< Hebritɔwo 12 >
1 Eya ta esi ɖaseɖilawo ƒe ha gã aɖe ƒo xlã mí ta la, mina míaɖe mɔxenu ɖe sia ɖe kple nu vɔ̃ si bla mí sesĩe la ɖa, eye mina míake duɖime si woɖo ɖi na mí la kple vevidodo.
Protož i my, takový oblak svědků vůkol sebe majíce, odvrhouce všeliké břímě, i snadně obkličující nás hřích, skrze trpělivost konejme běh uloženého sobě boje,
2 Mina míakpɔ Yesu dzi, ame si nye míaƒe xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula, ame si le dzidzɔ si le ŋgɔ nɛ ta la, to atitsoga ƒe fu la me, eye mebui ŋukpee o. Ale wòyi ɖanɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe nuɖusime.
Patříce na vůdce a dokonavatele víry Ježíše, kterýž místo předložené sobě radosti strpěl kříž, opováživ se hanby, i posadil se na pravici trůnu Božího.
3 Mibu fukpekpe gã si me wòto le nu vɔ̃ wɔlawo si me ŋu, ale be miagagbɔdzɔ, eye dzi naɖe le mia ƒo o.
A považte, jaký jest ten, kterýž snášel od hříšníků taková proti sobě odmlouvání, abyste neustávali, v myslech svých hynouce.
4 Le miaƒe ʋiʋli le nu vɔ̃ si me la, mieʋli va se ɖe esime miaƒe ʋu kɔ ɖi haɖe o.
Ještě jste se až do krve nezprotivili, proti hříchu bojujíce.
5 Ke mieŋlɔ dzideƒonya si yɔ mi be viŋutsuwo la be. Nya lae nye be, “Vinye ŋutsu, mègado vlo Aƒetɔ la ƒe amehehe, eye dzi megaɖe le ƒowò, ne eka mo na wò o,
A což jste zapomenuli na napomenutí, kteréž k vám jako k synům mluví: Synu můj, nepohrdej kázní Páně, aniž sobě stýskej, když od něho trestán býváš?
6 elabena Aƒetɔ la ɖɔa ame siwo wòlɔ̃ la ɖo, eye wòhea to na ame sia ame si wòxɔ abe Via ŋutsu ene.”
Nebo kohož miluje Pán, tohoť tresce, a švihá každého, kteréhož za syna přijímá.
7 Mito fukpekpe me abe miaƒe hehe ƒe akpa aɖe ene, elabena Mawu le mia hem abe via ŋutsuwo ene, elabena viŋutsu kae li ame si fofoa mehea to na o?
Jestliže kázeň snášíte, Bůh se vám podává jako synům. Nebo který jest syn, jehož by netrestal otec?
8 Ame sia ame toa hehe te, eya ta ne miawo mieto hehe te o la, ekema mienye viŋutsuvi vavãwo o, ke boŋ mienye ahasiviwo.
Pakli jste bez kázně, kteréž všickni účastni jsou, tedy jste cizoložňata, a ne synové.
9 Gawu la, anyigbadzifofowo le mía si, ame siwo naa hehe mí, eye míetsɔ bubu na wo ɖe eta. Ke hã la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe mía Fofo gbɔgbɔmetɔ te ɣe sia ɣi be míanɔ agbe!
Ano tělesné otce své měli jsme, kteříž nás trestali, a měli jsme je u vážnosti, i zdaliž nemáme mnohem více poddáni býti Otci duchů, abychom živi byli?
10 Míaƒe anyigbadzifofowo hea to na mí hena ɣeyiɣi kpui aɖe abe ale si wònyo na woe ene, gake Mawu ya hea to na mí hena míaƒe nyonyo be míakpɔ gome le eƒe kɔkɔenyenye me.
A onino zajisté po nemnohé dny, jakž se jim vidělo, trestali, ale tento v věcech přeužitečných, totiž k tomu, abychom došli účastnosti svatosti jeho.
11 Tohehe aɖeke meli si vivia ame nu o, ke boŋ evena, ke hã la, emegbe la, etsea dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa ƒe kuwo na ame siwo to tohehe la te.
Každé pak trestání, když přítomné jest, nezdá se býti potěšené, ale smutné, než potomť rozkošné ovoce spravedlnosti přináší těm, kteříž by v něm pocvičeni byli.
12 Eya ta mido ŋusẽ miaƒe abɔ siwo gbɔdzɔ kple miaƒe klo beliwo.
Protož opuštěných rukou a zemdlených kolen posilňte,
13 Mita mɔ dzɔdzɔewo na miaƒe afɔwo, ale be atatututɔ matsi mɔ ta o, ke boŋ wòakpɔ dɔyɔyɔ.
A přímé kroky čiňte nohama svýma, aby, což zkulhavělo, do konce se nevyvinulo, ale raději uzdraveno bylo.
14 Midze agbagba ɖe sia ɖe be mianɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔenyenye manɔmee la, ame aɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la o.
Pokoje následujte se všechněmi a svatosti, bez níž žádný neuzří Pána,
15 Mikpɔ egbɔ be Mawu ƒe amenuveve metsi ame aɖeke nu o, eye mikpɔ nyuie be gbe vɔ̃ aɖeke meto ke ɖe mia dome esi ava zu aɖi vɔ̃ɖi anɔ fu ɖem na ame geɖewo ahaƒo ɖi wo o.
