< Hebritɔwo 13 >
1 Minɔ mia nɔewo lɔlɔ̃ dzi ɖaa abe dadaviwo ene
第一款 社交的義務 汝等の間に兄弟的相愛あるべし。
2 Migaŋlɔ amedzrowɔwɔ be o; to esia wɔwɔ me la, ame aɖewo xɔ mawudɔlawo le manyamanya me.
又旅人を接待する事を忘るる勿れ、或人々は、是によりて知らず識らず天使等を宿したり。
3 Miɖo ŋku ame siwo wode gaxɔ me la dzi abe miawo hãe le gaxɔ me kpli wo ene. Nenema ke miɖo ŋku ame siwo wole fu wɔmii la dzi abe miawo hãe le fua kpem ene.
囚人を思遣ること、我身も共に囚人たるが如く、己も肉身にあるを思ひて苦勞せる人を思遣るべし。
4 Ame sia ame nade bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu eye womaƒo ɖi srɔ̃ɖeba o, elabena Mawu abu fɔ ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo katã.
婚姻は萬事に於て尊かるべし、又寝床は汚さるべからず、神は私通者及び姦淫者を審判し給ふべければなり。
5 Mite mia ɖokuiwo ɖa xaa tso galɔlɔ̃ gbɔ, eye nu si le mia si la nedze mia ŋu, elabena Mawu gblɔ be, “Nyemaɖe asi le mia ŋu akpɔ o, eye nyemagblẽ mi ɖi akpɔ gbeɖe o.”
行状に於ては、金銭を貪らず、現に在る所を以て満足せよ。蓋神御自ら曰く、「我は汝を離れず、又汝を捨てじ」と。
6 Esia ta míegblɔ kple dzideƒo be, “Yehowae nye nye xɔnametɔ, nyemavɔ̃ o. Nu ka amegbetɔ ate ŋu awɔm?”
然れば我等は信頼を以て、「主は我が補助者にて在す、我は懼れじ、人我に何をか為さん」、と言ふことを得るなり。
7 Miɖo ŋku miaƒe kplɔlawo dzi, ame siwo gblɔa Mawu ƒe nya na mi. Mibu nu siwo do go tso woƒe agbenɔnɔ me la ŋuti ne miasrɔ̃ woƒe xɔse.
第二款 宗教的義務 汝等に神の御言を語りし教導師等を記憶し、其齢の終を鑑みて其信仰に倣へ。
8 Yesu Kristo metrɔna gbeɖe o, ale si wònɔ etsɔ si va yi, nenema kee wòle egbe, eye nenema kee wòanɔ ɖaa. (aiōn )
イエズス、キリストは昨日も今日も同一に在して、世々にも亦然り。 (aiōn )
9 Migana nufiafia trama aɖeke nakplɔ miaƒe susuwo adzoe o. Enyo be woatsɔ amenuveve ado ŋusẽ miaƒe dziwo, ke menye to nuɖuɖu tɔxɛ aɖewo ƒe sewo dzi wɔwɔ me o, esiwo mehea viɖe aɖeke vanɛ na ame siwo ɖunɛ la o.
汝等種々様々の異なる教に迷はさるること勿れ。恩寵を以て心を固むるは、是最も善き事にして、倚縋れる人々に有益ならざりし食物を以てすべきには非ず。
10 Vɔsamlekpui aɖe le mia si; nunɔla siwo subɔna le Agbadɔ me gɔ̃ hã mekpɔ mɔ aɖu nu si tso vɔsamlekpui sia dzi o.
我等に祭壇あり、幕屋に事ふる人々は、この祭壇より食する権を有せず、
11 Nunɔlagã la tsɔa lãwo ƒe ʋu yina ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene, gake wotɔa dzo lãwo ŋutɔ le asaɖa la godo.
蓋獣の血は罪の為に、大司祭によりて聖所の内に携へらるれども、軀は陣の外に焼かる。
12 Esia tae Yesu hã kpe fu le du la ƒe agbo godo be wòakɔ eƒe amewo ŋu, awɔ wo kɔkɔe to eya ŋutɔ ƒe ʋu la me.
イエズスが、己の血を以て民を聖とならしめん為に門外に苦を受け給ひしも此故なり。
13 Eya ta mina míayi egbɔ azɔ le asaɖa la godo be míawo hã míaɖu ŋukpe si wòtsɔ,
然れば我等は陣を出でて、イエズスの耻辱を擔つ御許に至り奉るべし、
14 elabena du si nɔa anyi ɖaa la, mele mía si le afii o, ke míele mɔ kpɔm na du si lava va.
