< Mose 1 7 >
1 Yehowa gblɔ na Noa be, “Yi aɖakaʋu la me kple wò ƒometɔwo katã, elabena le anyigbadzinɔlawo katã dome la, wò koe nye ame dzɔdzɔe le nye ŋkume.
And the Lord said to him: “Enter the ark, you and all your house. For I have seen you to be just in my sight, within this generation.
2 “Kplɔ lãwo hã de eme, atsu kple asi, negbe esiwo metia da ɖi be woaɖu kple esiwo woatsɔ asa vɔe ko. Tsɔ wo dome adre, atsu kple asi,
From all the clean animals, take seven and seven, the male and the female. Yet truly, from animals that are unclean, take two and two, the male and the female.
3 eye nàgatsɔ xevi ɖe sia ɖe ƒe atsu kple asi adre. Ale nu gbagbe ɖe sia ɖe agate ŋu adzi le tsiɖɔɖɔ la megbe.
But also from the birds of the air, take seven and seven, the male and the female, so that offspring may be saved upon the face of the whole earth.
4 Le kɔsiɖa ɖeka megbe tso egbe sia dzi la, mana tsi nadza ŋkeke blaene kple zã blaene, eye matsrɔ̃ nu gbagbe siwo katã mewɔ ɖe anyigba dzi la.”
For from that point, and after seven days, I will rain upon the earth for forty days and forty nights. And I will wipe away every substance that I have made, from the surface of the earth.”
5 Ale Noa wɔ nu sia nu si Yehowa di tso esi be wòawɔ la.
Therefore, Noah did all things just as the Lord had commanded him.
6 Noa xɔ ƒe alafa ade esi tsiɖɔɖɔ ɖe anyigba la.
And he was six hundred years old when the waters of the great flood inundated the earth.
7 Ege ɖe aɖakaʋu la me kple srɔ̃a, via ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo be woasi le tsiɖɔɖɔ la nu.
And Noah entered into the ark, and his sons, his wife, and the wives of his sons with him, because of the waters of the great flood.
8 Lã ɖuɖua kple lã maɖumaɖua ɖe sia ɖe ƒomevi eveve, xeviwo eveve kple lã siwo katã tana la,
And from the animals both clean and unclean, and from the birds, and from everything that moves upon the earth,
9 atsu kple asi va Noa gbɔ, eye woge ɖe aɖakaʋu la me abe ale si Mawu ɖo na Noa ene.
two by two they were brought into the ark to Noah, male and female, just as the Lord had instructed Noah.
10 Le ŋkeke adre megbe la, tsi dza ɖe anyigba la dzi.
And when seven days had passed, the waters of the great flood inundated the earth.
11 Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiadrelia gbe le Noa ƒe ƒe alafa ade xɔxɔ me la, anyigba ƒe tumetsi gãwo katã ŋɔ, eye dziƒo nu ʋu gbe ma gbe.
In the six hundredth year of the life of Noah, in the second month, on the seventeenth day of the month, all the fountains of the great abyss were released, and the floodgates of heaven were opened.
12 Tsi de asi dzadza me sesĩe, eye tsi dzidziwo ŋɔ tso tome va anyigba dzi ŋkeke blaene kple zã blaene.
And rain came upon the earth for forty days and forty nights.
13 Ke Noa yi aɖakaʋu la me gbe ma gbe kple srɔ̃a kple viawo, Sem, Ham kple Yafet kple wo srɔ̃wo.
On the very same day, Noah and his sons, Shem, Ham, and Japheth, and his wife and the three wives of his sons with them, entered the ark.
14 Lã wɔadã ɖe sia ɖe ƒomevi, aƒemelã ɖe sia ɖe ƒomevi, lã siwo tana ɖe sia ɖe ƒomevi kple xevi siwo dzona ɖe sia ɖe ƒomevi kple esiwo medzona o siaa yi kpli wo.
They and every animal according to its kind, and all the cattle in their kind, and everything that moves upon the earth in their kind, and every flying thing according to its kind, all the birds and all that can fly,
15 Nuwɔwɔ sia nuwɔwɔ si me agbegbɔgbɔ le la ƒomevi ɖe sia ɖe, atsu kple asi va Noa gbɔ, eye woge ɖe aɖakaʋu la me.
entered the ark to Noah, two by two out of all that is flesh, in which there was the breath of life.
16 Woge ɖe aɖakaʋu la me eveve, atsu kple asi abe ale si Mawu ɖo na wo ene. Tete Yehowa tu ʋɔtru la ɖe wo nu.
And those that entered went in male and female, from all that is flesh, just as God had instructed him. And then the Lord closed him in from the outside.
17 Tsiɖɔɖɔ la nɔ edzi ŋkeke blaene sɔŋ. Exɔ anyigba dzi, eye wòtsɔ aɖakaʋu la do ɖe dzi.
And the great flood occurred for forty days upon the earth. And the waters were increased, and they lifted the ark high above the land.
18 Esi tsi la nɔ ɖɔɖɔm ɖe edzi, eye wònɔ aɖakaʋu la dom ɖe dzi ɣe sia ɣi wu tsã la, aɖakaʋu la nɔ dedie le tsi la dzi.
For they overflowed greatly, and they filled everything on the surface of the earth. And then the ark was carried across the waters.
19 Mlɔeba la, tsi la ɖɔ kɔkɔ gbɔ to kɔkɔwo katã ŋu le lilikpo la te,
And the waters prevailed beyond measure across the earth. And all the lofty mountains under the whole heaven were covered.
20 eye aɖakaʋu la ƒe nɔƒe kɔkɔ mita blaadre-vɔ-eve, alo wu nenema gɔ̃ hã.
The water was fifteen cubits higher than the mountains which it covered.
21 Nu gbagbe siwo katã nɔ anyigba dzi, xeviwo, aƒemelãwo, gbemelãwo, nu gbagbe siwo katã tana kple amegbetɔƒome blibo la katã tsrɔ̃.
And all flesh was consumed which moved upon the earth: flying things, animals, wild beasts, and all moving things that crawl upon the ground. And all men,
22 Nu sia nu si me agbe nɔ, eye wònɔ anyigba ƒuƒui dzi tsã la tsrɔ̃.
and everything in which there is the breath of life on earth, died.
23 Anyigbadzinu gbagbewo katã, amegbetɔwo kple lãwo siaa, nu gbagbe siwo tana kple xeviwo katã ƒe agbe nu tso. Mawu tsrɔ̃ wo katã, negbe Noa kple ame siwo nɔ egbɔ le aɖakaʋu la me kple nu bubu siwo nɔ wo gbɔ le aɖakaʋu la me ko tsi agbe.
And he wiped away all substance that was upon the earth, from man to animal, the crawling things just as much as the flying things of the air. And they were wiped away from the earth. But only Noah remained, and those who were with him in the ark.
24 Tsiɖɔɖɔ la nɔ anyigba dzi ŋkeke alafa ɖeka blaatɔ̃.
And the waters possessed the earth for one hundred and fifty days.