< Mose 1 36 >

1 Esau (ame si wogayɔna hã be Edom) la ƒe dzidzimeviwo yi ale:
以掃就是以東,他的後代記在下面。
2 Esau ɖe Kanaan nyɔnu etɔ̃: Ada, Hititɔ Elon ƒe vi, Oholibama, Ana ƒe vi kple Hivitɔ Zibeon ƒe tɔgbuiyɔvi kpakple
以掃娶迦南的女子為妻,就是赫人以倫的女兒亞大和希未人祭便的孫女、亞拿的女兒阿何利巴瑪,
3 Basemat, Ismael ƒe vinyɔnu si nye Nebayɔt nɔvinyɔnu.
又娶了以實瑪利的女兒、尼拜約的妹子巴實抹。
4 Esau kple Ada dzi viŋutsu ɖeka si ŋkɔe nye Elifaz. Esau kple Basemat dzi viŋutsu si ŋkɔe nye Reuel.
亞大給以掃生了以利法;巴實抹生了流珥;
5 Esau kple Oholibama dzi viŋutsu siwo ƒe ŋkɔwoe nye Yeus, Yalam kple Korah. Wodzi vi siawo katã na Esau le Kanaanyigba dzi.
阿何利巴瑪生了耶烏施、雅蘭、可拉。這都是以掃的兒子,是在迦南地生的。
6 Esau kplɔ srɔ̃awo, viŋutsuwo kple vinyɔnuwo kpakple subɔla siwo le eƒe aƒe me, kple lãhawo kple kesinɔnu siwo katã wòkpɔ le Kanaanyigba dzi la, eye wòʋu le nɔvia Yakob gbɔ.
以掃帶着他的妻子、兒女,與家中一切的人口,並他的牛羊、牲畜,和一切貨財,就是他在迦南地所得的,往別處去,離了他兄弟雅各。
7 Woƒe nunɔamesiwo sɔ gbɔ ale gbegbe be womagate ŋu anɔ teƒe ɖeka o. Anyigba si dzi wole la megalolo na wo ame eveawo o le woƒe lãhawo ta.
