< Hebritɔwo 13 >

1 Minɔ mia nɔewo lɔlɔ̃ dzi ɖaa abe dadaviwo ene
Let the charity of the brotherhood abide in you.
2 Migaŋlɔ amedzrowɔwɔ be o; to esia wɔwɔ me la, ame aɖewo xɔ mawudɔlawo le manyamanya me.
And hospitality do not forget; for by this some, being not aware of it, have entertained angels.
3 Miɖo ŋku ame siwo wode gaxɔ me la dzi abe miawo hãe le gaxɔ me kpli wo ene. Nenema ke miɖo ŋku ame siwo wole fu wɔmii la dzi abe miawo hãe le fua kpem ene.
Remember them that are in bands, as if you were bound with them; and them that labour, as being yourselves also in the body.
4 Ame sia ame nade bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu eye womaƒo ɖi srɔ̃ɖeba o, elabena Mawu abu fɔ ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo katã.
Marriage honourable in all, and the bed undefiled. For fornicators and adulterers God will judge.
5 Mite mia ɖokuiwo ɖa xaa tso galɔlɔ̃ gbɔ, eye nu si le mia si la nedze mia ŋu, elabena Mawu gblɔ be, “Nyemaɖe asi le mia ŋu akpɔ o, eye nyemagblẽ mi ɖi akpɔ gbeɖe o.”
Let your manners be without covetousness, contented with such things as you have; for he hath said: I will not leave thee, neither will I forsake thee.
6 Esia ta míegblɔ kple dzideƒo be, “Yehowae nye nye xɔnametɔ, nyemavɔ̃ o. Nu ka amegbetɔ ate ŋu awɔm?”
So that we may confidently say: The Lord is my helper: I will not fear what man shall do to me.
7 Miɖo ŋku miaƒe kplɔlawo dzi, ame siwo gblɔa Mawu ƒe nya na mi. Mibu nu siwo do go tso woƒe agbenɔnɔ me la ŋuti ne miasrɔ̃ woƒe xɔse.
Remember your prelates who have spoken the word of God to you; whose faith follow, considering the end of their conversation,
8 Yesu Kristo metrɔna gbeɖe o, ale si wònɔ etsɔ si va yi, nenema kee wòle egbe, eye nenema kee wòanɔ ɖaa. (aiōn g165)
Jesus Christ, yesterday, and today; and the same for ever. (aiōn g165)
9 Migana nufiafia trama aɖeke nakplɔ miaƒe susuwo adzoe o. Enyo be woatsɔ amenuveve ado ŋusẽ miaƒe dziwo, ke menye to nuɖuɖu tɔxɛ aɖewo ƒe sewo dzi wɔwɔ me o, esiwo mehea viɖe aɖeke vanɛ na ame siwo ɖunɛ la o.
Be not led away with various and strange doctrines. For it is best that the heart be established with grace, not with meats; which have not profited those that walk in them.
10 Vɔsamlekpui aɖe le mia si; nunɔla siwo subɔna le Agbadɔ me gɔ̃ hã mekpɔ mɔ aɖu nu si tso vɔsamlekpui sia dzi o.
We have an altar, whereof they have no power to eat who serve the tabernacle.
11 Nunɔlagã la tsɔa lãwo ƒe ʋu yina ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene, gake wotɔa dzo lãwo ŋutɔ le asaɖa la godo.
For the bodies of those beasts, whose blood is brought into the holies by the high priest for sin, are burned without the camp.
12 Esia tae Yesu hã kpe fu le du la ƒe agbo godo be wòakɔ eƒe amewo ŋu, awɔ wo kɔkɔe to eya ŋutɔ ƒe ʋu la me.
Wherefore Jesus also, that he might sanctify the people by his own blood, suffered without the gate.
13 Eya ta mina míayi egbɔ azɔ le asaɖa la godo be míawo hã míaɖu ŋukpe si wòtsɔ,
Let us go forth therefore to him without the camp, bearing his reproach.
14 elabena du si nɔa anyi ɖaa la, mele mía si le afii o, ke míele mɔ kpɔm na du si lava va.
For we have not here a lasting city, but we seek one that is to come.
15 Eya ta mina míatsɔ kafukafuvɔsa na Mawu ɣe sia ɣi to Yesu dzi, kafukafu siwo nye kutsetse tso nuyi siwo ʋua Yesu ƒe ŋkɔ me la me.
By him therefore let us offer the sacrifice of praise always to God, that is to say, the fruit of lips confessing to his name.
16 Migaŋlɔ nyuiwɔwɔ be o, eye miama nu kple mia nɔewo, elabena vɔsa siawo tɔgbie dzea Mawu ŋu.
And do not forget to do good, and to impart; for by such sacrifices God’s favour is obtained.
17 Miɖo to miaƒe kplɔlawo, eye miwɔ ɖe nu siwo wogblɔ na mi la dzi, elabena wole mia ta kpɔm abe ame siwo wòle be woana akɔnta Mawu tso woƒe dɔwɔna ŋu ene. Miɖo to wo, ale be woƒe dɔwɔwɔ nanye dzidzɔ na wo, eye mazu agba na wo o; elabena ne ele alea la, manye kpekpeɖeŋu aɖeke na miawo hã o.
Obey your prelates, and be subject to them. For they watch as being to render an account of your souls; that they may do this with joy, and not with grief. For this is not expedient for you.
18 Mido gbe ɖa ɖe mía ta ɣe sia ɣi. Míeka ɖe edzi be dzitsinya nyui le mía si, eye míedina be míanɔ agbe bubutɔe ɣe sia ɣi le nu sia nu me.
Pray for us. For we trust we have a good conscience, being willing to behave ourselves well in all things.
19 Medi vevie be maƒoe ɖe mia nu tɔxɛe be miado gbe ɖa be woaɖe asi le ŋutinye na mi kpuie.
And I beseech you the more to do this, that I may be restored to you the sooner.
20 Ŋutifafa ƒe Mawu la ame si to nubabla mavɔ ƒe ʋu la me kplɔ míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Alẽkplɔlagã la do goe tso ame kukuwo dome la (aiōnios g166)
And may the God of peace, who brought again from the dead the great pastor of the sheep, our Lord Jesus Christ, in the blood of the everlasting testament, (aiōnios g166)
21 natsɔ nu nyui sia nu nyui akpe ɖe mia ŋuti le eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ ta, eye wòawɔ nu si dze eŋu la le mía me to Yesu Kristo dzi, ame si ko tɔ anye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen. (aiōn g165)
Fit you in all goodness, that you may do his will; doing in you that which is well pleasing in his sight, through Jesus Christ, to whom is glory for ever and ever. Amen. (aiōn g165)
22 Nɔvi lɔlɔ̃awo, mele eƒom ɖe mia nu be mialé to ɖe nye dzideƒonamenyawo ŋu, elabena agbalẽ kpui aɖe koe wònye meŋlɔ na mi.
And I beseech you, brethren, that you suffer this word of consolation. For I have written to you in a few words.
23 Medi be mana mianya be woɖe asi le mía nɔvi Timoteo ŋu. Ne eva ɖo afi sia kaba la, nye kplii míava kpɔ mi ɖa.
Know ye that our brother Timothy is set at liberty: with whom (if he come shortly) I will see you.
24 Mido gbe na miaƒe kplɔlawo katã kple Mawu ƒe ameawo katã. Nɔvi siwo tso Italia hã do gbe na mi.
Salute all your prelates, and all the saints. The brethren from Italy salute you.
25 Amenuveve nanɔ anyi kple mi katã.
Grace be with you all. Amen.

< Hebritɔwo 13 >