< Mose 1 48 >
1 Le nya siawo megbe la, wova gblɔ na Yosef be fofoa ƒe lãmegbegblẽ la nu nɔ sesẽm ɖe edzi kokoko. Ale wòkplɔ Via ŋutsuvi eveawo, Manase kple Efraim, eye woyi ɖakpɔe ɖa.
這事以後,有人告訴約瑟說:「你的父親病了。」他就帶着兩個兒子瑪拿西和以法蓮同去。
2 Eye wogblɔ na Yakob bena, “Kpɔ ɖa viwò Yosef va gbɔwò.” Tete Israel do ŋusẽ nu fɔ henɔ anyi ɖe abatia dzi be yeado gbe nɛ,
有人告訴雅各說:「請看,你兒子約瑟到你這裏來了。」以色列就勉強在床上坐起來。
3 eye wògblɔ na Yosef be, “Mawu Ŋusẽkatãtɔ ɖe eɖokui fiam le Luz, le Kanaanyigba dzi, eye wòyram.
雅各對約瑟說:「全能的上帝曾在迦南地的路斯向我顯現,賜福與我,
4 Egblɔ nam be, ‘Mawɔ wò nàzu dukɔ gã, eye matsɔ Kanaanyigba sia ana wò kple wò dzidzimeviwo, wòanye mia tɔ tegbetegbe.’
對我說:『我必使你生養眾多,成為多民,又要把這地賜給你的後裔,永遠為業。』
5 Azɔ le viwò eve siawo, Efraim kple Manase, ame siwo wodzi le Egiptenyigba dzi hafi meva la, mele woawo ya xɔm abe nye ŋutɔ vinyewo ene, eye woanyi nye dome abe Ruben kple Simeon ke ene.
我未到埃及見你之先,你在埃及地所生的以法蓮和瑪拿西這兩個兒子是我的,正如呂便和西緬是我的一樣。
6 Ke viwò bubu ɖe sia ɖe ya la, anye wò ŋutɔ tɔ, eye woanyi Efraim kple Manase ƒe dome tso gbɔwò le wò ŋutɔ wò nuwo gome.
你在他們以後所生的就是你的,他們可以歸於他們弟兄的名下得產業。
7 Elabena dawò Rahel dzi vi eve ko, eye wòku esi metso Padan gbɔna Kanaan. Ke esi míegogo Efrat la, meɖii ɖe mɔ to le Efrat” (si nye Betlehem).
至於我,我從巴旦來的時候,拉結死在我眼前,在迦南地的路上,離以法他還有一段路程,我就把她葬在以法他的路上(以法他就是伯利恆)。」
8 Israel lé ŋku ɖe Yosef ƒe ŋutsuviawo ŋu, eye wòbia be, “Ŋutsuviawoe nye esiawoa?”
以色列看見約瑟的兩個兒子,就說:「這是誰?」
9 Yosef ɖo eŋu be, “Ɛ̃, esiawoe nye ŋutsuvi siwo Mawu nam le afii le Egipte.” Israel gblɔ be, “Kplɔ wo te ɖe ŋunye ne mayra wo.”
約瑟對他父親說:「這是上帝在這裏賜給我的兒子。」以色列說:「請你領他們到我跟前,我要給他們祝福。」
10 Israel ƒe tsitsi na eƒe ŋkuwo tsi afã kple afã, eye megatea ŋu kpɔa nu tututu o. Ale Yosef kplɔ viawo te ɖe eŋu kpokploe. Egbugbɔ nu na wo, eye wòkpla asi kɔ na wo.
以色列年紀老邁,眼睛昏花,不能看見。約瑟領他們到他跟前,他就和他們親嘴,抱着他們。
11 Israel gblɔ na Yosef be, “Nyemebu tsã be magakpɔ wò o, ke azɔ Mawu na mekpɔ viwòwo hã.”
以色列對約瑟說:「我想不到得見你的面,不料,上帝又使我得見你的兒子。」
12 Tete Yosef ɖe wo ɖa le Israel ƒe atata, eye wòde ta agu, tsyɔ mo anyi.
約瑟把兩個兒子從以色列兩膝中領出來,自己就臉伏於地下拜。
13 Eye Yosef tsɔ wo ame eveawo; Efraim yi ɖe ɖusime be wòanɔ Israel ƒe miame, eye Manase yi ɖe miame be wòanɔ Israel ƒe ɖusime, eye wòkplɔ wo te ɖe Israel ŋu.
