< Hebritɔwo 11 >
1 Azɔ la, xɔse nye kaka ɖe nu siwo míekpɔ mɔ na la dzi kple dziɖoɖo ɖe nu siwo míekpɔ o la ŋu.
Now faith is [the] substance of things hoped for, [the] proof of matters not being seen,
2 To xɔse mee ame siwo do ŋgɔ la kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le Mawu gbɔ.
for by this, the elders were well-attested.
3 To xɔse me míese egɔme be Mawu ɖe gbe, eye xexea me va dzɔ, ale be wòwɔ nu si wokpɔna la tso nu si womekpɔna o la me. (aiōn )
By faith we understand the ages to have been prepared by a saying of God, in regard to the things seen having not come out of things appearing. (aiōn )
4 To xɔse me Abel tsɔ vɔsasa si nyo wu Kain tɔ la na Mawu. To xɔse me wokafui be enye ame dzɔdzɔe esi Mawu ƒo nu nyui tso eƒe vɔsa la ŋu. To xɔse me wògale nu ƒom ko, togbɔ be eku hã.
By faith Abel offered a better sacrifice to God than Cain, through which he was testified to be righteous, God testifying of his gifts, and through it, he being dead, yet speaks.
5 To xɔse me wokɔ Enɔk dzoe tso agbe sia me, ale be meɖɔ ku kpɔ o, ale womegakpɔe o, elabena Mawu kɔe dzoe. Elabena hafi woakɔe dzoe la, wogblɔ tso eŋu be Mawu kpɔ ŋudzedze le eya amea ŋuti.
By faith Enoch was translated—not to see death, and was not found, because God translated him; for before his translation he had been testified to—that he had pleased God well,
6 Xɔse manɔmee la ame aɖeke mate ŋu adze Mawu ŋu o, elabena ame si va Mawu gbɔ la ele be wòaxɔe se be Mawu li eye wòɖoa eteƒe na ame siwo dinɛ vevie.
and apart from faith it is impossible to please [Him], for it is required of him who is coming to God to believe that He exists and [that] He becomes a rewarder to those seeking Him.
7 To xɔse me esi woxlɔ̃ nu Noa tso nu siwo mekpɔ dzɔ haɖe o ŋuti la etsɔ vɔvɔ̃ kɔkɔe kpa aɖakaʋu be wòaɖe eya kple eƒe ƒomea. To eƒe xɔse me wòbu fɔ xexea me, eye wòzu dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me la ƒe domenyila.
By faith Noah, having been divinely warned concerning the things not yet seen, having feared, prepared an ark to the salvation of his house, through which he condemned the world, and he became heir of the righteousness according to faith.
8 To xɔse me esi woyɔ Abraham be wòayi teƒe si wòava xɔ wòazu eƒe domenyinu la, eɖo to, eye wòyi, togbɔ be menya afi si yim wònɔ o hã.
By faith Abraham, being called, obeyed, to go forth into the place that he was about to receive for an inheritance, and he went forth, not knowing to where he goes.
9 To xɔse me ewɔ nɔƒe ɖe ŋugbedodonyigba la dzi, eye wònɔ afi ma abe amedzro si le dzronyigba dzi la ene, elabena enɔ avɔgbadɔwo me. Nenema kee nye Isak kple Yakob ame siwo hã nye ŋugbedodo ma ke ƒe domenyilawo kplii.
By faith he sojourned in the land of the promise as a strange country, having dwelt in dwelling places with Isaac and Jacob, fellow-heirs of the same promise,
10 Elabena Abraham nɔ mɔ kpɔm na du si Mawu ŋutɔ nye egɔmeɖola, aɖaŋuwɔla kple etula.
for he was looking for the city having the foundations, whose craftsman and constructor [is] God.
11 To xɔse me esi Abraham tsi xɔ ƒe geɖe hã la, ete ŋu dzi Vi. Nenema kee nye srɔ̃a Sara hã, ame si tsi ko tsã. To xɔse me Abraham zu fofo, elabena Mawu ame si do ŋugbe nɛ la, bui nuteƒewɔlae.
And by faith Sarah, herself barren, received power to conceive seed even after the time of life, seeing she judged Him who promised faithful;
12 Ale to ame ɖeka sia dzi, ame si ŋu míate ŋu agblɔ le be megale ŋutsu me o la, dzidzime geɖe siwo sɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli ŋu kple ƒutake ene la va dzɔ.
for this reason, also, from one—and that of one who had become dead—were begotten as the stars of the sky in multitude, and innumerable as the sand that [is] by the seashore.
