϫⲛ ⲧⲉϥⲙⲛⲧⲧⲉⲗⲓⲟⲥ ⲛⲧⲛⲧⲙⲕⲁⲕⲉ ⲥⲛⲧⲉ ⲟⲛ ⲉϩⲣⲁⲓ ⲙⲙⲉⲧⲁⲛⲟⲓⲁ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲛ ⲛⲉϩⲃⲏⲩⲉ ⲉⲧⲙⲟⲟⲩⲧ ⲁⲩⲱ ⲟⲩⲡⲓⲥⲧⲓⲥ ⲉⲡⲛⲟⲩⲧⲉ
2 nufiafia tso mawutsideta ŋu, asidada ɖe ame dzi, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple ʋɔnudɔdrɔ̃ mavɔ ŋuti o. (aiōnios )
ⲃ̅ⲙⲛ ⲟⲩⲧⲥⲁⲃⲟ ⲛⲃⲁⲡⲧⲓⲥⲙⲁ ⲙⲛ ⲟⲩⲧⲁⲗⲟ ⲛϭⲓϫ ⲙⲛ ⲟⲩⲧⲱⲟⲩⲛ ϩⲛ ⲛⲉⲧⲙⲟⲟⲩⲧ ⲙⲛ ⲟⲩϩⲁⲡ ⲛϣⲁ ⲉⲛⲉϩ (aiōnios )
3 Esia míawɔ ne Mawu lɔ̃.
ⲅ̅ⲡⲉⲓⲕⲉ ⲇⲉ ⲧⲛⲛⲁⲁⲁϥ ⲉⲣϣⲁⲛ ⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ϯⲧⲉϩⲓⲏ
4 Ke ame siwo dze anyi la, aleke woawɔ agbugbɔ wo va dzimetɔtrɔ me? Wonye ame siwo nɔ Mawu ƒe kekeli me kpɔ. Woɖɔ dziƒo ƒe nunana kpɔ, eye wokpɔ gome hã le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me,
ⲇ̅ⲟⲩⲁⲧϭⲟⲙ ⲅⲁⲣ ⲡⲉ ⲉⲧⲣⲉ ⲛⲉⲛⲧⲁⲩϫⲓⲟⲩⲟⲉⲓⲛ ⲛⲟⲩⲥⲟⲡ ⲉⲁⲩϫⲓϯⲡⲉ ⲛⲧⲇⲱⲣⲉⲁ ⲛⲧⲡⲉ ⲉⲁⲩⲣⲙⲉⲧⲟⲭⲟⲥ ⲙⲡⲉⲡⲛⲁ ⲉⲧⲟⲩⲁⲁⲃ
5 ame siawo ɖɔ Mawu ƒe nya la ƒe nyonyo kple ŋusẽ siwo le xexe si gbɔna la me hã kpɔ. (aiōn )
ⲉ̅ⲉⲁⲩϫⲓϯⲡⲉ ⲙⲡϣⲁϫⲉ ⲉⲧⲛⲁⲛⲟⲩϥ ⲛⲧⲉ ⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲙⲛⲛϭⲟⲙ ⲙⲡⲁⲓⲱⲛ ⲉⲧⲛⲁϣⲱⲡⲉ (aiōn )
6 Ke wode megbe! Be woagbugbɔ wo ava dzimetɔtrɔ mee la nye nu sesẽ, elabena to woƒe megbedede me, wogbugbɔ Mawu ƒe Vi la gale kaklãm ɖe ati ŋuti, eye wole ŋukpe domii le gaglãgbe.
ⲋ̅ⲉⲁⲩϩⲉ ⲛⲥⲉⲁⲁⲩ ⲟⲛ ⲛⲃⲣⲣⲉ ⲉⲩⲙⲉⲧⲁⲛⲟⲓⲁ ⲉⲩⲉⲓϣⲉ ⲛⲁⲩ ⲛⲕⲉⲥⲟⲡ ⲙⲡϣⲏⲣⲉ ⲙⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲁⲩⲱ ⲉⲩⲡⲁⲣⲁⲇⲓⲅⲙⲁⲧⲓⲍⲉ ⲙⲙⲟϥ
7 Anyigba si noa tsi si dzana ɖe edzi zi geɖe, eye wòwɔa nuku nyuie na agbledela siwo ŋlɔa anyigba la xɔa yayra tso Mawu gbɔ.
