< Mose 1 49 >

1 Yakob yɔ via ŋutsuwo katã ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Miƒo ƒu ɖe ŋunye, eye magblɔ nu siwo ava adzɔ ɖe mia dzi le ɣeyiɣi si gbɔna me la na mi.
ヤコブその子等を呼ていひけるは汝らあつまれ我後の日に汝らが遇んところの事を汝等につげん
2 Miɖo tom, Yakob ƒe viwo, miɖo to Israel, mia fofo.
汝等つどひて聽けヤコブの子等よ汝らの父イスラエルに聽け
3 “Ruben, wòe nye nye viŋutsu tsitsitɔ, nye ɖekakpuimevi. Wòe nye ta le tsitsi kple bubu nu.
ルベン汝はわが冢子わが勢わが力の始威光の卓越たる者權威の卓越たる者なり
4 Ke mèdzea akɔ anyi o; èle abe ƒutsotsoe nyanyra ene; màgadze gbãtɔ azɔ o. Maɖiɖi wò, elabena ède asi srɔ̃nyewo dometɔ ɖeka ŋu, eye nèto esia me ɖi gbɔ̃m.
汝は水の沸あがるがごとき者なれば卓越を得ざるべし汝父の床にのぼりて浼したればなり嗚呼彼はわが寢牀にのぼれり
5 “Simeon kple Levi ƒe nɔnɔme sɔ. Wonye ame siwo wɔa sesẽnu kple nu madzɔmadzɔ.
シメオン、レビは兄弟なりその劍は暴逆の器なり
6 O, nye luʋɔ, ɖe ɖa le ame siawo ŋu. Nyematɔ ɖe woƒe nu vɔ̃ɖiwo dzi gbeɖe o. Elabena wowu ame aɖe le woƒe dɔmedzoe me, eye wode abi nyiwo ŋu dzodzro abe fefenu ene.
我魂よかれらの席にのぞむなかれ我寶よかれらの集會につらなるなかれ其は彼等その怒にまかせて人をころしその意にまかせて牛を筋截たればなり
7 Woaƒo fi ade woƒe dɔmedzoe, elabena enu sesẽ, eye wòvɔ̃ɖi. Mama wo ɖe Yakob ƒe viwo dome, eye makaka woƒe dzidzimeviwo le Israel.
その怒は烈しかれば詛ふべしその憤は暴あれば詛ふべし我彼らをヤコブの中に分ちイスラエルの中に散さん
8 “Yuda, nɔviwòwo akafu wò; àtsrɔ̃ wò futɔwo. Fofowòviwo ade ta agu na wò.
ユダよ汝は兄弟の讚る者なり汝の手はなんぢの敵の頸を抑へんなんぢの父の子等なんぢの前に鞠ん
9 Yuda nye dzatavi; si wu nu si wòlé la ɖuɖu nu. Etsyɔ akɔ anyi abe dzatatsu ene; eye abe dzatanɔ ene–ame kae ake atse anyɔe?
ユダは獅子の子の如しわが子よ汝は所掠物をさきてかへりのぼる彼は牡獅子のごとく伏し牝獅のごとく蹲まる誰か之をおこすことをせん
10 Atamkayi maɖe ɖa le Yuda o va se ɖe esime ame si tututu tɔ wònye la nava, ame si amewo katã abu.
杖ユダを離れず法を立る者その足の間をはなるることなくしてシロの來る時にまでおよばん彼に諸の民したがふべし
11 Ede ka eƒe tedzivi ɖe wainti nyuitɔ ŋu, eye wònya eƒe awuwo le wain me.
彼その驢馬を葡萄の樹に繋ぎその牝驢馬の子を葡萄の蔓に繋がん又その衣を酒にあらひ其服を葡萄の汁にあらふべし
12 Eƒe ŋkuwo biã wu wain, eye eƒe aɖuwo fu wu notsi.
その目は酒によりて紅くその齒は乳によりて白し
13 “Zebulon anɔ ƒuta, eye wòanye tɔdziʋuwo dzeƒe. Eƒe anyigba akeke ade keke Sidon.
ゼブルンは海邊にすみ舟の泊る海邊に住はんその界はシドンにおよぶべし
14 “Isaka nye tedzi agbatsɔlã sesẽ aɖe si le dzudzɔm le lãkpowo dome.
イッサカルは羊の牢の間に伏す健き驢馬の如し
15 Esi wòkpɔ ale si teƒea nya kpɔna kple ale si anyigba la nyoe la, elɔ̃ dze dɔ la dzi, eye wòsubɔ eƒe aƒetɔ kple ŋusẽ.
彼みて安泰を善としその國を樂とし肩をさげて負ひ租税をいだして僕となるべし
16 “Dan aɖu eƒe amewo dzi abe Israel ƒe to bubu ɖe sia ɖe ene.