13 Ame siawo katã va ku esime wogalé xɔse me ɖe asi ko. Womexɔ nu siwo ƒe ŋugbe wodo na wo la o, ɖeko wokpɔ wo, do dzaa na wo le adzɔge, eye woʋu eme be amedzrowo kple mɔzɔlawo yewonye le anyigba dzi le afii.
All these died in faith, having not received the promises, but having seen them from afar, and having been persuaded, and having greeted [them], and having confessed that they are strangers and sojourners on the earth,
14 Ame siwo gblɔ nya siawo tɔgbi la ɖee fia be wole woawo ŋutɔ ƒe dedu dim.
for those saying such things make apparent that they seek a country;
15 Nenye be du si me wotso la ŋuti bum wonɔ la, anye ne mɔnukpɔkpɔ anɔ wo si be woatrɔ ayi.
and if, indeed, they had been mindful of that from which they came forth, they might have had an opportunity to return,
16 Le esia teƒe la, wole du si nyo wu esi nye dziƒotɔ la dim. Eya ta menye ŋukpe na Mawu be woayɔe be woƒe Mawu o, elabena edzra du nyui aɖe ɖo ɖi na wo.
but now they long for better, that is, heavenly, for this reason God is not ashamed of them, to be called their God, for He prepared a city for them.
17 To xɔse me esi Mawu do Abraham kpɔ la, etsɔ via Isak be yeasa vɔe, eya ame si xɔ ŋugbedodoawo la nɔ klalo be yeatsɔ Via ŋutsuvi ɖeka hɔ̃ɔ la asa vɔe,
By faith Abraham has offered up Isaac, being tried, even the [one] having received the promises offered up his only begotten,
18 togbɔ be Mawu gblɔ nɛ be, “To Isak dzi la, dzidzimevi siwo katã ƒe ŋugbe wodo na wò la ava dzɔ” hã.
of whom it was said, “In Isaac will your Seed be called,”
19 Abraham dze sii be Mawu ate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre, eye woate ŋu agblɔe ko be exɔ Isak tso ku me.
reckoning that God is even able to raise up out of the dead, from where also in a figurative sense he received [him].
20 To xɔse me Isak yra Yakob kple Esau, ku ɖe nu si woava nye le etsɔ me ŋuti.
By faith, concerning coming things, Isaac blessed Jacob and Esau.
21 To xɔse me Yakob yra Yosef viŋutsuwo le esime eƒe kuɣi ɖo, eye wòziɔ ɖe eƒe atitɔɖeŋu ŋuti hesubɔ Mawu.
By faith Jacob, dying, blessed each of the sons of Joseph and worshiped on the top of his staff.
22 To xɔse me esime Yosef ƒe kuɣi ɖo la, eƒo nu tso Israelviwo ƒe gododo le Egipte ŋuti, eye wògblɔ ɖoɖo tso eƒe ƒuwo ŋuti na wo.
By faith Joseph, dying, made mention concerning the outgoing of the sons of Israel, and gave command concerning his bones.
23 To xɔse me Mose dzilawo ɣlae ɣleti etɔ̃ sɔŋ le edzidzi vɔ megbe, elabena wokpɔe dze sii be menye vidzĩ dzodzro aɖe koe wònye o, eya ta womevɔ̃ na fia la ƒe se dzi dada o.
By faith Moses, having been born, was hid three months by his parents, because they saw the child beautiful, and were not afraid of the decree of the king.
24 To xɔse me esi Mose va tsi la, egbe be womayɔ ye be Farao vinyɔnu ƒe viŋutsu o
By faith Moses, having become great, refused to be called a son of the daughter of Pharaoh,
25 ke boŋ elɔ̃ be yeakpe fu kple Mawu ƒe amewo wu be yease nu vɔ̃ ƒe vivi hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko.
having chosen rather to be afflicted with the people of God, than to have sin’s pleasure for a season,
26 Ebu vlododo le “Kristo” ta nu xɔasi wu kesinɔnu siwo katã nɔ Egipte, elabena enɔ mɔ kpɔm na eƒe fetu gã si nɔ ŋgɔgbe.
having reckoned the reproach of the Christ greater wealth than the treasures in Egypt, for he looked to the repayment of reward.