Prohlédajíce, aby někdo neodpadl od milosti Boží, a aby nějaký kořen hořkosti nepodrostl, a neučinil překážky, skrze nějž by poškvrněni byli mnozí;
16 Mikpɔ nyuie be ame aɖeke mezu ahiãwɔla alo anye mawumavɔ̃la abe Esau, ame si tsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye kple eŋudomenyinuwo dzra ɖe nuɖuɖu zi ɖeka ko ta la ene o.
Aby někdo nebyl smilník, aneb ohyzdný, jako Ezau, kterýž za jednu krmi prodal prvorozenství své.
17 Abe ale si mienya nyuie ene la, esi wòva be yeanyi yayra sia ƒe dome emegbe la, wogbe enana. Mɔ aɖeke meli si dzi wòato be woatrɔ nu sia o, togbɔ be edi yayra sia kple aɖatsi hã.
Víte zajisté, že potom, chtěje dědičně dosáhnouti požehnání, pohrdnut jest. Nebo nenalezl místa ku pokání, ačkoli ho s pláčem hledal.
18 Menye to si ŋuti womate ŋu aka asii, to si le bibim kple dzo la gbɔe mieva o; mieva viviti, afudodo kple ahom gbɔ.
Nebo nepřistoupili jste k hmotné hoře a k hořícímu ohni, a k vichru, a k mrákotě, a k bouři,
19 Menye kpẽ ƒe ɖiɖi, gbe si le nu ƒom, ale be ame siwo see la ɖe kuku nɛ be megaƒo nu na yewo azɔ o la gbɔe mieva o;
A k zvuku trouby a k hlasu slov, kterýž kdož slyšeli, prosili, aby k nim nebylo více mluveno.
20 elabena womate ŋu awɔ ɖe gbe si woɖe na wo be, “Ne lã aɖe gɔ̃ hã ka asi to la ŋu la, ele be woaƒu kpee wòaku” la dzi o.
(Nebo nemohli snésti toho, což bylo praveno: Kdyby se i hovado dotklo hory, budeť ukamenováno, aneb šípem postřeleno.
21 Nukpɔkpɔ la dzi ŋɔ ale gbegbe be Mose gblɔ be, “Mele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃.”
A tak hrozné bylo to, což viděli, že Mojžíš řekl: Lekl jsem se, až se třesu.)
22 Ke mieva Zion to la gbɔ, dziƒo Yerusalem, si nye Mawu gbagbe la ƒe du la gbɔe mieva. Mieva mawudɔla akpeakpe siwo ƒo ƒu le dzidzɔ kpɔm la ƒe asaɖa me.
Ale přistoupili jste k hoře Sionu, a k městu Boha živého, Jeruzalému nebeskému, a k nesčíslnému zástupu andělů,
23 Mieva ŋgɔgbevi la ƒe hame, ame si ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe dziƒo. Mieva Mawu, ame si nye amegbetɔwo katã ƒe ʋɔnudrɔ̃la la gbɔ. Mieva ame dzɔdzɔe siwo wowɔ blibo la ƒe gbɔgbɔwo gbɔ,
K veřejnému shromáždění a k církvi prvorozených, kteříž zapsáni jsou v nebesích, a k Bohu soudci všech, a k duchům spravedlivých dokonalých,
24 mieva Yesu, nubabla yeye la ƒe avuléla la gbɔ kple ʋuhehlẽ ɖi si ƒo nu nyuie wu Abel ƒe ʋu la gbɔ.
A k prostředníku Nového Zákona Ježíšovi, a ku pokropení krví, lépe mluvící než Abelova.
25 Mikpɔ nyuie be miagagbe toɖoɖo ame si le nu ƒom la o. Nenye be womete ŋu si, esi wogbe toɖoɖo eya ame si xlɔ̃ nu wo le anyigba dzi la nu o la, aleke míawo ya míate ŋu asii ne míegbe toɖoɖo ame si le nu xlɔ̃m mí tso dziƒo?
Viztež, abyste neodpírali mluvícímu. Nebo poněvadž onino neušli, kteříž odpírali tomu, jenž na zemi na místě Božím mluvil, čím více my, jestliže tím, kterýž s nebe jest, pohrdneme?
26 Le ɣe ma ɣi me la, eƒe gbe ʋuʋu anyigba, gake azɔ la, edo ŋugbe be, “Magaʋuʋu, menye anyigba ɖeɖe ko o, ke boŋ dziƒowo hã.”
Jehož hlas tehdáž byl zemí pohnul, nyní pak zaslíbil, řka: Ještěť já jednou pohnu netoliko zemí, ale i nebem.
27 Nyakui “ga” ɖee fia be woaɖe nu si woate ŋu aʋuʋu la ɖa, nu siwo nye nuwɔwɔwo, ale be nu siwo womate ŋu aʋuʋu o la ɖeɖe ko natsi anyi.
To pak, že dí: Ještě jednou, světle ukazuje pohnutelných věcí přenesení, jakožto učiněných, aby zůstávaly ty, kteréž jsou nepohnutelné.
28 Eya ta esi míele mɔ kpɔm na fiaɖuƒe si womate ŋu aʋuʋu o la xɔxɔ la, mina míada akpe ɖe eta, eye míasubɔ Mawu le mɔ si adze la dzi le vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya me,
Protož království přijímajíce nepohnutelné, mějmež milost, skrze kteroužto služme libě Bohu, s vážností a uctivostí.
29 elabena dzo si fiaa nu lae nye míaƒe Mawu la.
Neboť Bůh náš jest oheň spalující.