隨後,約瑟又拉着他們兩個,以法蓮在他的右手裏,對着以色列的左手,瑪拿西在他的左手裏,對着以色列的右手,領他們到以色列的跟前。
14 Ke Israel tso ga eƒe abɔwo esime wòdi be yeada yeƒe asiwo ɖe ɖeviawo ƒe tawo dzi. Ale eƒe ɖusi nɔ Efraim, ame si nye ɖevitɔ, eye wònɔ eƒe miame la ƒe ta dzi, eye eƒe miasi nɔ Manase, ame si nye tsitsitɔ, eye wònɔ eƒe ɖusime la ƒe ta dzi.
以色列伸出右手來,按在以法蓮的頭上(以法蓮乃是次子),又剪搭過左手來,按在瑪拿西的頭上(瑪拿西原是長子)。
15 Eyra Yosef kple nya siawo be, “Mawu, fofonye Abraham kple Isak ƒe Mawu, ame si kplɔm le nye agbenɔɣi katã me la nayra ŋutsuvi siawo nukutɔe.
他就給約瑟祝福說:「願我祖亞伯拉罕和我父以撒所事奉的上帝,就是一生牧養我直到今日的上帝,
16 Mawudɔla si ɖem tso xaxa ɖe sia ɖe me la nayra ɖevi siawo, woade bubu nye ŋkɔ ŋu, eye woade bubu fofonye Abraham kple Isak ƒe ŋkɔwo ŋu. Mawu naɖi ne woazu dukɔ gã aɖe.”
救贖我脫離一切患難的那使者,賜福與這兩個童子。願他們歸在我的名下和我祖亞伯拉罕、我父以撒的名下。又願他們在世界中生養眾多。」
17 Ke Yosef tɔtɔ, eye mekpɔ ŋudzedze le ale si fofoa da eƒe nuɖusi ɖe Efraim ƒe ta dzi la ŋu o. Ale wòɖe fofoa ƒe nuɖusi ɖa be yeadae ɖe Manase boŋ tɔ dzi.
約瑟見他父親把右手按在以法蓮的頭上,就不喜悅,便提起他父親的手,要從以法蓮頭上挪到瑪拿西的頭上。
18 Egblɔ be, “Ao, fofonye, ètsɔ wò nuɖusi da ɖe ame si ƒe ta dzi mele be nàdae ɖo o la! Ame si le afi sia lae nye tsitsitɔ. Da wò nuɖusi ɖe eya boŋ dzi!”
約瑟對他父親說:「我父,不是這樣。這本是長子,求你把右手按在他的頭上。」
19 Ke fofoa gbe hegblɔ nɛ be, “Vinye, menya nu si wɔm mele. Manase hã azu dukɔ gã aɖe, ke nɔvia suetɔ azu dukɔ gã wu.”
他父親不從,說:「我知道,我兒,我知道。他也必成為一族,也必昌大。只是他的兄弟將來比他還大;他兄弟的後裔要成為多族。」
20 Ale Yakob yra ɖeviawo gbe ma gbe ale: “Israelviwo nayra wo nɔewo agblɔ be, ‘Mawu nana nuwo nadze edzi na wò abe Efraim kple Manase ene!’” Ale wòtsɔ Efraim ɖo tsitsi na Manase.
當日就給他們祝福說:「以色列人要指着你們祝福說:『願上帝使你如以法蓮、瑪拿西一樣。』」於是立以法蓮在瑪拿西以上。
21 Israel gblɔ na Yosef be, “Mele kuku ge kpuie, ke Mawu anɔ kpli wò, eye wòagakplɔ wò ayi Kanaan, fofowòwo ƒe anyigba dzi.
以色列又對約瑟說:「我要死了,但上帝必與你們同在,領你們回到你們列祖之地。
22 Metsɔ Sekemnyigba si metsɔ nye yi kple dati xɔ le Amoritɔwo si la na wò ɖe nɔviwòwo teƒe be wòanye wò gome.”
並且我從前用弓用刀從亞摩利人手下奪的那塊地,我都賜給你,使你比眾弟兄多得一分。」