ⲍ̅ⲡⲕⲁϩ ⲅⲁⲣ ⲉⲧⲥⲱ ⲙⲡϩⲱⲟⲩ ⲉⲧⲛⲏⲩ ⲉϫⲱϥ ⲛϩⲁϩ ⲛⲥⲟⲡ ⲉⲧϫⲡⲟ ⲛⲟⲩⲛⲧⲏϭ ⲉⲛⲁⲛⲟⲩϥ ⲛⲛⲉⲧⲟⲩⲣϩⲱⲃ ⲉⲣⲟϥ ⲉⲧⲃⲏⲏⲧⲟⲩ ϥⲛⲁϫⲓ ⲛⲟⲩⲥⲙⲟⲩ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲓⲧⲙ ⲡⲛⲟⲩⲧⲉ
8 Ke ne anyigba la mie ŋuwo kple aŋɔkawo la, meganyo na naneke o, eye ŋɔdzi li be ele fiƒode te. Mlɔeba la, woatɔ dzoe.
ⲏ̅ⲉϥⲧⲁⲩⲟ ⲇⲉ ⲉⲃⲟⲗ ⲛϩⲉⲛϣⲟⲛⲧⲉ ⲙⲛ ϩⲉⲛⲁⲣⲟⲟⲩⲉ ϥⲧⲥⲧⲏⲩ ⲉⲃⲟⲗ ⲁⲩⲱ ϥϩⲏⲛ ⲉϩⲟⲩⲛ ⲉⲡⲥⲁϩⲟⲩ ⲡⲁⲓ ⲉⲧⲉⲣⲉⲧⲉϥϩⲁⲏ ⲛⲁϣⲱⲡⲉ ⲉⲡⲣⲟⲕϩϥ
9 Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be míele nu ƒom alea hã la, kakaɖedzi le mía si be nya siawo meku ɖe mia ŋu o. Ke boŋ miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ le ku nyuiwo tsem le miaƒe agbe me.
ⲑ̅ⲧⲛⲡⲓⲑⲉ ⲇⲉ ϩⲁⲣⲱⲧⲛ ⲛⲁⲙⲉⲣⲁⲧⲉ ϫⲉ ⲧⲉⲧⲛϩⲉⲛⲉⲧⲥⲟⲧⲡ ⲁⲩⲱ ⲛⲉⲧϩⲏⲛ ⲉϩⲟⲩⲛ ⲉⲡⲉⲩϫⲁⲓ ⲉϣϫⲉ ⲧⲛⲣⲡⲕⲉϣⲁϫⲉ ⲛⲧⲉⲉⲓϩⲉ
10 Mawu menye nuteƒemawɔla o, eya ta maŋlɔ dɔ nyui si míewɔ nɛ kple lɔlɔ̃ si míeɖe fiae be míekpe ɖe eƒe ame kɔkɔewo ŋu eye míegale nu siawo wɔm fifia la be gbeɖe o.
ⲓ̅ⲛⲟⲩⲁⲇⲓⲕⲟⲥ ⲅⲁⲣ ⲁⲛ ⲡⲉ ⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲉⲣⲡⲱⲃϣ ⲙⲡⲉⲧⲛϩⲱⲃ ⲙⲛ ⲧⲁⲅⲁⲡⲏ ⲉⲛⲧⲁⲧⲉⲧⲛⲟⲩⲟⲛϩⲥ ⲉⲃⲟⲗ ⲉⲡⲉϥⲣⲁⲛ ⲉⲁⲧⲉⲧⲛⲇⲓⲁⲕⲟⲛⲓ ⲛⲛⲉⲧⲟⲩⲁⲁⲃ ⲁⲩⲱ ⲉⲧⲉⲧⲛⲇⲓⲁⲕⲟⲛⲓ
11 Enye míaƒe didi be mia dometɔ ɖe sia ɖe nalé nu siawo wɔwɔ me ɖe asi va se ɖe nuwuwu kple ŋkubiã, ale be miaƒe mɔkpɔkpɔ nade blibo.
