< Mose 1 6 >

1 Amewo dzi, eye wosɔ gbɔ ŋutɔ ɖe anyigba dzi. Le ɣeyiɣi sia me la,
ויהי כי החל האדם לרב על פני האדמה ובנות ילדו להם
2 mawu viwo kpɔ be amegbetɔwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe, eye woɖe wo dometɔ siwo nyo wo ŋu la.
ויראו בני האלהים את בנות האדם כי טבת הנה ויקחו להם נשים מכל אשר בחרו
3 Tete Yehowa gblɔ be, “Mele be nye Gbɔgbɔ naganɔ amegbetɔwo me tegbee o, elabena amegbetɔwo wɔ nu vɔ̃ le goawo katã me. Woƒe agbemeŋkekewo anye ƒe alafa ɖeka kple blaeve.”
ויאמר יהוה לא ידון רוחי באדם לעלם בשגם הוא בשר והיו ימיו מאה ועשרים שנה
4 Le ɣe ma ɣi me kple emegbe gɔ̃ hã la, esime mawu viwo ɖea amegbetɔwo ƒe nyɔnuwo la, wo viwo zua ame dzɔatsuwo, eye ŋutinya geɖewo nɔ wo ŋu.
הנפלים היו בארץ בימים ההם וגם אחרי כן אשר יבאו בני האלהים אל בנות האדם וילדו להם המה הגברים אשר מעולם אנשי השם
5 Esime Yehowa kpɔ ale si gbegbe amegbetɔwo vɔ̃ɖie, eye wòkpɔ be woƒe agbenɔnɔ ɖo ta nu vɔ̃ wɔwɔ ko gbɔ la,
וירא יהוה כי רבה רעת האדם בארץ וכל יצר מחשבת לבו רק רע כל היום
6 evee ŋutɔ be yewɔ amegbetɔ. Nu sia gbã dzi nɛ.
וינחם יהוה כי עשה את האדם בארץ ויתעצב אל לבו
7 Tete Yehowa gblɔ be, “Matsrɔ̃ amegbetɔƒome blibo si mewɔ la ɖa le anyigba dzi. Ɛ̃, matsrɔ̃ lãwo, xewo kple nu gbagbe siwo tana la hã, elabena evem be mewɔ wo.”
ויאמר יהוה אמחה את האדם אשר בראתי מעל פני האדמה מאדם עד בהמה עד רמש ועד עוף השמים כי נחמתי כי עשיתם
8 Ke Yehowa kpɔ ŋudzedze le Noa ŋu.
ונח מצא חן בעיני יהוה
9 Noa ƒe ŋutinya yi ale: Noa nye ame dzɔdzɔe kple ame maɖifɔ le ame siwo nɔ anyi le eŋɔli la dome, eye wòzɔ kple Mawu.
אלה תולדת נח--נח איש צדיק תמים היה בדרתיו את האלהים התהלך נח
10 Ŋutsuvi etɔ̃ nɔ esi: Woawoe nye Sem, Ham kple Yafet.
ויולד נח שלשה בנים--את שם את חם ואת יפת
11 Azɔ la, nu vɔ̃ wɔwɔ ganɔ edzi yim wu tsã le xexea me godoo, eye Mawu kpɔ be nu vlo wɔwɔ na xexea me gblẽ keŋ.
ותשחת הארץ לפני האלהים ותמלא הארץ חמס
12 Mawu kpɔ ale si xexea me va gblẽe, elabena ame siwo katã nɔ xexea me la ƒe zɔzɔme gblẽ le anyigba dzi.
וירא אלהים את הארץ והנה נשחתה כי השחית כל בשר את דרכו על הארץ
13 Ale Mawu gblɔ na Noa be, “Mele ameawo katã tsrɔ̃ ge, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi. Matsrɔ̃ wo kple anyigba la siaa.
ויאמר אלהים לנח קץ כל בשר בא לפני--כי מלאה הארץ חמס מפניהם והנני משחיתם את הארץ
14 Tsɔ dzati kpa aɖakaʋu, eye nàsi aŋɔ nɛ. Wɔ yaxɔƒewo ɖe eŋu kpe ɖo, eye nàwɔ nudzraɖoƒewo ɖe eme ƒe afi sia afi.
עשה לך תבת עצי גפר קנים תעשה את התבה וכפרת אתה מבית ומחוץ בכפר
15 Na wòadidi mita alafa ɖeka blaene, akeke mita blaeve-vɔ-etɔ̃, akɔkɔ mita wuietɔ̃ kple afã.
וזה אשר תעשה אתה שלש מאות אמה ארך התבה חמשים אמה רחבה ושלשים אמה קומתה
16 Ɖe fesre mita afã ɖe xɔ gbagbã la te ƒo xlã aɖakaʋu la. Wɔ dzisasã etɔ̃, etetɔ, titinatɔ kple etametɔ ɖe aɖakaʋu la me, eye nàde ʋɔtru ɖeka tɔdziʋu la ƒe axadzi.
צהר תעשה לתבה ואל אמה תכלנה מלמעלה ופתח התבה בצדה תשים תחתים שנים ושלשים תעשה
17 “Kpɔ ɖa, mana tsi naɖɔ ɖe anyigba la dzi, eye wòatsrɔ̃ nu sia nu si me agbegbɔgbɔ le la. Nu sia nu si le anyigba dzi la atsrɔ̃.
ואני הנני מביא את המבול מים על הארץ לשחת כל בשר אשר בו רוח חיים מתחת השמים כל אשר בארץ יגוע
18 “Ke mele nu blam kpli wò be makpɔ tawò le aɖakaʋu la me nànɔ dedie kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo.
והקמתי את בריתי אתך ובאת אל התבה--אתה ובניך ואשתך ונשי בניך אתך
19 Nàtsɔ nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒomevi eveve, atsu kple asi ade aɖakaʋu la me be woanɔ agbe le gbɔwò.
ומכל החי מכל בשר שנים מכל תביא אל התבה--להחית אתך זכר ונקבה יהיו
20 Xevi ƒomevi ɖe sia ɖe, eveve, lã ƒomevi ɖe sia ɖe eveve kple nu gbagbe ɖe sia ɖe si tana la eveve ava gbɔwò be nàde wo aɖakaʋu la me.
מהעוף למינהו ומן הבהמה למינה מכל רמש האדמה למינהו--שנים מכל יבאו אליך להחיות
21 Dzra nuɖuɖu si woawo kple miawo siaa miahiã la ɖo ɖe aɖakaʋu la me.”
ואתה קח לך מכל מאכל אשר יאכל ואספת אליך והיה לך ולהם לאכלה
22 Eye Noa wɔ nu sia nu abe ale si Mawu ɖoe nɛ ene.
ויעש נח ככל אשר צוה אתו אלהים--כן עשה

< Mose 1 6 >

The World is Destroyed by Water
The World is Destroyed by Water