ダンはイスラエルの他の支派の如く其民を鞫かん
17 Anye da si ɖua afɔkpodzi na sɔ le mɔ dzi, eye sɔdola dzea anyi la.
ダンは路の旁の蛇のごとく途邊にある蝮のごとし馬の踵を噛てその騎者をして後に落しむ
18 Yehowa, wò ɖeɖe la ko mele mɔ kpɔm na.
ヱホバよわれ汝の拯救を待り
19 “Adzoblasuwo ƒe ha adze Gad dzi, ke eya anya wo ɖe du nu.
ガドは軍勢これにせまらんされど彼返てその後にせまらん
20 “Aser la, nuɖuɖu siwo nyo na fiawo la aʋã nɛ fũu.
アセルよりいづる食物は美るべし彼王の食ふ美味をいださん
21 “Naftali nye zinɔ si ɖea abla, eye wògblɔa nya viviwo la.
ナフタリは釋れたる麀のごとし彼美言をいだすなり
22 “Yosef nye kutsetseti aɖe si le tsi dzidzi to, eɖe alɔwo, eye wòɖo vɔvɔli ɖe gliwo dzi.
ヨセフは實を結ぶ樹の芽のごとし即ち泉の傍にある實をむすぶ樹の芽のごとしその枝つひに垣を踰ゆ
23 Ame siwo da aŋutrɔe, eye woti eyome la wɔ nuvevii.
射者彼をなやまし彼を射かれを惡めり
24 Gake eƒe asi li ɖe eƒe dati ŋu goŋgoŋ eye eƒe asi le tsɔtsɔm elabena Yakob ƒe Mawu Ŋusẽkatãtɔ, alẽkplɔla la kple Israel ƒe Agakpe
然どかれの弓はなほ勁くあり彼の手の臂は力あり是ヤコブの全能者の手によりてなり其よりイスラエルの磐なる牧者いづ
25 Mia fofowo ƒe Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la nakɔ dziƒoyayrawo kple anyigbadziyayrawo ɖe dziwò duu, wòana nàdzi asɔ gbɔ,
汝の父の神による彼なんぢを助けん全能者による彼なんぢを祝まん上なる天の福、下によこたはる淵の福、乳哺の福、胎の福、汝にきたるべし
26 wòana nuɖuɖu kple seƒoƒowo nawɔ na wò fũu, eye wòatsɔ yayra siwo ade kekeke togbɛ siwo anɔ anyi tegbee ƒe liƒowo dzi la na wò. Yayra siawoe ava Yosef, ame si woɖe aboyoe le nɔviawo dome la dzi.
父の汝を祝することはわが父祖の祝したる所に勝て恒久の山の限極にまでおよばん是等の祝福はヨセフの首に歸しその兄弟と別になりたる者の頭頂に歸すべし
27 “Benyamin nye amegaxi si léa nu. Evuvua eƒe futɔwo le ŋdi, eye wòmaa nu si wòlé la le fiẽ.”
ベニヤミンは物を噛む狼なり朝にその所掠物を啖ひ夕にその所攫物をわかたん
28 Esiawoe nye yayra siwo wo fofo Israel kɔ ɖe via wuieveawo dzi.
是等はイスラエルの十二の支派なり斯その父彼らに語り彼等を祝せりすなはちその祝すべき所にしたがひて彼等諸人を祝せり
29 Eye wòɖo nu siawo na wo: “Esusɔ vie mayi tɔgbuinyewo gbɔ. Miɖim ɖe fofonyewo gbɔ ɖe kpeto la me le Efrɔn, Hititɔ la ƒe anyigba dzi,
ヤコブまた彼等に命じて之にいひけるは我はわが民にくははらんとすヘテ人エフロンの田にある洞穴にわが先祖等とともに我をはうむれ
30 ɖe kpeto si le Makpela ƒe anyigba si te ɖe Mamre ŋu le Kanaanyigba dzi la. Abraham ƒle teƒe sia abe ameɖiƒe ene le Efrɔn, Hititɔ la gbɔ kpe ɖe anyigba la ŋu.
その洞穴はカナンの地にてマムレのまへなるマクペラの田にあり是はアブラハムがヘテ人エフロンより田とともに購て所有の墓所となせし者なり
31 Afi ma woɖi Abraham kple srɔ̃a Sara ɖo. Afi ma woɖi Isak kple srɔ̃a Rebeka ɖo, eye afi ma ke meɖi Lea hã ɖo.
アブラハムとその妻サラ彼處にはうむられイサクとその妻リベカ彼處に葬られたり我またかしこにレアを葬れり
32 Enye kpeto si tɔgbuinye Abraham ƒle le Het ƒe viŋutsuwo si.”
彼田とその中の洞穴はヘテの子孫より購たる者なり
33 Esi Yakob wu eƒe nyagblɔɖiawo na viawo nu la, emlɔ anyi azɔ ɖe eƒe abati dzi, eye wòku.
ヤコブその子に命ずることを終し時足を床に斂めて氣たえてその民にくははる

< Mose 1 49 >