ⲓ̅ⲁ̅ⲧⲛⲉⲡⲓⲑⲩⲙⲓ ⲇⲉ ⲉⲧⲣⲉ ⲡⲟⲩⲁ ⲡⲟⲩⲁ ⲙⲙⲱⲧⲛ ⲟⲩⲱⲛϩ ⲉⲃⲟⲗ ⲛϯⲥⲡⲟⲩⲇⲏ ⲛⲟⲩⲱⲧ ⲛⲛⲁϩⲣⲙ ⲡⲧⲱⲧ ⲛϩⲏⲧ ⲛⲑⲉⲗⲡⲓⲥ ⲉⲥⲧⲁϫⲣⲏⲩ ϣⲁⲃⲟⲗ
12 Míedi be ame aɖeke nazu kuviatɔ o, ke boŋ ame sia ame nasrɔ̃ ame siwo to xɔse kple dzigbɔɖi me nyi nu si ŋugbe wodo na wo la ƒe dome ƒe kpɔɖeŋu.
ⲓ̅ⲃ̅ϫⲉⲕⲁⲥ ⲉⲛⲛⲉⲧⲛϣⲱⲡⲉ ⲉⲧⲉⲧⲛⲟⲩⲟϣϥ ⲁⲗⲗⲁ ⲉⲧⲉⲧⲛⲧⲟⲛⲧⲛ ⲙⲙⲱⲧⲛ ⲉⲛⲉⲧⲛⲁⲕⲗⲏⲣⲟⲛⲟⲙⲓ ⲛⲛⲉⲣⲏⲧ ϩⲓⲧⲛ ⲧⲉⲩⲡⲓⲥⲧⲓⲥ ⲙⲛ ⲧⲉⲩⲙⲛⲧϩⲁⲣϣϩⲏⲧ
13 Esi Mawu do ŋugbe na Abraham, eye ame aɖeke meli lolo wui wòayɔ aka atam o ta la, eta eya ŋutɔ ɖokui,
ⲓ̅ⲅ̅ⲉⲁ ⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲅⲁⲣ ⲉⲣⲏⲧ ⲛⲁⲃⲣⲁϩⲁⲙ ⲉⲃⲟⲗ ϫⲉ ⲙⲛ ⲡⲉⲧⲛⲁⲁⲁϥ ⲉⲣⲟϥ ⲉⲧⲣⲉϥⲱⲣⲕ ⲙⲙⲟϥ ⲁϥⲱⲣⲕ ⲙⲙⲟϥ ⲙⲙⲓⲛ ⲙⲙⲟϥ
14 hegblɔ be, “Mayra wò godoo, eye mana dzidzimevi geɖewo wò.”
ⲓ̅ⲇ̅ⲉϥϫⲱ ⲙⲙⲟⲥ ϫⲉ ⲉⲓⲥⲙⲟⲩ ϯⲛⲁⲥⲙⲟⲩ ⲉⲣⲟⲕ ⲁⲩⲱ ⲉⲉⲓⲧⲁϣⲟ ϯⲛⲁⲧⲁϣⲟⲕ
15 Ale, esime Abraham gbɔ dzi ɖi blewuu la, ŋugbedodo sia va eme nɛ pɛpɛpɛ.
ⲓ̅ⲉ̅ⲁⲩⲱ ⲛⲧⲉⲉⲓϩⲉ ⲉⲁϥⲣϩⲁⲣϣϩⲏⲧ ⲁϥⲙⲁⲧⲉ ⲙⲡⲉⲣⲏⲧ
16 Ne ame aɖe be yeaka atam la, eyɔa ame bubu si ƒe ŋkɔ kple ŋusẽ kɔ wu eya ŋutɔ tɔ la ka atam lae heɖoa kpe nya si wògblɔ la dzi, eye wòtsia nyaʋiʋli ɖe sia ɖe nu.
