< Mose 1 38 >

1 Le ɣe ma ɣi me la, Yuda ʋu le nɔviawo gbɔ heyi Adulam, eye wònɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Hira la gbɔ.
Бысть же в то время, отиде Иуда от братии своея и прииде к человеку некоему Одолламитину, емуже имя Ирас:
2 Yuda do go Kanaan nyɔnu aɖe si nye Sua ƒe vi la le afi ma, eye wòɖee.
и виде тамо Иуда дщерь человека Хананейска, ейже имя Сава: и поят ю, и вниде к ней:
3 Efɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Er.
и заченши роди сына, и нарече имя ему Ир:
4 Egafɔ fu, dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Onan.
и заченши еще роди сына и нарече имя ему Авнан:
5 Egadzi ŋutsuvi ake, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Sela; teƒe si wodzii le lae nye Kezib.
и приложивши роди сына (третияго) и нарече имя Силом: сия же бе в Хасве, егда роди сих.
6 Esi via Er tsi la, Yuda na wòɖe nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Tamar.
И поя Иуда жену Иру первенцу своему, ейже имя Фамарь.
7 Ke Er, Yuda ƒe ŋgɔgbevi nye ŋutsu vɔ̃ɖi aɖe, eya ta Yehowa wui.
Бысть же Ир первенец Иудин зол пред Господем: и уби его Бог.
8 Yuda gblɔ na Er nɔviŋutsu Onan be, “Ele be nàɖe Tamar abe ale si míaƒe se di tso ame kuku nɔviŋutsu si be wòawɔ ene, ale be Tamar ƒe vi siwo wòadzi na wò la nanyi nɔviwò kukua ƒe dome.”
Рече же Иуда Авнану: вниди к жене брата твоего и совокупися с нею, и возстави семя брату твоему.
9 Ke Onan medi be yeadzi vi si womabu abe ye ŋutɔ tɔ ene o, eya ta togbɔ be eɖe Tamar hã la, ɣe sia ɣi si wòadɔ Tamar gbɔ la, enana eƒe ŋutsutsi la duduna ɖe aba la dzi, ale be Tamar mafɔ fu adzi vi si anye nɔvia kukua tɔ o.
Познав же Авнан, яко не ему будет семя, бысть егда вхождаше к жене брата своего, проливаше (семя) на землю, еже не дати семене брату своему:
10 Le Yehowa gbɔ la, enye nu vɔ̃ Onan wɔ be wògbe be yemadzi vi na ye nɔvi kukua o, eya ta Yehowa wu eya hã.
зло же явися пред Богом, яко сотвори сие: и умертви и сего.
11 Eya ta Yuda gblɔ na toyɔvia, Tamar be megaɖe srɔ̃ azɔ le ɣe ma ɣi me o, ke boŋ wòatrɔ ayi wo de le edzilawo gbɔ, eye wòanye ahosi va se ɖe esime ye vi suetɔ, Sela natsi ate ŋu aɖee. Ke Yuda meɖo le nyateƒe me be Sela naɖee o, gake egblɔ nenema, elabena evɔ̃ be Mawu ava wu eya hã abe ale si wòwu foa eveawo ene. Ale Tamar yi wo de le edzilawo gbɔ.
Рече же Иуда Фамари, невестце своей (по смерти дву сынов своих): седи вдовою в дому отца твоего, дондеже велик будет Силом, сын мой. Рече бо (во уме си): да не когда умрет и сей, якоже и братия его. Отшедши же Фамарь, седяше в дому отца своего.
12 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yuda srɔ̃ ku. Le kunuwɔwɔ nɛ vɔ megbe la, Yuda kple exɔlɔ̃, Hira, Adulamtɔ la yi Timna be woakpɔ fukoko na alẽwo dzi.
Умножишася же дние, и умре Сава жена Иудина. И утешився Иуда, взыде к стригущым овцы его сам, и Ирас пастырь его Одолламитин, во Фамну.
13 Esi ame aɖe gblɔ na Tamar be toa dze Timna mɔ dzi hegbɔna fu ko ge na alẽawo,
И возвестиша Фамари невестце его, глаголюще: се, свекор твой восходит во Фамну стрищи овцы своя.
14 eye esi wònya azɔ kɔtɛe be womaɖe mɔ yeaɖe Sela o, togbɔ be Sela tsi azɔ hã la, eɖe eƒe ahovɔ da ɖi, eye wòtsɔ motsyɔvɔ tsyɔ mo, ale be womagadze si ye o. Enɔ anyi ɖe mɔ to le Enaim si le Timna mɔ dzi la ƒe agbo nu.
Она же свергши ризы вдовства с себе, облечеся в ризу летнюю и украсися, и седе пред враты Енани, яже суть на пути Фамны: ведяше бо, яко велик бысть Силом: сей же не даде ея ему в жену.
15 Yuda kpɔe esime wòva yina, eye wòbu be gboloe le eƒe motsyɔvɔ la ta.
И видев ю Иуда, возмне ю блудницу быти: покры бо лице свое, и не позна ея.
16 Ale Yuda gogoe hebiae be wòana yeadɔ egbɔ, ke menya be ye ŋutɔ yeƒe toyɔvie o. Tamar biae be, “Ho neni nàxe nam?”
Уклонися же к ней путем и рече ей: попусти ми внити к себе. Не позна бо, яко невестка ему есть. Она же рече: что ми даси, аще внидеши ко мне?
