< Mose 1 45 >

1 Yosef magate ŋu aɖu eɖokui dzi azɔ o. Eɖe gbe na eŋumewo katã be, “Ame sia ame nado go.” Ale eya kple nɔviawo koe susɔ.
Then Joseph could not control himself before all those who stood before him, and he called out, “Cause everyone to go out from me!” No one else stood with him, while Joseph made himself known to his brothers.
2 Tete wòde asi avifafa me sesĩe. Egiptetɔwo se eƒe avifafa le fiasã la me, eye eƒe avifafa ƒe nya ɖo Fia Farao ƒe fiasã me enumake.
He wept aloud. The Egyptians heard, and the house of Pharaoh heard.
3 Egblɔ na nɔviawo be, “Nyee nye Yosef! Fofonye gale agbea?” Ke nɔviawo lulũ ale gbegbe be womete ŋu ke nu o.
Joseph said to his brothers, “I am Joseph! Does my father still live?” His brothers could not answer him; for they were terrified at his presence.
4 Egblɔ na wo be, “Mite va gbɔnye.” Ale wote ɖe eŋu. Egagblɔ na wo be, “Nyee nye Yosef, mia nɔvi, ame si miedzra wokplɔ dzoe yi Egipte!
Joseph said to his brothers, “Come near to me, please.” They came near. He said, “I am Joseph, your brother, whom you sold into Egypt.
5 Gake migado dɔmedzoe ɖe mia ɖokuiwo ŋu be yewowɔ nu sia ɖe ŋunye o, elabena Mawue wɔe! Eɖom ɖe afi sia do ŋgɔ na mi, ale be mate ŋu aɖe miaƒe agbe.
Now do not be grieved, nor angry with yourselves, that you sold me here, for God sent me before you to preserve life.
6 Ƒe eve koe nye esia dɔwuame la va, eye anɔ anyi wòade ƒe adre esime nuƒaƒã alo nuŋeŋe manɔ anyi o.
For these two years the famine has been in the land, and there are yet five years, in which there will be no plowing and no harvest.
7 Mawu ɖom ɖe afi sia be mana miawo kple miaƒe ƒometɔwo miatsi agbe, ale be miate ŋu azu dukɔ gã aɖe.
God sent me before you to preserve for you a remnant in the earth, and to save you alive by a great deliverance.
8 “Ɛ̃, Mawue ɖom ɖe afi sia, menye miawoe o. Ewɔm aɖaŋuɖolae na Farao, eye wòna mezu dzikpɔla na dukɔ la katã kple Egiptenyigba blibo la dzi ɖula.
So now it was not you who sent me here, but God, and he has made me a father to Pharaoh, lord of all his house, and ruler over all the land of Egypt.
9 “Miɖe abla miayi fofonye gbɔ, eye miagblɔ nɛ be viwò Yosef be, ‘Mawu ɖom amegãe ɖe Egiptenyigba blibo la dzi. Va gbɔnye fifi laa!
Hurry, and go up to my father, and tell him, ‘This is what your son Joseph says, “God has made me lord of all Egypt. Come down to me. Do not wait.
10 Ànɔ Gosen ƒe anyigba dzi, ale be wò kple viwòwo katã, wò tɔgbuiyɔviwo, wò lãwo kple nu siwo katã le asiwò la, miate ɖe ŋunye.
You shall dwell in the land of Goshen, and you will be near to me, you, your children, your children’s children, your flocks, your herds, and all that you have.
11 Makpɔ dziwò le afi ma, elabena ƒe atɔ̃ ƒe dɔwuame gale mía ŋgɔ. Ne menye nenema o la, wò kple wò aƒemetɔwo kple ame siwo katã nye tɔwòwo la, miazu dɔwuitɔwo.’
There I will provide for you; for there are yet five years of famine; lest you come to poverty, you, and your household, and all that you have.”’
12 “Miawo ŋutɔ miate ŋu akpɔe, eye nenema ke nɔvinye Benyamin hã, be nye tututue nye ame si le nu ƒom na mi la.
Behold, your eyes see, and the eyes of my brother Benjamin, that it is my mouth that speaks to you.
13 “Migblɔ ŋusẽ si le asinye le Egipte kple ale si ame sia ame ɖoa tom la na mía fofo, eye miakplɔe vɛ nam kaba.”
You shall tell my father of all my glory in Egypt, and of all that you have seen. You shall hurry and bring my father down here.”
14 Tete wòde asi dzidzɔvifafa me. Ekpla asi kɔ na Benyamin, eye eya hã de asi avifafa me.
He fell on his brother Benjamin’s neck and wept, and Benjamin wept on his neck.