ⲓ̅ⲋ̅ⲛⲣⲱⲙⲉ ⲅⲁⲣ ⲉϣⲁⲩⲱⲣⲕ ⲙⲡⲉⲧⲟ ⲛⲛⲟϭ ⲉⲣⲟⲟⲩ ⲁⲩⲱ ⲑⲁⲏ ⲛⲁⲛⲧⲓⲗⲟⲅⲓⲁ ⲛⲓⲙ ⲉⲩⲧⲁϫⲣⲟ ⲛⲁⲩ ⲡⲉ ⲡⲁⲛⲁϣ
17 Esi wònye be Mawu di be yeana eme nakɔ nyuie na ŋugbedodo ƒe domenyilawo be nu si ƒe ŋugbe yedo matrɔ o ta la, eka atam tsɔ ɖo kpe eƒe ŋugbedodo la dzi.
ⲓ̅ⲍ̅ϩⲙ ⲡⲁⲓ ⲛϩⲟⲩⲟ ⲉⲣⲉⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲟⲩⲉϣⲧⲁⲙⲉ ⲛⲉⲕⲗⲏⲣⲟⲛⲟⲙⲟⲥ ⲙⲡⲉⲣⲏⲧ ⲉⲡⲉϥϣⲟϫⲛⲉ ⲉⲧⲉⲙⲉϥⲡⲱⲱⲛⲉ ⲁϥⲙⲉⲥⲓⲧⲉⲩⲉ ⲙⲙⲟϥ ϩⲛ ⲟⲩⲁⲛⲁϣ
18 Mawu wɔ esia, ale be to nu eve siwo metrɔna o, esiwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le gbeɖe o la dzi, mí ame siwo si yi ɖaku ɖe mɔkpɔkpɔ si wona mí la ŋu la nakpɔ dzideƒo gã aɖe.
ⲓ̅ⲏ̅ϫⲉⲕⲁⲥ ϩⲓⲧⲛ ϩⲱⲃ ⲥⲛⲁⲩ ⲛⲁⲧⲡⲱⲱⲛⲉ ϩⲛ ⲛⲁⲓ ⲉⲩⲁⲧϭⲟⲙ ⲡⲉ ⲉⲧⲣⲉ ⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ϫⲓϭⲟⲗ ⲉⲛⲉϫⲓ ⲛⲁⲛ ⲛⲟⲩⲥⲟⲡⲥ ⲉϥⲧⲁϫⲣⲏⲩ ⲛⲉⲛⲧⲁⲩⲡⲱⲧ ⲉϩⲟⲩⲛ ⲉⲁⲙⲁϩⲧⲉ ⲛⲑⲉⲗⲡⲓⲥ ⲉⲧⲕⲏ ⲛⲁⲛ ⲉϩⲣⲁⲓ
19 Mɔkpɔkpɔ sia le mia si abe luʋɔ ƒe seke sesẽ si maʋã akpɔ o la ene. Etea ŋu gena ɖe kɔkɔeƒe le xɔmetsovɔ la godo,
ⲓ̅ⲑ̅ⲧⲁⲓ ⲉⲧϣⲟⲟⲡ ⲛⲁⲛ ⲛⲑⲉ ⲛⲟⲩϩⲁⲩϭⲁⲗ ⲛⲧⲉⲛⲯⲩⲭⲏ ⲉⲥⲟⲣϫ ⲁⲩⲱ ⲉⲥⲧⲁϫⲣⲏⲩ ⲉⲥⲃⲏⲕ ⲉϩⲟⲩⲛ ⲉⲡⲥⲁ ⲛϩⲟⲩⲛ ⲙⲡⲕⲁⲧⲁⲡⲉⲧⲁⲥⲙⲁ
20 afi si Yesu ame si do ŋgɔ na mí la ge ɖo ɖe mía nu. Eya va zu nunɔlagã abe Melkizedek ene tegbee. (aiōn )
ⲕ̅ⲡⲙⲁ ⲉⲛⲧⲁ ⲡⲉⲡⲣⲟⲇⲣⲟⲙⲟⲥ ⲃⲱⲕ ⲉϩⲟⲩⲛ ⲉⲣⲟϥ ϩⲁⲣⲟⲛ ⲓⲏⲥ ⲕⲁⲧⲁ ⲧⲧⲁⲝⲓⲥ ⲙⲙⲉⲗⲭⲓⲥⲉⲇⲉⲕ ⲉⲁϥϣⲱⲡⲉ ⲛⲟⲩⲏⲏⲃ ϣⲁ ⲉⲛⲉϩ (aiōn )