< Habakuk 3 >
1 Esiae nye Nyagblɔɖila Habakuk ƒe gbedodoɖa si woadzi ɖe kasaŋku ŋuti.
The prayer of Habakkuk the prophet, in the form of an ode.
2 Yehowa, mese nya le wò gãnyenye ŋuti. O Yehowa, wò nuwɔwɔwo wɔ nuku lo! Gbugbɔ wo wɔ yeye le míaƒe ŋkekewo me. Ɖe wo fia le míaƒe ɣeyiɣi me. Le wò dziku me, ɖo ŋku nublanuikpɔkpɔ dzi.
O Jehovah, I have heard thy words, and tremble. O Jehovah, revive thy work in the midst of the years, In the midst of the years make it known, In wrath remember mercy!
3 Mawu tso Teman va. Kɔkɔetɔ la ɖi tso Paran to dzi. (Sela) Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ dziƒowo eye eƒe kafukafu yɔ anyigba dzi!
God cometh from Teman, And the Holy One from mount Paran; His glory covereth the heavens, And the earth is full of his praise.
4 Eƒe ŋutikɔkɔe nɔ abe agudzedze ene eye keklẽ gã aɖe do tso eƒe asi me, afi si eƒe ŋusẽ be ɖo.
His brightness is as the light; Rays stream forth from his hand, And there is the hiding-place of his power.
5 Dɔ vɔ̃ le zɔzɔm le eŋgɔ eye dɔxɔleameŋu le eyome.
Before him goeth the pestilence, And the plague followeth his steps.
6 Etɔ eye wòʋuʋu anyigba; ekpɔ nu eye dukɔwo ʋuʋu. Blematowo kaka eye gbe aɖe gbe togbɛwo ŋe dze eme. Eƒe mɔwo li tegbee.
He standeth, and measureth the earth; He beholdeth, and maketh the nations tremble; The everlasting mountains are broken asunder; The eternal hills sink down; The eternal paths are trodden by him.
7 Mekpɔ Kusam ƒe agbadɔwo le xaxa me eye Midiantɔwo ƒe nɔƒewo le nublanui me.
I see the tents of Cushan in affliction, And the canopies of the land of Midian tremble.
8 O Yehowa, ɖe nèdo dziku ɖe tɔsisiwo ŋua? Ɖe wò dɔmedzoe bi ɖe tɔʋuwo ŋua? Ɖe wò dziku bi ɖe atsiaƒu ŋu esi nèdo wò sɔwo kple wò tasiaɖamwo le wò dziɖuɖu mea?
Is the anger of Jehovah kindled against the rivers, Is thy wrath against the rivers, Is thy indignation against the floods, That thou ridest on with thy horses, Upon thy chariots of victory?
9 Ehe wò dati ɖe go eye nèbia be woatsɔ wò aŋutrɔwo na wò. (Sela) Ètsɔ tɔsisiwo ma anyigba lae.
Thy bow is made bare; Curses are the arrows of thy word; Thou causest rivers to break forth from the earth.
10 Towo kpɔ wò eye woŋe kple vevesese. Tsiɖɔɖɔ si va yi, tometsiwo ɖe gbe eye woƒe tsotsoewo de dzi.
The mountains see thee and tremble; The flood of waters overflows; The deep uttereth his voice, And lifteth up his hands on high.
11 Ɣe kple ɣleti tɔ ɖe wo nɔƒe le dziƒo esi wokpɔ wò aŋutrɔ bibiawo kple wò akplɔ si le dzo kem miamiamia.
The sun and the moon remain in their habitation, At the light of thine arrows which fly, At the brightness of the lightning of thy spear.
12 Èzɔ to anyigba dzi le wò dziku dziŋɔ la me eye nèɖo afɔ dukɔwo dzi kple dziku.
Thou marchest through the land in indignation; Thou thrashest the nations in anger;
13 Ke èdo be yeaɖe wò amewo eye yeaxɔ na wò amesiamina. Ègbã ta na ame vɔ̃ɖiwo ƒe anyigba ƒe kplɔla eye nèɖe amea tso tagbɔ va se ɖe afɔ gbɔ. (Sela)
Thou goest forth for the deliverance of thy people, For the deliverance of thine anointed. Thou smitest the head of the house of the wicked; Thou destroyest the foundation even to the neck.
14 Ètsɔ eya ŋutɔ ƒe akplɔ ŋɔ ta nɛ esi eƒe asrafowo dze mía dzi be yewoakaka mí. Wole gbe tem abe ɖe wodi be yewoavuvu nublanuitɔ siwo si be la ene.
Thou piercest with his own spears the chief of his captains, Who rushed like a whirlwind to scatter us; Who exulted, as if they should devour the distressed in a hiding-place.
15 Ètsɔ wò sɔwo blu atsiaƒu kple tsi gbana la.
Thou ridest through the sea with thy horses, Through the raging of mighty waters.
16 Mesee eye nye dzi dzo le menye kpakpakpa; nye nuyiwo dzo nyanyanya esi mese woƒe howɔwɔ la, vɔvɔ̃ ɖom ɖe nye ƒu tome ke eye nye afɔwo ƒo kpakpakpa. Ke malala kple dzigbɔɖi na dzɔgbevɔ̃eŋkeke la be wòava dukɔ si le mía ham la dzi.
I have heard, and my heart trembleth; My lips quiver at the voice; Rottenness entereth into my bones, and my knees tremble, That I must wait in silence for the day of trouble, When the invader shall come up against my people!
17 Togbɔ be gboti meƒo se o eye wain metse ɖe wainkawo ŋu o, togbɔ be amiti metse o eye nuɖuɖu mele agble dzi o, togbɔ be alẽwo vɔ le alẽkpo me, eye nyiwo vɔ le nyikpo me hã la,
For the fig-tree shall not blossom, And there shall be no fruit upon the vine; The produce of the olive shall fail, And the fields shall yield no food. The flocks shall he cut off from the folds, And there shall be no herd in the stalls.
18 nye la, makpɔ dzidzɔ le Yehowa me eye madzɔ dzi le Mawu, nye Ɖela, me.
Yet will I rejoice in Jehovah, I will exult in God, my helper.
19 Aƒetɔ Yehowae nye ŋusẽ. Ewɔ nye afɔ abe zinɔ tɔ ene, eye wònana be mazɔa Kɔkɔeƒewo. Na hafiala, woadzi ɖe kasaŋku ŋu.
The Lord Jehovah is my strength; He will make my feet like the hind's, And cause me to walk upon my high places. “To the leader of the music on my stringed instruments.”