< Mose 1 46 >

1 Ale Israel dze mɔ kple eƒe nuwo katã, eye esi wòva ɖo Beerseba la, esa vɔ na fofoa Isak ƒe Mawu.
And Israel took his journey with all that he had, and came to Beersheba, and offered sacrifices to the God of his father Isaac.
2 Le zã me la, Mawu ƒo nu na Israel le ŋutega me. Mawu yɔe be, “Yakob! Yakob!” Yakob tɔ be, “Nyee nye esi.”
And God spoke to Israel in the visions of the night, and said, Jacob, Jacob. And he said, Here I am.
3 Gbe la gblɔ be, “Nyee nye Mawu, fofowò ƒe Mawu, mègavɔ̃ na Egipte yiyi o, elabena mana nàzu dukɔ gã aɖe le afi ma.
And he said, I am God, the God of thy father. Fear not to go down into Egypt, for I will there make of thee a great nation.
4 Mayi Egipte kpli wò, eye magakplɔ wò agbɔe godoo, eye Yosef ŋutɔ ƒe asi amia wò ŋkuwo.”
I will go down with thee into Egypt, and I will also surely bring thee up again, and Joseph shall put his hand upon thine eyes.
5 Ale Yakob dzo le Beerseba, eye Israel ƒe viwo kɔe kple wo viwo kpakple wo srɔ̃wo ɖe tasiaɖam siwo Farao na wo la me yi Egipte.
And Jacob rose up from Beersheba, and the sons of Israel carried Jacob their father, and their little ones, and their wives, in the wagons which Pharaoh had sent to carry him.
6 Wotsɔ woƒe lãwo kple nu siwo katã wokpɔ le Kanaanyigba dzi la ɖe asi yi Egipte.
And they took up their goods, and all their property, which they had gotten in the land of Canaan, they came into the land of Egypt, Jacob, and all his seed with him:
7 Wokplɔ Yakob kple via ŋutsuwo, via nyɔnuwo, tɔgbuiyɔvia ŋutsuwo kple tɔgbuiyɔvia nyɔnuwo siaa yi Egipte.
the sons, and the sons of his sons with him, his daughters, and the daughters of his daughters. And he brought all his seed into Egypt.
8 Israel alo Yakob ƒe viwo kple eƒe tɔgbuiyɔvi siwo yi Egipte kplii la woe nye: Ruben, Yakob ƒe viŋutsu tsitsitɔ.
And these are the names of the sons of Israel, who came into Egypt, Jacob and his sons: Reuben, Jacob's firstborn.
9 Ruben ƒe viwo: Hanok, Palu, Hezron kple Karmi.
And the sons of Reuben: Hanoch, and Pallu, and Hezron, and Carmi.
10 Simeon ƒe viŋutsuwo: Yemuel, Yamin, Ohad, Yakin, Zohar kple Saul. Kanaan nyɔnu aɖee nye Saul dada.
And the sons of Simeon: Jemuel, and Jamin, and Ohad, and Jachin, and Zohar, and Shaul the son of a Canaanite woman.
11 Levi ƒe viŋutsuwo: Gerson, Kohat, Merari.
And the sons of Levi: Gershon, Kohath, and Merari.
12 Yuda ƒe viŋutsuwo: Er, Onan, Sela, Perez, Zera. (Ke Er kple Onan ku le Kanaan do ŋgɔ na Israel ƒe ʋuʋu yi Egipte.) Perez ƒe viŋutsuwoe nye: Hezron kple Hamul.
And the sons of Judah: Er, and Onan, and Shelah, and Perez, and Zerah. But Er and Onan died in the land of Canaan. And the sons of Perez were Hezron and Hamul.
13 Isaka ƒe viŋutsuwo: Tola, Puva, Yob, Simrɔn.
And the sons of Issachar: Tola, and Puvah, and Iob, and Shimron.
14 Zebulon ƒe viŋutsuwo: Sered, Elon, Yahlil.
And the sons of Zebulun: Sered, and Elon, and Jahleel.
15 Esiawoe nye viŋutsu siwo Lea dzi na Yakob le Padan Aram, kpe ɖe via nyɔnuvi Dina ŋu. Viŋutsu kple vinyɔnu siawo katã le blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃.
These are the sons of Leah, whom she bore to Jacob in Paddan-aram, with his daughter Dinah. All the souls of his sons and his daughters were thirty-three.
16 Gad ƒe viŋutsuwoe nye: Zefon, Hagi, Suni, Ezbon, Eri, Arodi kple Areli.
And the sons of Gad: Ziphion, and Haggi, Shuni, and Ezbon, Eri, and Arodi, and Areli.
17 Aser ƒe viŋutsuwoe nye: Imna, Isva, Isvi kple Beria. Wo nɔvinyɔnu ŋkɔe nye Sera. Beria ƒe viŋutsuwoe nye: Heber kple Malkiel.
And the sons of Asher: Imnah, and Ishvah, and Ishvi, and Beriah, and Serah their sister. And the sons of Beriah: Heber, and Malchiel.
