< Mose 1 47 >

1 Esi wova ɖo la, Yosef yi Farao gbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “Fofonye kple nɔvinyewo tso Kanaan va ɖo afii kple woƒe lãwo kpakple woƒe nuwo katã. Wodi be yewoanɔ Gosenyigba dzi.”
Then Joseph went in and told Pharaoh, and said, "My father and my brothers, with their flocks, their herds, and all that they own, have come from the land of Canaan. And look, they are in the land of Goshen."
2 Ekplɔ nɔvia ŋutsu atɔ̃ ɖe asi, eye wòɖe wo fia Farao.
And from among his brothers he took five men and presented them before Pharaoh.
3 Farao bia wo be, “Dɔ ka miewɔna?” Woɖo eŋu be, “Míenye alẽkplɔlawo abe mía tɔgbuiwo kple mía fofowo ene.
Then Pharaoh said to his brothers, "What is your occupation?" And they said to Pharaoh, "Your servants are shepherds, both we, and our fathers."
4 Míeva be míanɔ Egipte, elabena gbeɖuƒe mele Kanaanyigba dzi na míaƒe lãwo o; dɔwuame la nu sesẽ le afi ma ŋutɔ. Míele mɔ biam be nàna míanɔ Gosenyigba dzi.”
And they said to Pharaoh, "We have come to sojourn in the land, for there is no pasture for your servants' flocks. For the famine is severe in the land of Canaan. So now, please let your servants live in the land of Goshen."
5 Farao gblɔ na Yosef be, “Fofowò kple nɔviwò ŋutsuwo va gbɔwò,
Then Pharaoh spoke to Joseph, saying, "Your father and your brothers have come to you,
6 eye Egiptenyigba le ŋkuwò me. Na fofowò kple nɔviwò ŋutsuwo nanɔ anyigba la ƒe akpa nyuitɔ dzi. Na woanɔ Gosen. Ne ènya wo dometɔ aɖe si ŋu ŋutete tɔxɛ aɖe le la, nàna wòakpɔ nye ŋutɔ nye lãhawo dzi.”
and the land of Egypt is before you. Settle your father and your brothers in the best of the land. They may live in the land of Goshen. If you know any able men among them, then put them in charge of my livestock."
7 Emegbe la, Yosef kplɔ fofoa, Yakob va Farao gbɔ, eye Yakob yra Farao.
Then Joseph brought in his father Jacob, and presented him before Pharaoh, and Jacob blessed Pharaoh.
8 Farao bia Yakob be, “Ƒe neni nèxɔ?”
And Pharaoh said to Jacob, "How many are the days of the years of your life?"
9 Yakob ɖo eŋu be, “Mexɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃, meto nu sesẽ geɖewo me, eye nyemetsi abe fofonyewo ene haɖe o.”
So Jacob said to Pharaoh, "The days of the years of my sojourning are one hundred thirty years. Few and difficult have been the years of my life, and they have not attained to the days of the years of the life of my fathers in the days of their sojourning."
10 Yakob gayra Farao hafi dzo.
Then Jacob blessed Pharaoh and went out from Pharaoh's presence.
11 Ale Yosef tsɔ anyigba nyuitɔ le Egipte, afi si nye Ramesesnyigba la na fofoa kple nɔviawo abe ale si Farao gblɔe ene.
Joseph settled his father and his brothers, and gave them property in the land of Egypt, in the best of the land, in the land of Rameses, as Pharaoh had commanded.
12 Yosef na nuɖuɖu wo ɖe ame siwo dzi kpɔm wole la ƒe xexlẽme nu.
And Joseph provided food for his father, his brothers, and all of his father's household, according to the number of their dependents.
13 Dɔwuame la nu ganɔ sesẽm ɖe edzi kokoko le Egipte kple Kanaan siaa.
Now there was no food in all the land, for the famine was very severe, so that the land of Egypt and the land of Canaan grew weak because of the famine.
14 Yosef xɔ ga siwo katã le ame siwo le Egipte kple Kanaan la si, eye wòna nuɖuɖu wo ɖe woƒe ga teƒe. Etsɔ ga la de Farao ƒe gadzraɖoƒe.
Joseph gathered up all of the money to be found in the land of Egypt and in the land of Canaan, for the grain they were purchasing. And Joseph brought the money into Pharaoh's treasury.
15 Azɔ ga vɔ keŋkeŋ le ameawo si, gake wogava Yosef gbɔ kple kukuɖeɖe be wòagana nuɖuɖu yewo. Wogblɔ nɛ be, “Míaƒe ga vɔ keŋkeŋ, gake na nuɖuɖu mí, elabena mele be míaku o.”
And when the money was all spent in the land of Egypt and in the land of Canaan, all the Egyptians came to Joseph and said, "Give us food, for why should we die in your presence? For our money is gone."
16 Yosef ɖo eŋu na wo be, “Enyo, mitsɔ miaƒe lãwo nam ne miaxɔ nuɖuɖu ɖe wo teƒe.”
Then Joseph said, "Give me your livestock and I will give you food for your livestock, if your silver is gone."
17 Ale wotsɔ woƒe nyiwo vɛ na Yosef, eye woxɔ nuɖuɖu ɖe wo teƒe. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Egiptetɔwo ƒe sɔwo, alẽwo, nyiwo kple tedziwo katã zu Farao tɔ.
