< Mose 1 5 >

1 Esiae nye Adam ƒe dzidzimeviwo ƒe ŋkuɖodzigbalẽ. Esi Mawu wɔ amegbetɔ la ewɔe ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme.
This is the book of Adam's generations. In the day that God created man, in the likeness of God made he him.
2 Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu, eye wòyra wo. Eyɔ wo tso gɔmedzedzea be “Ame.”
Male and female created he them; and blessed them, and called their name Adam, in the day when they were created.
3 Adam xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ esi wòdzi Set. Ŋutsuvi sia ɖi fofoa ŋutɔ le go ɖe sia ɖe me.
And Adam lived a hundred and thirty years, and begot [a son] in his likeness, after his image, and called his name Seth.
4 Le Set dzidzi megbe la, Adam ganɔ agbe ƒe alafa enyi. Egadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.
And the days of Adam after he had begotten Seth were eight hundred years; and he begot sons and daughters.
5 Exɔ ƒe alafa asiekɛ kple blaetɔ̃ hafi ku.
And all the days of Adam that he lived were nine hundred and thirty years; and he died.
6 Set xɔ ƒe alafa ɖeka kple atɔ̃ hafi dzi Enos.
And Seth lived a hundred and five years, and begot Enosh.
7 Eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple adre, eye wògadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.
And Seth lived after he had begotten Enosh eight hundred and seven years, and begot sons and daughters.
8 Exɔ ƒe alafa asiekɛ kple wuieve hafi ku.
And all the days of Seth were nine hundred and twelve years; and he died.
9 Esime Enos xɔ ƒe blaasiekɛ la, ezu fofo na Kenan,
And Enosh lived ninety years, and begot Cainan.
10 eye esi wòdzi Kenan megbe la, Enos ganɔ agbe ƒe alafa enyi wuiatɔ̃, eye wodzi ŋutsuvi kple nyɔnuvi bubuwo nɛ.
And Enosh lived after he had begotten Cainan eight hundred and fifteen years, and begot sons and daughters.
11 Enos ƒe agbenɔƒewo katã nye ƒe alafa asiekɛ kple atɔ̃, eye wòku.
And all the days of Enosh were nine hundred and five years; and he died.
12 Kenan xɔ ƒe blaadre hafi dzi Via ŋutsuvi Mahalalel.
And Cainan lived seventy years, and begot Mahalaleel.
13 Kenan ganɔ agbe ƒe alafa enyi kple blaene le Mahalalel kple Kenan dzidzi vɔ megbe. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo bubuwo hã emegbe.
And Cainan lived after he had begotten Mahalaleel eight hundred and forty years, and begot sons and daughters.
14 Kenan ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ kple ewo.
And all the days of Cainan were nine hundred and ten years; and he died.
15 Mahalalel xɔ ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ esi wòdzi Via ŋutsuvi Yared.
And Mahalaleel lived sixty-five years, and begot Jared.
16 Esi Mahalalel dzi Yared megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple blaetɔ̃. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo,
And Mahalaleel lived after he had begotten Jared eight hundred and thirty years, and begot sons and daughters.
17 eye wòku esi wòxɔ ƒe alafa enyi blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃.
And all the days of Mahalaleel were eight hundred and ninety-five years; and he died.
18 Yared xɔ ƒe alafa ɖeka blaade-vɔ-eve esi wòdzi Via ŋutsuvi Enɔk.
And Jared lived a hundred and sixty-two years, and begot Enoch.
19 Eganɔ agbe ƒe alafa enyi. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.
And Jared lived after he had begotten Enoch eight hundred years, and begot sons and daughters.
20 Yared ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ blaade-vɔ-eve.
And all the days of Jared were nine hundred and sixty-two years; and he died.
21 Enɔk xɔ ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ esi wòdzi Metusela.
And Enoch lived sixty-five years, and begot Methushelah.
22 Eganɔ agbe ƒe alafa etɔ̃, eye wòzɔ nyuie kple Mawu. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.
And Enoch walked with God after he had begotten Methushelah three hundred years, and begot sons and daughters.
23 Enɔk xɔ ƒe alafa etɔ̃ blaade-vɔ-atɔ̃,
And all the days of Enoch were three hundred and sixty-five years.
24 eye esi wògazɔ kple Mawu kplikplikpli ta la, ebu vĩi, elabena Mawu kɔe dzoe.
And Enoch walked with God; and he was not, for God took him.
25 Metusela xɔ ƒe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-adre hafi dzi Via ŋutsuvi Lamek.
And Methushelah lived a hundred and eighty-seven years, and begot Lemech.
26 Eganɔ agbe ƒe alafa adre blaenyi-vɔ-eve. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.
And Methushelah lived after he had begotten Lemech seven hundred and eighty-two years, and begot sons and daughters.
27 Metusela ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ blaade-vɔ-asiekɛ.
And all the days of Methushelah were nine hundred and sixty-nine years; and he died.
28 Lamek xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-eve hafi wòdzi Via ŋutsuvi Noa.
And Lemech lived a hundred and eighty-two years, and begot a son.
29 Lamek na ŋkɔe be Noa si gɔmee nye “Gbɔdzɔe,” elabena egblɔ be, “Ame sia ahe gbɔdzɔe vɛ na mí tso agbledɔ sesẽ si wɔm míele le anyigba si Mawu ƒo fi dee dzi la me.”
And he called his name Noah, saying, This [one] shall comfort us concerning our work and concerning the toil of our hands, because of the ground which Jehovah has cursed.
30 Lamek ganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃ blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃ le Noa dzidzi megbe. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.
And Lemech lived after he had begotten Noah five hundred and ninety-five years, and begot sons and daughters.
31 Lamek ku esi wòxɔ ƒe alafa adre blaadre-vɔ-adre.
And all the days of Lemech were seven hundred and seventy-seven years; and he died.
32 Noa xɔ ƒe alafa atɔ̃, eye wòdzi ŋutsuvi etɔ̃: Sem, Ham kple Yafet.
And Noah was five hundred years old, and Noah begot Shem, Ham, and Japheth.

< Mose 1 5 >