因為二人的財物群畜甚多,寄居的地方容不下他們,所以不能同居。
8 Ale Esau, ame si wogayɔna be Edom la yi ɖanɔ tonyigba dzi le Seir.
於是以掃住在西珥山裏;以掃就是以東。
9 Esau ƒe dzidzimeviwo, Edomtɔwo, ame siwo wodzi nɛ le Seir to dzi la ƒe ŋkɔwo yi ale:
以掃是西珥山裏以東人的始祖,他的後代記在下面。
10 Esau ƒe viŋutsuwo: gbãtɔe nye Elifaz si Ada dzi nɛ, eveliae nye Reuel si Basemat dzi nɛ.
以掃眾子的名字如下。以掃的妻子亞大生以利法;以掃的妻子巴實抹生流珥。
11 Elifaz ƒe viŋutsuwoe nye: Teman, Omar, Zefo, Gatam kple Kenaz.
以利法的兒子是提幔、阿抹、洗玻、迦坦、基納斯。
12 Timna si nye Elifaz, Esau ƒe viŋutsu ƒe ahiãvi la dzi Amalek. Ame siawoe nye Ada, Esau srɔ̃ ƒe viwo.
亭納是以掃兒子以利法的妾;她給以利法生了亞瑪力。這是以掃的妻子亞大的子孫。
13 Reuel ƒe viŋutsuwoe nye: Nahat, Zera, Sama kple Miza. Ame siawoe nye Esau ƒe tɔgbuiyɔviwo to srɔ̃a Basemat dzi.
流珥的兒子是拿哈、謝拉、沙瑪、米撒。這是以掃妻子巴實抹的子孫。
14 Esau srɔ̃ Oholibama, Ana ƒe vinyɔnu kple Zibeon ƒe mamayɔvi si wodzi na Esau la dzi Yeus, Yalam kple Korah.
以掃的妻子阿何利巴瑪是祭便的孫女,亞拿的女兒;她給以掃生了耶烏施、雅蘭、可拉。
15 Ame siawoe nye fiawo le Esau ƒe dzidzimeviwo dome. Elifaz, ame si nye Esau ƒe viŋutsu gbãtɔ, Teman, Omar, Zefo kple Kenaz,
以掃子孫中作族長的記在下面。以掃的長子以利法的子孫中,有提幔族長、阿抹族長、洗玻族長、基納斯族長、
16 Korah, Gatam kple Amalek. Ame siawo nye fia siwo dzɔ tso Elifaz me le Edom. Wonye Ada ƒe mamayɔviwo.
可拉族長、迦坦族長、亞瑪力族長。這是在以東地從以利法所出的族長,都是亞大的子孫。
17 Hlɔ̃ siwo gbɔna la, nye Reuel, ame si Esau kple srɔ̃a Basemat dzi le esime wonɔ Kanaan la ƒe dzidzimeviwo: Amegã Nahat, Amegã Zera, Amegã Sama kple Amegã Miza. Woawoe nye amegã siwo dzɔ tso Reuel me le Edomnyigba dzi, eye wonye Esau srɔ̃ Basemat ƒe viwo.
以掃的兒子流珥的子孫中,有拿哈族長、謝拉族長、沙瑪族長、米撒族長。這是在以東地從流珥所出的族長,都是以掃妻子巴實抹的子孫。
18 Esau srɔ̃ Oholibama ƒe viŋutsuwo nye fia siawo: Yeus, Yalam kple Korah. Wodzɔ tso Esau srɔ̃ Oholibama, Ana ƒe vinyɔnu me.
以掃的妻子阿何利巴瑪的子孫中,有耶烏施族長、雅蘭族長、可拉族長。這是從以掃妻子,亞拿的女兒,阿何利巴瑪子孫中所出的族長。
19 Ame siawo nye Esau alo Edom ƒe viŋutsuwo, eye ame siawoe nye woƒe fiawo.
以上的族長都是以掃的子孫;以掃就是以東。
20 Ame siawo nye Seir, Horitɔ la ƒe viŋutsuwo, ame siwo nɔ nuto la me: Lotan, Sobal, Zibeon, Ana,
那地原有的居民-何利人西珥的子孫記在下面:就是羅坍、朔巴、祭便、亞拿、
21 Dison, Ezer kple Disan. Wonye viŋutsuwo na Horitɔ Seir le Edom, eye wonye fiawo.
底順、以察、底珊。這是從以東地的何利人西珥子孫中所出的族長。
22 Lotan ƒe viwoe nye, Hori kple Heman. Timna nye Lotan nɔvinyɔnu.
羅坍的兒子是何利、希幔;羅坍的妹子是亭納。
23 Sobal ƒe viŋutsuwoe nye: Alvan, Manahat, Ebal, Sefo kple Onam.
朔巴的兒子是亞勒文、瑪拿轄、以巴錄、示玻、阿南。
24 Zibeon ƒe viwoe nye: Aya kple Ana. (Eyae fɔ tsi dzidzi xɔdzo aɖe ƒe vudo le gbegbe esime wònɔ fofoa ƒe tedziwo kplɔm.)