17 Yuda do ŋugbe nɛ be, “Maɖo gbɔ̃vi aɖe ɖe wò tso nye lãwo dome.” Tamar biae be, “Nu ka nàtsɔ ade awɔba, ale be maka ɖe edzi be àɖo gbɔ̃vi la ɖem?”
Он же рече: аз тебе послю козлище коз от овец моих. Она же рече: аще даси ми залог, дондеже пришлеши.
18 Yuda biae be, “Enyo, awɔbanu kae nèhiã?” Tamar ɖo eŋu be, “Tsɔ wò ŋkɔsigɛ si nètsɔna dea dzesi wò nuwo kple wò atizɔti nam.” Ale Yuda tsɔ wo nɛ. Tamar lɔ̃ Yuda dɔ egbɔ, eye wòfɔ fu.
Он же рече: кий залог тебе дам? Она же рече: перстень твой и гривну, и жезл иже в руце твоей. И даде ей, и вниде к ней, и зача во утробе от него.
19 Le esia megbe la, Tamar gade asi eƒe ahovɔ la tata me abe tsã ene.
И воставши отиде, и сверже ризу летнюю с себе и облечеся в ризы вдовства своего.
20 Yuda gblɔ na exɔlɔ̃ Hira, Adulamtɔ la be wòalé gbɔ̃vi la ayi na Tamar, eye wòaxɔ awɔbanuawo vɛ, ke Hira mete ŋu ke ɖe Tamar ŋu o.
Посла же Иуда козлище от коз рукою пастыря своего Одолламитина взяти залог от жены, и не обрете ея.
21 Hira bia dua me ŋutsuwo be, “Afi ka gbolo si nɔa ŋutsuwo dim le mɔ to le Enaim dua ƒe agbonu la le?” Woɖo eŋu be, “Gbolo aɖeke menɔ afi sia kpɔ o.”
Вопроси же мужей места того и рече им: где есть блудница бывшая во Енане на распутии? И реша: не бе зде блудница.
22 Ale wòtrɔ va Yuda gbɔ, gblɔ nɛ be yemete ŋu ke ɖe eŋu o, eye wògblɔ nya si dua me ŋutsuwo gblɔ nɛ la na Yuda.
И возвратися ко Иуде и рече: не обретох: и человецы места того глаголют: несть зде блудницы.
23 Yuda gblɔ be, “Ekema awɔbanuawo netsi egbɔ faa! Míedze agbagba ale si míate ŋui. Ne míegale eyome tim kokoko la, dua me tɔwo ako mí. Meɖo gbɔ̃tsu la ɖee, ke mèkpɔe o.”
Рече же Иуда: да имать та: но да не когда посмеются нам: аз убо послах козлище сие, ты же не обрел еси.
24 Le ɣleti etɔ̃ megbe la, woɖo du ɖe Yuda be toyɔvia Tamar fɔ fu le gbolowɔwɔ ta. Yuda do ɣli be, “Mihee vɛ, eye miatɔ dzoe!”
Бысть же по трех месяцех, поведаша Иуде, глаголюще: соблуди Фамарь невестка твоя, и се, во утробе имать от блуда. Рече же Иуда: изведите ю, и да сожгут ю.
25 Ke esi wohee yina wuwu ge la, eɖo du ɖe toa be, “Ame si tɔ ŋkɔsigɛ kple eŋuti ka kple atizɔti sia nye la, eya tututue nye ɖevi si dzi ge megbɔna la fofo. Ènya nane tso ŋkɔsigɛ kple atizɔti sia ŋua?”
Она же ведома посла к свекру своему, глаголющи: от человека, егоже сия суть, аз во утробе имам. И рече: познай, чий перстень и гривна и жезл сей.
26 Yuda lɔ̃ be ye tɔwoe, eye wògblɔ be, “Etɔ dzɔ, elabena megbe be nyemawɔ ŋugbedodo dzi atsɔe na vinye, Sela wòaɖe o.” Tso ema dzi la, megadɔ kplii kpɔ o.
Позна же Иуда и рече: оправдася Фамарь паче мене, яко не дах ея Силому сыну моему. И не приложи ктому познати ю.
27 Eƒe vidziɣi ɖo, eye wòdzi evenɔvi siwo nye ŋutsuviwo.
Бысть же егда раждаше, и беста близнята во утробе ея.
28 Esi wònɔ ɖeviawo dzim la, vixela la sa ka dzĩ aɖe ɖe ɖevi si do gbɔna gbã la ƒe alɔnu,
Бысть же в рождении ея, един произнесе руку: вземши же баба навяза на руку его червлень, глаголющи: сей изыдет первый.
29 ke ɖevi la he asi ɖe megbe yi dadaa ƒe dɔ me, eye wodzi ɖevi evelia gbã. Vixela la bia be, “Nu ka ta nèdo ŋgɔ na nɔviwòa ɖo?” Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa ɖevi sia be Perez si gɔmee nye “Ŋgɔdodo.”
Егда же вовлече руку, и абие изыде брат его. Она же рече: что пресечеся тебе ради преграждение? И прозва имя ему Фарес.
30 Eteƒe medidi hafi wodzi ɖevi si ƒe alɔnu ka dzĩ la le la o. Wona ŋkɔe be Zera.
И посем изыде брат его, емуже бе на руце его червлень: и прозва имя ему Зара.

< Mose 1 38 >