< Hagai 1 >

1 Le Fia Darius ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe evelia me le ɣleti adelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Yehowa ƒe gbe va to Hagai, nyagblɔɖila la dzi na Yudatɔwo ƒe anyigbadziɖulagã, Zerubabel, Sealtiel ƒe vi kple nunɔlagã Yosua, Yehozadak ƒe vi dzi.
다리오 왕 이년 유월 곧 그 달 초하루에 여호와의 말씀이 선지자 학개로 말미암아 스알디엘의 아들 유다 총독 스룹바벨과 여호사닥의 아들 대제사장 여호수아에게 임하니라 가라사대
2 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Ame siawo le gbɔgblɔm be, ‘Ɣeyiɣi mede ne woagbugbɔ nye gbedoxɔ atu o.’”
만군의 여호와가 말하여 이르노라 이 백성이 말하기를 여호와의 전을 건축할 시기가 이르지 아니하였다 하느니라
3 Tete Yehowa ƒe gbe va to Nyagblɔɖila Hagai dzi be,
여호와의 말씀이 선지자 학개에게 임하여 가라사대
4 “Ɖe ɣeyiɣi de be miawo ya mianɔ aƒe nyuiwo me esi nye gbedoxɔ ƒe glikpowo gale nenema koa?”
이 전이 황무하였거늘 너희가 이 때에 판벽한 집에 거하는 것이 가하냐
5 Azɔ la Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Mibu ta me nyuie tso miaƒe zɔzɔme ŋuti.
그러므로 이제 나 만군의 여호와가 말하노니 너희는 자기의 소위를 살펴 볼지니라
6 Mieƒãa nuku taŋtaŋ gake nuku ʋɛ aɖewo ko mieŋena. Mieɖua nu gake meɖia ƒo na mi o. Mienoa nu gake meɖia kɔ na mi o, mietaa avɔ gake medea dzo lãme na mi o. Miexɔa fetu ke ɖeko mietsɔnɛ dea kotoku ŋɔŋɔ me.”
너희가 많이 뿌릴지라도 수입이 적으며 먹을지라도 배부르지 못하며 마실지라도 흡족하지 못하며 입어도 따뜻하지 못하며 일꾼이 삯을 받아도 그것을 구멍 뚫어진 전대에 넣음이 되느니라
7 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Mibu ta me nyuie tso miaƒe zɔzɔme ŋu.
나 만군의 여호와가 말하노니 너희는 자기의 소위를 살펴 볼지니라
8 Miyi ɖe towo dzi ne miatso atiwo vɛ ne miatsɔ agbugbɔ atu nye gbedoxɔe. Ekema makpɔ ŋudzedze le eŋuti wòade bubu ŋunye.” Yehowae gblɔe.
너희는 산에 올라가서 나무를 가져다가 전을 건축하라 그리하면 내가 그로 인하여 기뻐하고 또 영광을 얻으리라 나 여호와가 말하였느니라
9 “Miele mɔ kpɔm na nu geɖe, ke nu ʋɛ aɖe ko miekpɔ, eye ne mietsɔe va aƒe mee la, meɖoa ƒuƒu ɖee, eye metɔna ɖe mia si o. Nu ka tae?” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Elabena nye gbedoxɔ ganye gli gbagbã li ko, ke mia dome ame sia ame le ʋiʋlim be miatso aƒe nyuiwo na mia ɖokuiwo.
너희가 많은 것을 바랐으나 도리어 적었고 너희가 그것을 집으로 가져갔으나 내가 불어 버렸느니라 나 만군의 여호와가 말하노라 이것이 무슨 연고뇨 내 집은 황무하였으되 너희는 각각 자기의 집에 빨랐음이니라
10 Esia tae dziƒowo te zãmu mi eye anyigba gbe nukuwo nana mi ɖo.
그러므로 너희로 인하여 하늘은 이슬을 그쳤고 땅은 산물을 그쳤으며
11 Meɖe gbe be ku neɖi le agblewo kple towo dzi. Kuɖiɖi ana bli, wain yeye, ami kple miaƒe agblemenu bubuwo nagblẽ. Kuɖiɖi la nava amegbetɔwo, lãwo kple amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔ ɖe sia ɖe dzi.”
내가 한재를 불러 이 땅에, 산에, 곡물에, 새 포도주에, 기름에, 땅의 모든 소산에, 사람에게, 육축에게, 손으로 수고하는 모든 일에 임하게 하였느니라
12 Tete Zerubabel, Sealtiel ƒe vi, Yosua, Yehozadak ƒe vi, nunɔlagã kple ame mamlɛawo katã ɖo to Nyagblɔɖila Hagai ƒe gbedeasi si wòxɔ tso Yehowa, woƒe Mawu la gbɔ elabena woxɔe se be Yehowa, woƒe Mawu lae dɔe eya ta ameawo vɔ̃ Yehowa eye wosubɔe.
스알디엘의 아들 스룹바벨과 여호사닥의 아들 대제사장 여호수아와 남은바 모든 백성이 그 하나님 여호와의 목소리와 선지자 학개의 말을 청종하였으니 이는 그들의 하나님 여호와께서 그를 보내셨음을 인함이라 백성이 다 여호와를 경외하매
13 Le esia megbe la, Hagai, Yehowa ƒe ame dɔdɔ, tsɔ Yehowa ƒe gbedeasi sia na ameawo, “Meli kpli mi,” Yehowae gblɔe.
때에 여호와의 사자 학개가 여호와의 명을 의지하여 백성에게 고하여 가로되 나 여호와가 말하노니 내가 너희와 함께 하노라 하셨느니라 하니라
14 Ale Yehowa de dzo Zerubabel, Sealtiel ƒe vi, ame si nye Yudatɔwo ƒe anyigbadziɖulagã kple Yosua, Yehozadak ƒe vi, nunɔlagã la kple ame mamlɛawo ƒe gbɔgbɔ me. Woƒo ƒu eye wodze Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, woƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ tutu gɔme
여호와께서 스알디엘의 아들 유다 총독 스룹바벨의 마음과 여호사닥의 아들 대제사장 여호수아의 마음과 남은바 모든 백성의 마음을 흥분시키시매 그들이 와서 만군의 여호와 그들의 하나님의 전역사를 하였으니
15 le ɣleti adelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi. Le Fia Darius ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe evelia me,
때는 다리오 왕 이년 유월 이십사일이었더라

< Hagai 1 >