祭便的兒子是亞雅、亞拿(當時在曠野放他父親祭便的驢,遇着溫泉的,就是這亞拿)。
25 Ana ƒe viwoe nye: Dison kple Oholibama.
亞拿的兒子是底順;亞拿的女兒是阿何利巴瑪。
26 Dison ƒe viwoe nye: Hemdan, Esban, Itran kple Keran.
底順的兒子是欣但、伊是班、益蘭、基蘭。
27 Ezer ƒe viwoe nye: Bilhan, Zaavan kple Akan.
以察的兒子是辟罕、撒番、亞干。
28 Disan ƒe viŋutsuwoe nye: Uz kple Aran.
底珊的兒子是烏斯、亞蘭。
29 Ame siawoe nye Horitɔwo ƒe fiawo. Lotan, Sobal, Zibeon, Ana,
從何利人所出的族長記在下面:就是羅坍族長、朔巴族長、祭便族長、亞拿族長、
30 Dison, Ezer kple Disan. Ame siawoe nye Horitɔwo ƒe fiawo le woƒe tokɔ vovovoawo nu le Seirnyigba dzi.
底順族長、以察族長、底珊族長。這是從何利人所出的族長,都在西珥地,按着宗族作族長。
31 Ame siwo ɖu fia le Edom hafi woɖo Israel fiaɖuƒe la gɔme anyi la woe nye:
以色列人未有君王治理以先,在以東地作王的記在下面。
32 Beor ƒe vi Bela si ɖu fia le Edom. Du si me wònɔ la ŋkɔe nye Dinhaba.
比珥的兒子比拉在以東作王,他的京城名叫亭哈巴。
33 Esi Bela ku la, Yobab, Zera ƒe vi si tso Bozra la zu fia.
比拉死了,波斯拉人謝拉的兒子約巴接續他作王。
34 Esi Yobab ku la, Husam si tso Temanitɔwo ƒe anyigba dzi la ɖu fia ɖe eteƒe.
約巴死了,提幔地的人戶珊接續他作王。
35 Hadad, Bedad ƒe vi, ame si ɖu Midiantɔwo dzi le Moabnyigba dzi la ɖu fia le Husam ƒe ku megbe. Eƒe fiadue nye Avit.
戶珊死了,比達的兒子哈達接續他作王;這哈達就是在摩押地殺敗米甸人的,他的京城名叫亞未得。
36 Esi Hadad trɔ megbe la, Samla tso Masreka ɖu fia ɖe eteƒe.
哈達死了,瑪士利加人桑拉接續他作王。
37 Le Samla ƒe ku megbe la, Siaul tso Rehobot, du si le tɔsisi aɖe ŋu la ɖu fia ɖe eteƒe.
桑拉死了,大河邊的利河伯人掃羅接續他作王。
38 Le Siaul ƒe ku megbe la, Baal Hanan, Akbor ƒe vi ɖu fia ɖe eteƒe.
掃羅死了,亞革波的兒子巴勒‧哈南接續他作王。
39 Esi Baal Hanan, Akbor ƒe viŋutsu la hã ku la, Hadad ɖu fia ɖe eteƒe, eye eƒe fiadue nye Pau. Srɔ̃a ŋkɔe nye Mehetabel, Matred ƒe vinyɔnu kple Mezahab ƒe mamayɔvi.
亞革波的兒子巴勒‧哈南死了,哈達接續他作王,他的京城名叫巴烏;他的妻子名叫米希她別,是米‧薩合的孫女,瑪特列的女兒。
40 Esiawoe nye fia siwo dzɔ tso Esau me la ƒe ŋkɔwo ɖe woƒe towo kple nutowo ƒe ɖoɖo nu: Timna, Alva, Yetet,
從以掃所出的族長,按着他們的宗族、住處、名字記在下面:就是亭納族長、亞勒瓦族長、耶帖族長、
41 Oholibama, Ela, Pinon,
阿何利巴瑪族長、以拉族長、比嫩族長、
42 Kenaz, Teman, Mibzar,
基納斯族長、提幔族長、米比薩族長、
43 Magdiel kple Iram. Esiawoe nye Edom fiawo le ɖoɖo si me wonɔ le anyigba dzi la nu. Wonye Esau, Edomtɔwo fofo ƒe dzidzimeawo.
瑪基疊族長、以蘭族長。這是以東人在所得為業的地上,按着他們的住處。(所有的族長都是以東人的始祖以掃的後代。)

< Mose 1 36 >