< Hebritɔwo 3 >

1 Eya ta nɔvinye kɔkɔewo, ame siwo kpɔ gome le dziƒo ƒe yɔyɔ la me, mida miaƒe susuwo ɖe Yesu, apostolo kple nunɔlagã, ame si me mieʋu la dzi.
所以,有分於天上召選的諸聖弟兄啊。你們應細心想想,我們公認的欽使和大司祭耶穌,
2 Ewɔ nuteƒe na Mawu, ame si tiae abe ale si Mose hã wɔ nuteƒe le nuwo katã me le Mawu ƒe aƒe me la ene.
對那委派衪的是怎樣忠信,正如『梅瑟在衪的全家中』一樣。
3 Abe ale si ame si tso aƒe nyui aɖe xɔa kafukafu wu aƒe si wòtso ene la, nenema kee Yesu hã dze na bubu wu Mose.
衪本來比梅瑟堪受更大地光榮,就如修建房屋的人,比那房屋理當更受尊榮。
4 Elabena aƒe ɖe sia ɖe la, ame aɖee tsoe, gake Mawue nye nu sia nu wɔla.
不錯,每座房屋都由一個人修建,但那創造萬有的卻是天主。
5 Mose nye dɔla nuteƒewɔla le nuwo katã me le Mawu ƒe aƒe me, nu sia ɖi ɖase le nu si Mawu ava gblɔ emegbe la ŋuti.
梅瑟在天主的全家中的確忠信,不過衪只是臣僕,為給那當要宣布的事作證;
6 Ke Kristo nye viŋutsu nuteƒewɔla ɖe Mawu ƒe aƒe dzi, eye miawoe nye Mawu ƒe aƒe la, ne mielé dzideƒo kple mɔkpɔkpɔ si me míeƒoa adegbe le la me ɖe asi.
但基督卻是兒子,管理自己的家;衪的家就是我們,只要我們保存由望德所生的依恃和榮耀,『堅定不移,直到最後。』
7 Eya ta abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe ene be, “Egbe ne miese eƒe gbe la,
為此,聖神有話說:『今天你們如果聽見衪的聲音,
8 migasẽ miaƒe dziwo me abe ale si miewɔ le miaƒe aglãdzedze me, le ɣeyiɣi si me mieto dodokpɔ me le gbedadaƒo la ene o.
不要再心硬了,像在叛亂之時,像在曠野中試探的那一天;
9 Afi ma mia fofowo dom kpɔ, eye wotem kpɔ le, eye wokpɔ nu si mewɔ ƒe blaene.
在那裏,你們的祖宗以考驗試探了我,雖然見了我的作為,
10 Eya ta medo dziku ɖe dzidzime ma ŋu, eye megblɔ be, ‘Woƒe dziwo tra mɔ ɣe sia ɣi, eye womenya nye mɔwo o!’
共四十年之久。所以我厭惡了那一世代,說:衪們心中時常迷惑,衪們不認識我的道路,
11 Eya ta le nye dziku me la, meka atam gblɔ be, ‘Womage ɖe nye dzudzɔƒe la me gbeɖe o.’”
所以我在怒中起誓說:衪們決不得進入我的安息。』
12 Nɔvinyewo, mikpɔ egbɔ be dzi si me nu vɔ̃ le kple dzi maxɔse si trɔna le Mawu gbagbe la yome la naganɔ mia dometɔ aɖeke si o.
弟兄們你們要小心,免得你們中有人起背信的惡心,背離生活的天主;
13 Ke mide dzi ƒo na mia nɔewo gbe sia gbe, zi ale si ɣeyiɣi li, ale be mia dometɔ aɖeke ƒe dzi maku atri to nu vɔ̃ ƒe beble me o.
反之,只要還有「今天」在,你們要天天互相勸勉,免得你們有人因罪惡的誘惑而硬了心,
14 Ɖe míeva be míakpɔ gome le Kristo me, nenye be míelé dzideƒo si le mía si le gɔmedzedzea me la me ɖe asi sesĩe ko.
因為我們已成了有分於基督的人,只要我們保存著起初懷有的信心,堅定不移,直到最後,
15 Abe ale si mawunya gblɔe do ŋgɔ fifia ene be, “Egbe ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dziwo me abe ale si miewɔ le miaƒe aglãdzedze la me ene o.”
經上所說:『今天你們如果聽見衪的聲音,不要再心硬了,像在叛亂之時,』
16 Ame kawoe nye ame siwo se nya la, eye wodze aglã? Ɖe menye woawoe nye ame siwo katã Mose kplɔ do goe tso Egipte lae oa?
是誰聽了而起了叛亂呢﹖豈不是梅瑟從埃及領出來的眾人嗎﹖
17 Eye ame kawo ŋue wòdo dziku ɖo hena ƒe blaene sɔŋ? Ɖe menye ame siwo wɔ nu vɔ̃, eye woƒe ŋutilã kukuwo tsi gbea dzi lae oa?
四十年之久,天主厭惡了誰呢﹖不是那些犯了罪,而衪們的屍首倒在曠野中的人嗎﹖
18 Eye ame kawoe Mawu ka atam na be womage ɖe yeƒe dzudzɔƒe la me gbeɖe o, ne menye ame siwo sẽ to lae oa?
衪向誰起了誓,不准進入衪的安息呢﹖不是向那些背信的人嗎﹖
19 Ale míekpɔe kɔtɛe be womete ŋu ge ɖe dzudzɔƒe la me o le woƒe dzimaxɔse ta.
於是我們看出:衪們不得進入安息,是因了背信的緣故。

< Hebritɔwo 3 >