< Hebritɔwo 1 >

1 Le blema la Mawu ƒo nu na mia fofowo zi geɖe to mɔ vovovowo dzi to Nyagblɔɖilawo dzi.
God, who in ancient days spoke to our forefathers in many distinct messages and by various methods through the Prophets,
2 Ke le ŋkeke mamlɛtɔ siawo me la, eƒo nu na mí to Via si wòtia be wòanye nuwo katã ƒe domenyila la dzi, ame si dzi hã wòto wɔ xexea me. (aiōn g165)
has at the end of these days spoken to us through a Son, who is the pre-destined Lord of the universe, and through whom He made the Ages. (aiōn g165)
3 Vi la klẽna kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. Enye ame si ɖe Mawu ƒe nɔnɔme tututu fia, eye wòna agbe nuwo katã to eƒe ŋusẽnya la me. Esi wòklɔ nu vɔ̃wo ɖa vɔ la, enɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo.
He brightly reflects God's glory and is the exact representation of His being, and upholds the universe by His all-powerful word. After securing man's purification from sin He took His seat at the right hand of the Majesty on high,
4 Ale wòkɔ sãa wu mawudɔlawo abe ale si ŋkɔ si wòtsɔ nyi domee la kɔ wu wo tɔ sãa ene.
having become as far superior to the angels as the Name He possesses by inheritance is more excellent than theirs.
5 Elabena mawudɔlawo dometɔ kae Mawu gblɔ na kpɔ be, “Wòe nye vinye; egbe mezu Fofowò”? Alo wògagblɔ na ɖe be, “Manye fofoa, eye eya hã anye Vinye”?
For to which of the angels did God ever say, "My Son art Thou: I have this day become Thy Father;" and again, "I will be a Father to Him, and He shall be My Son"?
6 Eye esi Mawu dɔ via ŋgɔgbea ɖe xexea me la, egblɔ be, “Ele be mawudɔlawo katã nasubɔe.”
But speaking of the time when He once more brings His Firstborn into the world, He says, "And let all God's angels worship Him."
7 Mawu ƒo nu tso eƒe dɔlawo ŋuti be, “Ewɔ eƒe dɔlawo abe yaƒoƒowo ene, eye eƒe subɔlawo abe dzo ƒe aɖewo ene.”
Moreover of the angels He says, "He changes His angels into winds, and His ministering servants into a flame of fire."
8 Ke egblɔ le via ya ŋuti be, “O, Mawu, wò fiazikpui anɔ anyi tegbetegbe, eye dzɔdzɔnyenye anye wò fiaɖuƒe ƒe tsiamiti. (aiōn g165)
But of His Son, He says, "Thy throne, O God, is for ever and for ever, and the sceptre of Thy Kingdom is a sceptre of absolute justice. (aiōn g165)
9 Èlɔ̃ dzɔdzɔenyenye, eye nèlé fu ŋutasesẽ, eya ta Mawu, wò Mawu la tsɔ wò ɖo teƒe kɔkɔ wu nɔviwòwo katã to esia me be etsɔ dzidzɔ ƒe ami la si na wò.”
Thou hast loved righteousness and hated lawlessness; therefore God, Thy God, has anointed Thee with the oil of gladness beyond Thy companions."
10 Egagblɔ be, “O Aƒetɔ, le gɔmedzedzea me la eɖo xexea me ƒe gɔmeɖokpe anyi, eye dziƒowo hã nye wò asinudɔwɔwɔ.
It is also of His Son that God says, "Thou, O Lord, in the beginning didst lay the foundations of the earth, and the heavens are the work of Thy hands.
11 Woatsrɔ̃, gake wò la, ànɔ anyi, wo katã woanyunyɔ abe awu ene.
The heavens will perish, but Thou remainest; and they will all grow old like a garment,
12 Àŋlɔ wo abe awu ʋlaya ene, eye àɖe wo ɖi abe awu si wodo la ene, ke wò ya la, ànɔ nenema, màtrɔ o, eye wò ƒewo hã mawu enu akpɔ gbeɖe o.”
and, as though they were a mantle Thou wilt roll them up; yes, like a garment, and they will undergo change. But Thou art the same, and Thy years will never come to an end."
13 Mawudɔla kae Mawu gblɔ na kpɔ be, “Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusime va se ɖe esime mawɔ wò futɔwo woazu afɔɖodzinu na wò”?
To which of the angels has He ever said, "Sit at My right hand till I make Thy foes a footstool for Thy feet"?
14 Ekema nu kawoe mawudɔlawo nye? Wo katã nye gbɔgbɔ siwo subɔa Mawu, eye Mawu dɔa wo be woakpe ɖe ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dome la ŋuti.
Are not all angels spirits that serve Him--whom He sends out to render service for the benefit of those who, before long, will inherit salvation?

< Hebritɔwo 1 >