So they brought their livestock to Joseph, and Joseph gave them food in exchange for the horses, and for the flocks, and for the cattle, and for the donkeys. And he fed them with food in exchange for all their livestock for that year.
18 Esi ƒe trɔ la, wogayi Yosef gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míate ŋu aɣla nya aɖeke ɖe wò o. Míaƒe ga vɔ, eye míaƒe lãhawo zu tɔwò; míaƒe nu siwo susɔ la koe nye míaƒe ŋutilãwo kple míaƒe agblenyigbawo.
When that year was over, they came to him the next year and said to him, "We will not hide from my lord that all our silver is spent and that the herds of livestock belong to my lord. There is nothing left, as my lord can see, except our bodies and our lands.
19 Nu ka ta míaku ɖo? Ƒle mí kple míaƒe agblenyigbawo, eye míawo kple míaƒe agblenyigbawo siaa míazu Farao tɔ. Míadzra mía ɖokuiwo na wò axɔ nuɖuɖu, ekema míatsi agbe, eye anyigba la matsi yame o.”
Why should we die before your eyes, both we and our land? Buy us and our land in exchange for food, and we and our land will be servants to Pharaoh. Give us seed so that we may live and not die, and that the land won't become desolate."
20 Ale Yosef ƒle Egiptetɔwo ƒe agblenyigbawo katã na Farao. Egiptetɔwo katã dzra woƒe anyigbawo, elabena dɔwuame la nu sesẽ ŋutɔ. Ale anyigba la zu Farao tɔ.
So Joseph bought all the land of Egypt for Pharaoh, because every Egyptian sold his field, since the famine was severe on them. So the land became Pharaoh's.
21 Ale Egiptetɔwo katã zu awɔbamewo na Farao.
And as for the people, he subjugated them as slaves from one end of the border of Egypt to the other end of it.
22 Anyigba si meƒle o la koe nye esi nye nunɔlawo tɔ, elabena Farao naa nuɖuɖu wo, eye mehiã be woadzra woƒe anyigba o.
Only he did not buy the land of the priests, for the priests had an allotment from Pharaoh, and they lived off their allotment which Pharaoh gave them. Therefore they did not have to sell their land.
23 Yosef gblɔ na ameawo be, “Meƒle miawo ŋutɔ kple miaƒe anyigbawo na Farao. Blie nye esi, miyi miade agble.
Then Joseph said to the people, "Look, I have bought you and your land today for Pharaoh. Look, here is seed for you so you can plant the seed in the land.
24 Mima nu sia nu si miaxa la ɖe akpa atɔ̃ me; ɖeka nanye Farao tɔ. Akpa ene nanye mia tɔ, wòanye nuƒaƒã le ƒe si gbɔna la me kple nuɖuɖu na miawo ŋutɔ miaƒe aƒemetɔwo kple mia viwo.”
And it will come to pass at the harvests that you must give a fifth to Pharaoh, and four-fifths will be yours for seed for the field, and for your food, and for those of your households, and as food for your little ones."
25 Ameawo gblɔ be “Èɖe míaƒe agbe! Aƒetɔ, ne àlɔ̃ la, míanye awɔbamewo na Farao.”
Then they said, "You have saved our lives. Let us find favor in the sight of my lord, and we will be Pharaoh's slaves."
26 Eya ta Yosef wɔe wòzu se le Egiptenyigba blibo la dzi va se ɖe egbegbe be woadzɔ agblemenukuwo katã ƒe akpa atɔ̃lia na Farao. Nuku siwo woƒã ɖe nunɔlawo ƒe anyigba dzi la koe mele eme o.
So Joseph made it a statute still in effect for the land of Egypt, that a fifth must go to Pharaoh. Only the land of the priests alone did not become Pharaoh's.
27 Ale Israel nɔ Gosenyigba dzi le Egipte. Nuwo de asi nyonyo me na Israelviwo kabakaba, eye wodzi sɔ gbɔ fũu.
So Israel lived in the land of Egypt, in the land of Goshen. And they acquired property in it and were fertile and became numerous.
28 Yakob ganɔ agbe ƒe wuiadre esime wòva ɖo Gosen, ale exɔ ƒe alafa ɖeka blaene-vɔ-adre hafi ku.
And Jacob lived in the land of Egypt seventeen years. So the days of Jacob, the years of his life, were one hundred forty-seven years.
29 Esi Israel ƒe kuɣi gogo la, eyɔ via Yosef gblɔ nɛ be, “Ka atam nam be yeawɔ nye didi mamlɛtɔ dzi nam: Mègaɖim ɖe Egipte o.
And the time approached for Israel to die, so he summoned his son Joseph and said to him, "If now I have found favor in your sight, please put your hand under my thigh and deal kindly and truly with me. Please do not bury me in Egypt,
30 Ne meku la, tsɔm dzoe le Egipte, eye nàɖim ɖe tɔgbuinyewo xa.” Yosef ka atam sia.
but when I lie down with my fathers you must carry me out of Egypt and bury me in their burial place." And he said, "I will do what you have asked."
31 Israel ƒoe ɖe enu be, “Ka atam nam be yeawɔe.” Yosef ka atam la. Tete Israel gamlɔ eƒe aba dzi.
Then he said, "Take an oath to me," and he took an oath to him. Then Israel bowed over the top of his staff.

< Mose 1 47 >