< Mose 1 40 >

1 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Egipte fia ƒe ahakula kple aboloƒola da vo ɖe woƒe aƒetɔ ŋu.
While these things were going on, it happened that two eunuchs, the cupbearer of the king of Egypt, and the miller of grain, offended their lord.
2 Farao do dɔmedzoe ɖe dɔwɔla eve siawo, ahakulawo ƒe amegã kple aboloƒolawo ƒe amegã ŋu,
And Pharaoh, being angry with them, (now the one was in charge of the cupbearers, the other of the millers of grain)
3 eye wòlé wo ame eveawo de gaxɔ si me Yosef nɔ le Potifar, ame si nye fiaŋumewo ƒe amegã la ƒe mɔ me.
sent them to the prison of the leader of the military, in which Joseph also was a prisoner.
4 Wonɔ afi ma eteƒe didi, eye Potifar ɖoe na Yosef be wòakpɔ wo dzi.
But the keeper of the prison delivered them to Joseph, who ministered to them also. Some little time passed by, while they were held in custody.
5 Le zã aɖe me la, ame eve siawo dometɔ ɖe sia ɖe, fia ƒe ahakula kple abolomela ku drɔ̃e vovovowo. Drɔ̃e ɖe sia ɖe kple egɔmeɖeɖe.
And they both saw a similar dream on one night, whose interpretations should be related to one another.
6 Esi ŋu ke la, Yosef kpɔ be wolé blanui.
And when Joseph had entered to them in the morning, and had seen them sad,
7 Yosef bia wo be, “Nu ka tututue le mia wɔm?”
he consulted them, saying, “Why is your expression sadder today than usual?”
8 Woɖo eŋu be, “Mí ame evea míeku drɔ̃e le zã si va yi la me, ke ame aɖeke mele afi sia aɖe drɔ̃eawo gɔme na mí o.” Yosef gblɔ na wo be, “Mawue ɖea drɔ̃e gɔme; ke milĩ drɔ̃eawo nam kpɔ.”
They responded, “We have seen a dream, and there is no one to interpret it for us.” And Joseph said to them, “Doesn’t interpretation belong to God? Recount for me what you have seen.”
9 Ale ahakulawo ƒe amegã la lĩ eƒe drɔ̃e la na Yosef. Egblɔ nɛ be, “Mekpɔ wainka aɖe le ŋgɔnye le nye drɔ̃e la me,
The chief cupbearer explained his dream first. “I saw before me a vine,
10 eye alɔ etɔ̃ nɔ wainka la ŋu. Esi wode asi dzedze kple seƒoƒo me ko la, woƒe tsetsewo de asi ɖiɖi me.
on which were three shoots, which grew little by little into buds, and, after the flowers, it matured into grapes.
11 Melé Farao ƒe ahakplu ɖe asi, ale megbe waintsetseawo, eye mefia wo ɖe kplu la me hetsɔ na fia la be wòano.”
And the cup of Pharaoh was in my hand. Therefore, I took the grapes, and I pressed them into the cup that I held, and I handed the cup to Pharaoh.”
12 Yosef gblɔ nɛ be, “Mese wo drɔ̃e la gɔme. Alɔdze etɔ̃awo fia ŋkeke etɔ̃!
Joseph responded: “This is the interpretation of the dream. The three shoots are the next three days,
13 Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Farao aɖe wò tso gaxɔ me, eye wòana nàgayi wò dɔ dzi abe ahakula ene.
after which Pharaoh will remember your service, and he will restore you to your former position. And you will give him the cup according to your office, as you were accustomed to do before.
14 Ne ègatrɔ yi wò dɔ me, eye mi kple Farao dome gava nyo la, meɖe kuku na wò be nàve nunye, aɖo ŋku dzinye na Farao be wòaɖem le gaxɔ me,
Only remember me, when it will be well with you, and do me this mercy, to suggest to Pharaoh to lead me out of this prison.
15 elabena woƒlem dzoe tso nye amewo, Hebritɔwo dome; kpe ɖe esia ŋu la, meva le gaxɔ me le afi sia le esime nyemewɔ naneke si dze na gaxɔmenɔnɔ o.”
For I have been stolen from the land of the Hebrews, and here, innocently, I was cast into the pit.”
16 Esi aboloƒolawo ƒe amegã kpɔ be nya nyui le drɔ̃e gbãtɔ ƒe gɔmeɖeɖe me la, eya hã lĩ eƒe drɔ̃e la na Yosef hegblɔ be, “Le nye drɔ̃ekuku me la, melé abolokusi etɔ̃ ɖe ta;
The chief miller of grain, seeing that he had wisely unraveled the dream, said: “I also saw a dream: that I had three baskets of meal above my head,
17 abolo ƒomevi vovovowo le kusi edzitɔ me na Farao, ke xeviwo va ɖu wo keŋkeŋ.”
and in one basket, which was the highest, I carried all foods that are made by the art of baking, and the birds ate from it.”
18 Yosef gblɔ nɛ be, “Drɔ̃e la gɔmee nye be kusi etɔ̃awo fia ŋkeke etɔ̃.
Joseph responded: “This is the interpretation of the dream. The three baskets are the next three days,
19 Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Farao atso ta le nuwò, ahe wò ɖe ati ŋu, eye xeviwo aɖu wò lã.”
after which Pharaoh will carry away your head, and also suspend you from a cross, and the birds will tear your flesh.”
20 Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Farao ɖu eƒe dzigbezã, eye wòɖo kplɔ gã aɖe na eŋumewo kple eƒe aƒemetɔwo. Ena wokplɔ ahakula la kple aboloƒolawo ƒe amegã la tso gaxɔ me vɛ.
The third day thereafter was the birthday of Pharaoh. And making a great feast for his servants, he remembered, during the banquet, the chief cupbearer and the chief miller of grain.
21 Tete wògatsɔ ahakulawo ƒe amegã ƒe dɔ nɛ;
And he restored the one to his place, to present him the cup;
22 ke etso kufia na aboloƒolawo ƒe amegã ya be woatɔ eƒe ŋutilã ɖe ati nu abe ale si Yosef gblɔe do ŋgɔ tututu ene.
the other he hanged on a gallows, and thus the truth of the interpreter of dreams was proven.
23 Ke Farao ƒe ahakulawo ƒe amegã la ŋlɔ Yosef be enumake, eye megabua eŋu kura o.
And although he advanced with so much prosperity, the chief cupbearer forgot his interpreter of dreams.

< Mose 1 40 >