蓋我等は此處にては、永存する都會を有せずして、未來のものを求む。
15 Eya ta mina míatsɔ kafukafuvɔsa na Mawu ɣe sia ɣi to Yesu dzi, kafukafu siwo nye kutsetse tso nuyi siwo ʋua Yesu ƒe ŋkɔ me la me.
是を以て我等は、彼によりて、絶えず賛美の祭、即ち御名を稱ふる唇の果を神に献ぐべし。
16 Migaŋlɔ nyuiwɔwɔ be o, eye miama nu kple mia nɔewo, elabena vɔsa siawo tɔgbie dzea Mawu ŋu.
慈善及び施を為すを忘るる勿れ、其は斯る祭を以てこそ神の御意に適へばなり。
17 Miɖo to miaƒe kplɔlawo, eye miwɔ ɖe nu siwo wogblɔ na mi la dzi, elabena wole mia ta kpɔm abe ame siwo wòle be woana akɔnta Mawu tso woƒe dɔwɔna ŋu ene. Miɖo to wo, ale be woƒe dɔwɔwɔ nanye dzidzɔ na wo, eye mazu agba na wo o; elabena ne ele alea la, manye kpekpeɖeŋu aɖeke na miawo hã o.
汝等己が教導師に從ひて之に歸服せよ、彼等は汝等の霊魂に就きて、自ら報告の責めあるものとして警戒すればなり。之を喞ちながらに為ずして、喜びて為す事を得させよ、喞ちながらに為すは汝等に益あらざればなり。
18 Mido gbe ɖa ɖe mía ta ɣe sia ɣi. Míeka ɖe edzi be dzitsinya nyui le mía si, eye míedina be míanɔ agbe bubutɔe ɣe sia ɣi le nu sia nu me.
結末 請ふ我等の為に祈れ、其は我等が、萬事に就きて宜しく行はん事を欲して、善き良心を有せるを確信すればなり。
19 Medi vevie be maƒoe ɖe mia nu tɔxɛe be miado gbe ɖa be woaɖe asi le ŋutinye na mi kpuie.
然せん事を、我が尚切に冀ふは、我が速に汝等に返されん為なり。
20 Ŋutifafa ƒe Mawu la ame si to nubabla mavɔ ƒe ʋu la me kplɔ míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Alẽkplɔlagã la do goe tso ame kukuwo dome la (aiōnios )
願はくは永遠の約の御血に由て、羊の大牧者にて在す我主イエズス、キリストを、死より復活せしめ給ひし平和の神、 (aiōnios )
21 natsɔ nu nyui sia nu nyui akpe ɖe mia ŋuti le eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ ta, eye wòawɔ nu si dze eŋu la le mía me to Yesu Kristo dzi, ame si ko tɔ anye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen. (aiōn )
御旨を行はしめん為に、汝等を凡ての善事に完全ならしめ、御前に於て御意に適ふ所を、イエズス、キリストによりて、汝等の中に為し給はん事を。光榮世々之に歸す、アメン。 (aiōn )
22 Nɔvi lɔlɔ̃awo, mele eƒom ɖe mia nu be mialé to ɖe nye dzideƒonamenyawo ŋu, elabena agbalẽ kpui aɖe koe wònye meŋlɔ na mi.
兄弟等よ、請ふ我勧の言を容れよ、蓋我は簡単に書贈れり。
23 Medi be mana mianya be woɖe asi le mía nɔvi Timoteo ŋu. Ne eva ɖo afi sia kaba la, nye kplii míava kpɔ mi ɖa.
我等の兄弟チモテオは放免せられしと知れ、彼若速に來らば、我彼と共に汝等を見んとす。
24 Mido gbe na miaƒe kplɔlawo katã kple Mawu ƒe ameawo katã. Nɔvi siwo tso Italia hã do gbe na mi.
総て汝等の教導師と聖徒とに宜しく傳へよ。イタリアの兄弟等、汝等に宜しくと言へり。
25 Amenuveve nanɔ anyi kple mi katã.
願はくは恩寵汝等一同と共に在らん事を、アメン。