< Mose 1 8 >
1 Mawu meŋlɔ Noa kple lã siwo katã nɔ aɖakaʋu la me be o. Ena ya aɖe ƒo to tsi la dzi, eye tsiɖɔɖɔ la de asi miemie me,
神记念挪亚和挪亚方舟里的一切走兽牲畜。 神叫风吹地,水势渐落。
2 elabena tsi si ŋɔ tso tome la nu tso, eye tsidzadza la ke.
渊源和天上的窗户都闭塞了,天上的大雨也止住了。
3 Tsi la de asi miemie me vivivi le anyigba dzi. Le ŋkeke alafa ɖeka blaatɔ̃lia ƒe nuwuwu la, tsi la mie keŋ,
水从地上渐退。过了一百五十天,水就渐消。
4 eye le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiadrelia gbe la, aɖakaʋu la va tɔ ɖe Ararat toawo tame.
七月十七日,方舟停在亚拉腊山上。
5 Le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe, esime tsiɖɔɖɔ la ganɔ miemiem ɖe edzi kokoko la, to bubuwo hã tame de asi dzedze me.
水又渐消,到十月初一日,山顶都现出来了。
6 Le ŋkeke blaene bubu megbe la, Noa ʋu aɖakaʋu la ƒe fesre ɖeka,
过了四十天,挪亚开了方舟的窗户,
7 eye wòɖe asi le akpaviã ɖeka ŋu. Akpaviã la dzo tso afii yi afi mɛ va se ɖe esime anyigba ƒu.
放出一只乌鸦去;那乌鸦飞来飞去,直到地上的水都干了。
8 Noa ɖo ahɔnɛ aɖe ɖa be ate ŋu akpɔ anyigba ƒuƒui mahã.
他又放出一只鸽子去,要看看水从地上退了没有。
9 Ke ahɔnɛ la mekpɔ anyigba ƒuƒui aɖeke, afi si wòadze ɖo o, ale wòtrɔ gbɔ, elabena tsi ganɔ anyigba dzi ko. Ale Noa do asi ɖa, eye wòlé ahɔnɛ la gade aɖakaʋu la me.
但遍地上都是水,鸽子找不着落脚之地,就回到方舟挪亚那里,挪亚伸手把鸽子接进方舟来。
10 Le ŋkeke adre megbe la, Noa gaɖe asi le ahɔnɛ la ŋu.
他又等了七天,再把鸽子从方舟放出去。
11 Azɔ la, ahɔnɛ la trɔ gbɔ le fiẽ me, eye wòlé amitiŋgba ɖe nu. Ale Noa dze sii be esusɔ vie tsi la namie keŋkeŋ.
到了晚上,鸽子回到他那里,嘴里叼着一个新拧下来的橄榄叶子,挪亚就知道地上的水退了。
12 Egaɖe asi le ahɔnɛ la ŋu le kɔsiɖa ɖeka megbe, eye ahɔnɛ la megatrɔ gbɔ o.
他又等了七天,放出鸽子去,鸽子就不再回来了。
13 Ŋkeke blaeve-vɔ-asiekɛ va yi. Noa ʋu aɖakaʋu la, eye wòkpɔ be tsi la mie keŋkeŋ azɔ.
到挪亚六百零一岁,正月初一日,地上的水都干了。挪亚撤去方舟的盖观看,便见地面上干了。
14 Kɔsiɖa enyi gava yi. Anyigba ƒu azɔ mlɔeba.
到了二月二十七日,地就都干了。
15 Tete Mawu gblɔ na Noa be,
神对挪亚说:
16 “Wò kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsuawo kple wo srɔ̃wo mido le aɖakaʋu la me.
“你和你的妻子、儿子、儿妇都可以出方舟。
17 Ɖe nu gbagbe bubu ɖe sia ɖe si le gbɔwò: xeviawo, lãawo kple nu gbagbe siwo tana la katã do go le aɖakaʋu la me, ale be woagate ŋu adzi asɔ gbɔ ɖe anyigba la dzi.”
在你那里凡有血肉的活物,就是飞鸟、牲畜,和一切爬在地上的昆虫,都要带出来,叫它在地上多多滋生,大大兴旺。”
18 Ale Noa do go kple srɔ̃a kple via ŋutsuawo kple wo srɔ̃awo.
于是挪亚和他的妻子、儿子、儿妇都出来了。
19 Lãawo katã kple nu gbagbe siwo tana kple xevi ɖe sia ɖe kple nu sia nu si ʋãna le anyigba dzi la do go tso aɖakaʋu la me ɖe wo nɔewo yome hamehame.
一切走兽、昆虫、飞鸟,和地上所有的动物,各从其类,也都出了方舟。
20 Esia megbe la, Noa ɖi vɔsamlekpui, eye wòsa vɔ le edzi na Yehowa kple lã kple xevi siwo dzi Yehowa da asi ɖo hena vɔsasa la dometɔ aɖewo.
挪亚为耶和华筑了一座坛,拿各类洁净的牲畜、飞鸟献在坛上为燔祭。
21 Yehowa kpɔ ŋudzedze le vɔsa la ŋu, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyemagaƒo fi ade anyigba o, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã le edzi azɔ o, togbɔ be amegbetɔ ƒe dzɔdzɔme henɛ dea nu vɔ̃ me tso keke eƒe ɖevime ke, eye wòwɔa nu vɔ̃wo tsyo ƒomevi gɔ̃ hã.
耶和华闻那馨香之气,就心里说:“我不再因人的缘故咒诅地(人从小时心里怀着恶念),也不再按着我才行的灭各种的活物了。
22 Zi ale si anyigba aganɔ anyi ko la, nuƒãɣi kple nuŋeɣi, vuvɔŋɔli kple fifiawɔɣi, pepime kple dzomeŋɔli, ŋkeke kple zã aganɔ anyi kokoko.”
地还存留的时候,稼穑、寒暑、冬夏、昼夜就永不停息了。”
A Dove is Sent Forth from the Ark