27 To xɔse me Mose dzo le Egipte, eye mevɔ̃ na fia la ƒe dziku o, ke boŋ edo vevi nu, elabena ekpɔ eya ame si womekpɔna kple ŋku o.
By faith he left Egypt behind, having not been afraid of the wrath of the king, for as seeing the Invisible One—he endured.
28 To xɔse me Mose ɖo Ŋutitotoŋkekenyui kple ʋuhehlẽ ɖi anyi, ale be nugblẽla si wu ŋgɔgbeviwo la maka asi Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu o.
By faith he kept the Passover, and the sprinkling of the blood, so that He who is destroying the firstborn might not touch them.
29 To xɔse me Israelviwo tso Ƒu Dzĩ la abe anyigba ƒuƒui dzie wozɔ ene, gake esi Egiptetɔwo hã dze agbagba be yewoawɔ nenema la, wo katã tsi Ƒu Dzĩ la me.
By faith they passed through the Red Sea as through dry land, which having made an attempt [to cross], the Egyptians were swallowed up.
30 To xɔse me Yeriko ƒe gliwo mu esi Israelviwo ƒo xlãe ŋkeke adre.
By faith the walls of Jericho fell, having been surrounded for seven days.
31 To xɔse me gbolo Rahab, esi wòxɔ ŋkutsalawo ta la, womewui kpe ɖe tosẽlawo ŋuti o.
By faith Rahab the prostitute did not perish with those who disbelieved, having received the spies with peace.
32 Ɖe wògahiã be mayi edzia? Ɣeyiɣi mele asinye be maƒo nu le Gideon, Barak, Samson, Yefta, David, Samuel kple Nyagblɔɖila bubuwo ŋuti o,
And what yet will I say? For the time will fail me recounting about Gideon, also Barak, and Samson, and Jephthah, also David, and Samuel, and the prophets,
33 ame siwo to xɔse me xɔ fiaɖuƒewo, ɖu dzi le dzɔdzɔenyenye me, eye woƒe asi su nu si ƒe ŋugbe wodo la dzi. Ame siawo de ga nu na dzatawo,
who through faith subdued kingdoms, worked righteousness, obtained promises, stopped mouths of lions,
34 tsi dzo ƒe aɖewo nu, eye wosi le yi nu, ame siwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ trɔ zu ŋusẽ, wozu kalẽtɔwo le aʋa me, eye woɖu dzronyigbadziʋakɔwo dzi.
quenched the power of fire, escaped the mouth of the sword, were made powerful out of weakness, became strong in battle, caused armies of the foreigners to give way;
35 Wogbɔ agbe nyɔnu siwo ƒe lɔlɔ̃tɔwo ku, eye wotsɔ wo na wo agbagbe. Wowɔ funyafunya ame bubuwo, eye wogbe be womegana ablɔɖe yewo o, ale be tsitretsitsi si nyo wu la nasu yewo si.
women received their dead by a resurrection, and others were tortured, not accepting the redemption, that they might receive a better resurrection,
36 Woɖu fewu le ame aɖewo ŋu, woƒo ɖewo kple atam, ke wode ga bubuwo, eye wode wo gaxɔ me.
and others received trial of mockings and scourgings, and yet of bonds and imprisonment;
37 Woƒu kpe wo, wodze wo kple laxalaxa ɖe eve, eye wowu wo kple yi. Wonɔ yiyim le alẽgbalẽwuwo kple gbɔ̃gbalẽwuwo me le ahedada gã aɖe me. Woti wo yome, eye wosẽ ŋuta le wo ŋu,
they were stoned, they were sawn apart, they were tried; they died in the killing of the sword; they went around in sheepskins, in goatskins—being destitute, afflicted, injuriously treated,
38 womeɖi naneke le xexe sia me o. Wonɔ tsaglãla tsam le gbedzi, towo dzi, agadowo me kple agakpetowo me le anyigba dzi.
of whom the world was not worthy; wandering in deserts, and mountains, and caves, and the holes of the earth;
39 Woɖi ɖase nyui le ame siawo katã ŋuti le woƒe xɔse ta, ke hã la, wo dometɔ aɖeke mexɔ nu si ƒe ŋugbe wodo la o.
and all these, having been testified to through faith, did not receive the promise,
40 Mawu wɔ ɖoɖo si nyo wu la ɖe mía ŋuti, ale be ne wowɔ ɖeka kpli mí la hafi ko woade blibo.
God, having provided something better for us, that apart from us they might not be made perfect.