18 Ame wuiade siawo nye Yakob kple Zilpa, kosi si Lea fofo Laban tsɔ na Lea la ƒe viŋutsuwo.
These are the sons of Zilpah, whom Laban gave to Leah his daughter; and these she bore to Jacob, even sixteen souls.
19 Esiawoe nye Yakob ƒe viŋutsu siwo srɔ̃a Rahel dzi nɛ: Yosef kple Benyamin.
The sons of Rachel Jacob's wife: Joseph and Benjamin.
20 Yosef ƒe viŋutsu siwo wòdzi le Egipte la woe nye: Manase kple Efraim. Wo dadae nye Asenat, Potifera, ame si nye nunɔla na On ƒe vinyɔnu la.
And to Joseph in the land of Egypt were born Manasseh and Ephraim, whom Asenath, the daughter of Poti-phera priest of On, bore to him.
21 Benyamin ƒe viŋutsuwo: Bela, Beker, Asbel, Gera, Naaman, Ehi, Ros, Mupim, Hupim kple Ard.
And the sons of Benjamin: Bela, and Becher, and Ashbel, Gera, and Naaman, Ehi, and Rosh, Muppim, and Huppim, and Ard.
22 Woawoe nye viŋutsu siwo Rahel dzi na Yakob; wo katã le ame wuiene.
These are the sons of Rachel, who were born to Jacob: all the souls were fourteen.
23 Dan ƒe viŋutsue nye: Husim.
And the sons of Dan: Hushim.
24 Naftali ƒe viŋutsuwoe nye: Yaziel, Guni, Yezer kple Silem.
And the sons of Naphtali: Jahzeel, and Guni, and Jezer, and Shillem.
25 Esiawoe nye Bilha, kosi si Laban tsɔ na via nyɔnu Rahel la ƒe viŋutsu siwo wòdzi na Yakob—wo katã le ame adre.
These are the sons of Bilhah, whom Laban gave to Rachel his daughter, and these she bore to Jacob. All the souls were seven.
26 Ale ame siwo katã yina Egipte, eye wonye Yakob ƒe dzidzimeviwo, ne Yakob ƒe viŋutsuwo srɔ̃wo mele eme o la, wode ame blaade-vɔ-ade.
All the souls that came with Jacob into Egypt, that came out of his loins, besides Jacob's sons' wives, all the souls were sixty-six.
27 Ne Yosef ƒe viŋutsu eveawo kpee la, Yakob ƒe aƒemetɔwo de blaadre le Egipte.
And the sons of Joseph, who were born to him in Egypt, were two souls. All the souls of the house of Jacob, that came into Egypt, were seventy.
28 Yakob na Yuda do ŋgɔ be wòagblɔ na Yosef be yewole mɔa dzi gbɔna, eye esusɔ vie yewoaɖo Gosen. Eteƒe medidi o la, woɖo Gosen.
And he sent Judah before him to Joseph, to show the way before him to Goshen, and they came into the land of Goshen.
29 Yosef dzo ge ɖe eƒe tasiaɖam me, eye wòyi ɖakpe fofoa Israel le Gosen. Wokpla asi kɔ na wo nɔewo, eye wofa avi ɣeyiɣi didi aɖe.
And Joseph made his chariot ready, and went up to meet Israel his father, to Goshen. And he presented himself to him, and fell on his neck, and wept on his neck a good while.
30 Israel gblɔ na Yosef be, “Azɔ la, mate ŋu aku faa, elabena megakpɔ wò agbagbee.”
And Israel said to Joseph, Now let me die, since I have seen thy face, that thou are yet alive.
31 Yosef gblɔ na nɔviawo kple woƒe aƒemetɔwo katã be, “Mayi aɖagblɔ na Farao be mieva ɖo, eye mietso Kanaanyigba dzi be miava anɔ afi sia kplim.
And Joseph said to his brothers, and to his father's house, I will go up, and tell Pharaoh, and will say to him, My brothers, and my father's house, who were in the land of Canaan, have come to me.
32 Mana wòanya be, ‘Ame siawo nye alẽkplɔlawo. Wova kple woƒe lãwo kple nu siwo katã le wo si la.’
And the men are shepherds, for they have been keepers of cattle, and they have brought their flocks, and their herds, and all that they have.
33 Eya ta ne Farao yɔ mi, eye wòbia be dɔ ka miewɔna hã la,
And it shall come to pass, when Pharaoh shall call you, and shall say, What is your occupation?
34 migblɔ nɛ be, ‘Míenye alẽkplɔlawo tso keke míaƒe ɖekakpuime ke abe ale si mía fofowo hã nye alẽkplɔlawo ene.’ Ne miegblɔ nɛ alea la, ana mianɔ Gosenyigba dzi le afi sia, elabena wodoa vlo alẽkplɔlawo, eye wolé fu wo le Egipte ƒe akpa bubuawo.”
that ye shall say, Thy servants have been keepers of cattle from our youth even until now, both we, and our fathers, that ye may dwell in the land of Goshen, for every shepherd is an abomination to the Egyptians.

< Mose 1 46 >