< Hebritɔwo 10 >

1 Se la nye nu nyui siwo gbɔna la ƒe vɔvɔli ko, eye menye nua ŋutɔwo o. Le susu sia ta la, vɔsa siwo wowɔna agbadree ƒe sia ƒe la mate ŋu awɔ ame siwo va subɔnɛ la blibo gbeɖe o.
For the law, having a shadow of the good to come, not the very image of the things, can never with the same sacrifices year by year, which they offer continually, make perfect those who draw near.
2 Ne ɖe vɔsa mawo te ŋu wɔ wo blibo la, ne womedzudzɔ vɔsasa oa? Elabena anye ne vɔsa la kɔ ame siwo sanɛ la ŋuti zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã, eye woƒe dzitsinyawo magabu fɔ wo le woƒe nu vɔ̃wo ta o.
Or else wouldn’t they have ceased to be offered, because the worshipers, having been once cleansed, would have had no more consciousness of sins?
3 Ke vɔsa mawo ɖoa ŋku nu vɔ̃ dzi na ameawo ƒe sia ƒe,
But in those sacrifices there is a yearly reminder of sins.
4 elabena mele bɔbɔe be nyitsuwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu naɖe nu vɔ̃ ɖa o.
For it is impossible that the blood of bulls and goats should take away sins.
5 Eya ta esi Kristo va xexea me la, egblɔ be: “Mèdi vɔsa kple numemewo o, ke boŋ ŋutilã si nèdzra ɖo ɖi nam;
Therefore when he comes into the world, he says, “You didn’t desire sacrifice and offering, but you prepared a body for me.
6 eye numevɔsa kple nu vɔ̃ vɔsawo hã medzea ŋuwò o.
You had no pleasure in whole burnt offerings and sacrifices for sin.
7 Tete megblɔ be, ‘Nyee nye esi, woŋlɔ nu tso ŋutinye le lãgbalẽ me be, o Mawu, meva be mawɔ wò lɔlɔ̃nu.’”
Then I said, ‘Behold, I have come (in the scroll of the book it is written of me) to do your will, O God.’”
8 Gbã la, egblɔ be, “Vɔsawo, numemewo kple numevɔsawo kple nu vɔ̃ vɔsawo la, mèdi wo o, eye womedzea ŋuwò hã o.” Togbɔ be se la bia be woawɔ wo hã.
Previously saying, “Sacrifices and offerings and whole burnt offerings and sacrifices for sin you didn’t desire, neither had pleasure in them” (those which are offered according to the law),
9 Tete wògblɔ be, “Nyee nye esi, meva be mawɔ wò lɔlɔ̃nu.” Ale wòɖe se gbãtɔ la ɖa be wòaɖo evelia anyi.
then he has said, “Behold, I have come to do your will.” He takes away the first, that he may establish the second,
10 Eye to Mawu ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ me wowɔ mí kɔkɔe to Yesu Kristo ƒe ŋutilã si wòtsɔ sa vɔe hena ɣeyiɣiwo katã la me.
by which will we have been sanctified through the offering of the body of Jesus Christ once for all.
11 Nunɔla la wɔa eƒe vɔsasadɔwo gbe sia gbe, eye nenema ke wòwɔ vɔsa mawo ke edziedzi, vɔsa siwo mate ŋu aɖe nu vɔ̃ ɖa akpɔ gbeɖe o.
Every priest indeed stands day by day serving and offering often the same sacrifices, which can never take away sins,
12 Ke esi nunɔla sia ya sa vɔ ɖe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã la eyi ɖanɔ Mawu ƒe nuɖusime.
but he, when he had offered one sacrifice for sins forever, sat down on the right hand of God,
13 Tso ɣe ma ɣi la, ele lalam be woatsɔ eƒe futɔwo awɔ eƒe afɔɖodzinui.
from that time waiting until his enemies are made the footstool of his feet.
14 Elabena to vɔsa ɖeka si wòwɔ me la, ewɔ ame siwo ŋuti kɔm wòle la blibo tegbetegbe le Mawu ƒe ŋkume.
For by one offering he has perfected forever those who are being sanctified.
15 Gbɔgbɔ Kɔkɔe hã ɖi ɖase tso esia ŋuti; gbã la egblɔ be,
The Holy Spirit also testifies to us, for after saying,
16 “Esia nye nu si mabla kpli wo le ɣeyiɣi ma megbe, Yehowae gblɔe. Matsɔ nye sewo ade woƒe dziwo me, eye maŋlɔ wo ɖe woƒe susuwo me.”
“This is the covenant that I will make with them after those days,” says the Lord, “I will put my laws on their heart, I will also write them on their mind;” then he says,
17 Egagblɔ kpe ɖe eŋu be, “Nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo dzi azɔ o.”
“I will remember their sins and their iniquities no more.”
18 Eye afi si wotsɔ nu siawo ke le la, vɔsasa ɖe nu vɔ̃ ta megahiã o.
Now where remission of these is, there is no more offering for sin.
