< Mose 1 9 >

1 Mawu yra Noa kple viawo, eye wògblɔ na wo be, “Midzi ne miasɔ gbɔ ayɔ anyigba blibo la dzi.”
And God blessed Noah and his sons, and said to them, Be fruitful and multiply, and fill the earth.
2 Vɔvɔ̃ aɖo anyigbadzilãwo katã kple dziƒoxevi ɖe sia ɖe kple lã ɖe sia ɖe si tana kple ƒumelãwo katã ɖe mia ŋu, eye metsɔ wo de asi na mi.
And let the fear of you and the dread of you be upon every animal of the earth, and upon all fowl of the heavens: upon all that moveth [on] the ground; and upon all the fishes of the sea: into your hand are they delivered.
3 Nu sia nu si le agbe, eye woʋãna la anye nuɖuɖu na mi. Abe ale si metsɔ amagbewo na mi kpɔ ene la, nenema ke mele nu sia nu tsɔm le asi dem na mi fifia.
Every moving thing that liveth shall be food for you: as the green herb I give you everything.
4 “Ke mele be miaɖu lã si me ʋu metsyɔ le la o.
Only, the flesh with its life, its blood, ye shall not eat.
5 Mabia akɔnta mi tso ʋu si le mia me la ŋu. Mabia akɔnta tso lã sia lã ŋu, eye mabia akɔnta ame sia ame hã tso nɔvia ƒe agbe ŋu.
And indeed your blood, [the blood] of your lives, will I require: at the hand of every animal will I require it, and at the hand of Man, at the hand of each [the blood] of his brother, will I require the life of Man.
6 “Ame sia ame si akɔ ame ƒe ʋu ɖi la, ame akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi, elabena Mawu ƒe nɔnɔme me Mawu wɔe ɖo.
Whoso sheddeth Man's blood, by Man shall his blood be shed; for in the image of God he hath made Man.
7 Ɛ̃, midzi ne miasɔ gbɔ fũu, mikpe xexe blibo la me ɖo, eye miaɖu edzi.”
And ye, be fruitful and multiply: swarm on the earth, and multiply on it.
8 Mawu gblɔ na Noa kple via ŋutsuwo be,
And God spoke to Noah, and to his sons with him, saying,
9 “Azɔ la, mebla nu kple wò kple wò dzidzimeviwo
And I, behold, I establish my covenant with you, and with your seed after you;
10 kpakple nu gbagbe ɖe sia ɖe si nɔ gbɔwò, xeviawo, aƒemelãawo, lã wɔadãawo katã, nu sia nu si do go tso aɖakaʋu la me kple wò, nu gbagbe ɖe sia ɖe si le anyigba dzi.
and with every living soul which is with you, fowl as well as cattle, and all the animals of the earth with you, of all that has gone out of the ark — every animal of the earth.
11 Mebla nu kpli wò. Tsiɖɔɖɔ magatsi agbe nu na nu gbagbewo azɔ o. Tsi magaɖɔ, agatsrɔ̃ anyigba akpɔ o.
And I establish my covenant with you, neither shall all flesh be cut off any more by the waters of a flood, and henceforth there shall be no flood to destroy the earth.
12 Metsɔ dzesi sia tre nubabla sia nu:
And God said, This is the sign of the covenant that I set between me and you and every living soul that is with you, for everlasting generations:
13 Metsɔ nye anyieʋɔ de lilikpowo me abe nye nubabla ƒe dzesi na wò kple anyigbadzitɔwo katã ene va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu.
I set my bow in the clouds, and it shall be for a sign of the covenant between me and the earth.
14 Ne mena lilikpowo tsyɔ anyigba dzi la, woakpɔ anyieʋɔ le lilikpoawo me,
And it shall come to pass when I bring clouds over the earth, that the bow shall be seen in the cloud,
15 ekema maɖo ŋku nye nubabla kpli wò kple nu gbagbe ɖe sia ɖe dzi be tsiɖɔɖɔ magava atsrɔ̃ nu gbagbewo azɔ o.
and I will remember my covenant which is between me and you and every living soul of all flesh; and the waters shall not henceforth become a flood to destroy all flesh.
16 Ɣe sia ɣi si anyieʋɔ ado ɖe lilikpo me la, makpɔe, eye maɖo ŋku nubabla mavɔ si le Mawu kple nu gbagbe ɖe sia ɖe si le anyigba dzi dome la dzi.”
And the bow shall be in the cloud; and I will look upon it, that I may remember the everlasting covenant between God and every living soul of all flesh that is upon the earth.
17 Eye Mawu gblɔ na Noa be, “Esiae nye nubabla si mewɔ kple nu gbagbe siwo katã le xexea me la ƒe dzesi.”
And God said to Noah, This is the sign of the covenant which I have established between me and all flesh that is upon the earth.
18 Noa ƒe vi etɔ̃awo ƒe ŋkɔwoe nye Sem, Ham kple Yafet. (Ham nye Kanaantɔwo fofo.)
And the sons of Noah who went out of the ark were Shem, and Ham, and Japheth. And Ham is the father of Canaan.
19 Amegbetɔƒome blibo la do tso Noa ƒe viŋutsu etɔ̃ siawo me.
These three are the sons of Noah; and from these was [the population of] the whole earth spread abroad.
20 Noa, ame si nye agbledela la de waingble.
And Noah began [to be] a husbandman, and planted a vineyard.
21 Esi wòno wain la ƒe ɖe la, emu aha, eye wòɖe amama mlɔ anyi ɖe eƒe agbadɔ me.
And he drank of the wine, and was drunken, and he uncovered himself in his tent.
22 Ham, ame si nye Kanaantɔwo fofo la kpɔ fofoa ƒe amame, eye wòyi ɖagblɔe na nɔvia eveawo.
And Ham the father of Canaan saw the nakedness of his father, and told his two brethren outside.
23 Ale Sem kple Yafet lé avɔ aɖe ɖe abɔta, trɔ kɔ ɖe adzɔge, zɔ megbemegbe yi avɔgbadɔ la me, eye wotsɔ avɔ la tsyɔ na wo fofo.
And Shem and Japheth took the upper garment and both laid [it] upon their shoulders, and went backwards, and covered the nakedness of their father. And their faces were turned away, that they saw not their father's nakedness.
24 Esime Noa ƒe ŋkume kɔ, eye wòse nu si Via ŋutsu suetɔ wɔ ɖe eŋu la,
And Noah awoke from his wine, and learned what his youngest son had done to him.
25 egblɔ be, “Woaƒo fi ade Kanaan; ànye kluvi gblɔetɔ na nɔviwòwo.”
And he said, Cursed be Canaan; Let him be a bondman of bondmen to his brethren.
26 Eyi edzi be, “Woayra Yehowa, Sem ƒe Mawu. Kanaan nazu kluvi na Sem.
And he said, Blessed be Jehovah, the God of Shem, And let Canaan be his bondman.
27 Mawu nekeke Yafet ƒe anyigba ɖe edzi. Yafet nanɔ Sem ƒe agbadɔwo me, eye Kanaan nanye eƒe kluvi.”
Let God enlarge Japheth, and let him dwell in the tents of Shem, And let Canaan be his bondman.
28 Noa ganɔ agbe ƒe alafa etɔ̃ blaatɔ̃ le tsiɖɔɖɔ megbe.
And Noah lived after the flood three hundred and fifty years.
29 Exɔ ƒe alafa asiekɛ blaatɔ̃ hafi ku.
And all the days of Noah were nine hundred and fifty years; and he died.

< Mose 1 9 >