15 Egbugbɔ nu na nɔviawo dometɔ ɖe sia ɖe, eye wògafa dzidzɔvi. Azɔ ko hafi nɔviawo te ŋu ƒo nu.
He kissed all his brothers, and wept on them. After that his brothers talked with him.
16 Nya la ɖo Farao gbɔ be, “Yosef nɔviwo va.” Esi Farao kple eŋumewo se nya sia la, dzi dzɔ wo ŋutɔ.
The report of it was heard in Pharaoh’s house, saying, “Joseph’s brothers have come.” It pleased Pharaoh well, and his servants.
17 Farao gblɔ na Yosef be, “Gblɔ na nɔviwòwo be woado agba na woƒe tedziwo enumake, atrɔ ayi wo de le Kanaan kaba,
Pharaoh said to Joseph, “Tell your brothers, ‘Do this: Load your animals, and go, travel to the land of Canaan.
18 eye woakplɔ mia fofo kple miaƒe ƒometɔwo katã ava Egipte, ale be woanɔ afi sia. Gblɔ na wo be, ‘Farao ana teƒe nyuitɔ kekeake wo le Egipte. Mianɔ agbe ɖe anyigba sia ƒe nu nyuiwo dzi!’
Take your father and your households, and come to me, and I will give you the good of the land of Egypt, and you will eat the fat of the land.’
19 Gblɔ na nɔviwòwo be woatsɔ tasiaɖamwo tso Egipte be woakɔ wo srɔ̃wo kple ɖeviwo, eye woakplɔ wo fofo va afi sia.
Now you are commanded to do this: Take wagons out of the land of Egypt for your little ones, and for your wives, and bring your father, and come.
20 Migatsi dzi ɖe nu siwo le mia si la ŋu o, elabena Egipte ƒe anyigba nyuitɔ zu mia tɔ.”
Also, do not concern yourselves about your belongings, for the good of all the land of Egypt is yours.”
21 Yosef tsɔ tasiaɖamwo na Israel ƒe viwo abe ale si Farao gblɔ ene, eye wòtsɔ nu si woaɖu le mɔzɔzɔ me la hã na wo.
The sons of Israel did so. Joseph gave them wagons, according to the commandment of Pharaoh, and gave them provision for the way.
22 Etsɔ awu yeyewo na wo dometɔ ɖe sia ɖe, ke etsɔ awudodo atɔ̃ kple klosalo alafa atɔ̃ na Benyamin.
He gave each one of them changes of clothing, but to Benjamin he gave three hundred pieces of silver and five changes of clothing.
23 Ena tedzi ewo tsɔ nu nyui siwo le Egipte la yi na fofoa, eye wògana tedzi ewo bubu tsɔ bli kple nuɖuɖu vovovowo yi nɛ be wòaɖu le mɔa dzi.
He sent the following to his father: ten donkeys loaded with the good things of Egypt, and ten female donkeys loaded with grain and bread and provision for his father by the way.
24 Ale wòdo mɔ nɔviawo. Nya mamlɛtɔ si Yosef gblɔ na nɔviawo lae nye, “Migawɔ dzre le mɔa dzi o hee!”
So he sent his brothers away, and they departed. He said to them, “See that you do not quarrel on the way.”
25 Ale wodzo le Egipte trɔ yi Kanaanyigba dzi le wo fofo Yakob gbɔ.
They went up out of Egypt, and came into the land of Canaan, to Jacob their father.
26 Wodo ɣli gblɔ na wo fofo be, “Yosef le agbe, eye wòzu Egiptenyigba blibo la dzi ɖula!” Ke nya la wɔ moya na Yakob ale gbegbe be mexɔe se o.
They told him, saying, “Joseph is still alive, and he is ruler over all the land of Egypt.” His heart fainted, for he did not believe them.
27 Ke esi wogblɔ nya siwo Yosef be woagblɔ nɛ, eye wòkpɔ tasiaɖam siwo me nuɖuɖu si Yosef ɖo ɖee le la, Yakob ƒe dzi ɖo eme azɔ.
They told him all the words of Joseph, which he had said to them. When he saw the wagons which Joseph had sent to carry him, the spirit of Jacob, their father, revived.
28 Israel gblɔ be, “Nyateƒee, vinye Yosef le agbe, mayi aɖakpɔe ɖa hafi aku.”
Israel said, “It is enough. Joseph my son is still alive. I will go and see him before I die.”

< Mose 1 45 >