19 Eya ta nɔvi lɔlɔ̃wo, esime kakaɖedzi le mía si be miage ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la to Yesu ƒe ʋu me ŋuti la,
Having therefore, brothers, boldness to enter into the holy place by the blood of Jesus,
20 eʋu mɔ yeye kple mɔ gbagbe na mí to xɔmetsovɔ si nye eƒe ŋutilã la me.
by the way which he dedicated for us, a new and living way, through the veil, that is to say, his flesh,
21 Eye esi nunɔlagã le mía si le Mawu ƒe aƒe nu ta la,
and having a great priest over God’s house,
22 mina míate ɖe Mawu ŋu le dzi vavã me kple xɔse ƒe kakaɖedzi blibo la me kple dzi siwo ŋu wohlẽ ʋu ɖo be wòaklɔ mía ŋuti tso dzitsinya vɔ̃ɖiwo me, eye wòale tsi na míaƒe ŋutilãwo kple tsi zɔzrɔ̃e.
let’s draw near with a true heart in fullness of faith, having our hearts sprinkled from an evil conscience and having our body washed with pure water,
23 Mina míalé mɔkpɔkpɔ si me míeʋu la me ɖe asi maʋamaʋãe, elabena ame si do ŋugbea la nye nuteƒewɔla.
let’s hold fast the confession of our hope without wavering; for he who promised is faithful.
24 Eye mina míabu ale si míado ŋusẽ mía nɔewo la ŋuti be woayi dzi le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me.
Let’s consider how to provoke one another to love and good works,
25 Migana míagbɔdzɔ le míaƒe takpeƒewo dede me o, abe ale si ame aɖewo tsɔe ɖo dɔe nɔa kuvia wɔm ene o, ke boŋ mina míade dzi ƒo na mía nɔewo, vevietɔ esi mienyae be eƒe ŋkeke la te tu aƒe kpokploe.
not forsaking our own assembling together, as the custom of some is, but exhorting one another, and so much the more as you see the Day approaching.
26 Ne míebua le nu vɔ̃ wɔwɔ dzi, esi míenya nyateƒe la vɔ megbe la, vɔsasa ɖe nu vɔ̃wo ta aɖeke megali o,
For if we sin willfully after we have received the knowledge of the truth, there remains no more a sacrifice for sins,
27 ke nu si ko míanɔ mɔ kpɔm na le ŋɔdzi gã aɖe me lae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzo bibi si ava fia Mawu ƒe futɔwo.
but a certain fearful expectation of judgment, and a fierceness of fire which will devour the adversaries.
28 Ame sia ame si ada le Mose ƒe se dzi la, woƒua kpee nublanuimakpɔmakpɔtɔe le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ ƒe nya nu.
A man who disregards Moses’ law dies without compassion on the word of two or three witnesses.
29 Tohehe gã kae miesusu be mehedze na ame si titi afɔ ɖe Mawu ƒe Vi la dzi oa? Ame si do ŋunyɔ nubabla la ƒe ʋu si klɔ eŋuti la abe nu makɔmakɔ wònye ene, eye wòdzu amenuveve ƒe Gbɔgbɔ la?
How much worse punishment do you think he will be judged worthy of who has trodden under foot the Son of God, and has counted the blood of the covenant with which he was sanctified an unholy thing, and has insulted the Spirit of grace?
30 Elabena míenya ame si gblɔ be, “Hlɔ̃biabia la tɔnyee, maɖo eteƒe nɛ,” egagblɔ hã be, “Aƒetɔ la adrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ la.”
For we know him who said, “Vengeance belongs to me. I will repay,” says the Lord. Again, “The Lord will judge his people.”
31 Enye ŋɔdzinu be ame aɖe nage ɖe Mawu gbagbe la ƒe asi me.
It is a fearful thing to fall into the hands of the living God.
32 Miɖo ŋku ŋkeke siwo do ŋgɔ la dzi esi miexɔ kekeli la vɔ la, mienɔ te sesĩe to ʋiʋli geɖewo me, mieto fukpekpe hã me kalẽtɔe.
But remember the former days, in which, after you were enlightened, you endured a great struggle with sufferings:
33 Ɣe aɖewo ɣi la wodzua mi le dutoƒo, eye wotia mia yome, ɣe bubu ɣiwo la, mienɔ te kpe ɖe ame siwo nɔ xaxa mawo ke me la ŋuti.
partly, being exposed to both reproaches and oppressions, and partly, becoming partakers with those who were treated so.
34 Miefa konyi kple ame siwo wode gaxɔ me, eye esi woxɔ miaƒe nunɔamesiwo le mia si akpasesẽtɔe la, miexɔe kple dzidzɔ, elabena miawo ŋutɔ mienyae be nunɔamesi siwo nyo sãa wu, eye womenyunyɔna o la le mia si.
For you both had compassion on me in my chains and joyfully accepted the plundering of your possessions, knowing that you have for yourselves a better possession and an enduring one in the heavens.
35 Eya ta dzi megaɖe le mia ƒo o, elabena miaƒe dzideƒo ahe fetu geɖe vɛ na mi.
Therefore don’t throw away your boldness, which has a great reward.
36 Ele be miado vevie, ale be ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, miaxɔ nu si ƒe ŋugbe wòdo la.
For you need endurance so that, having done the will of God, you may receive the promise.
37 Elabena le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, “Ame si gbɔna la ava ɖo, eye matsi megbe o.
“In a very little while, he who comes will come and will not wait.
38 Ke nye dzɔdzɔetɔ la anɔ agbe to xɔse me. Ke ne ede megbe la, nyemakpɔ dzidzɔ le eŋuti o.”
But the righteous one will live by faith. If he shrinks back, my soul has no pleasure in him.”
39 Ke míawo ya míele abe ame siwo de megbe, eye wotsrɔ̃ la ene o, ke boŋ míenye ame siwo xɔe se, eye míekpɔ ɖeɖe.
But we are not of those who shrink back to destruction, but of those who have faith to the saving of the soul.

< Hebritɔwo 10 >