< Mose 1 35 >

1 Mawu gblɔ na Yakob be, “Ʋu le afi sia nàyi aɖanɔ Betel, eye nàɖi vɔsamlekpui, asubɔ Mawu si ɖe eɖokui fia wò le esime nèsi le fowò Esau nu la!”
And Elohim said unto Jacob, Arise, go up to Bethel, and dwell there: and make there an altar unto El, that appeared unto thee when thou fleddest from the face of Esau thy brother.
2 Eya ta Yakob gblɔ na eŋumewo katã be woagblẽ aklamakpakpɛ siwo katã wotsɔ ɖe asi vɛ la ɖi, woale tsi, eye woaɖɔli woƒe awuwo.
Then Jacob said unto his household, and to all that were with him, Put away the strange elohim that are among you, and be clean, and change your garments:
3 Eyi edzi be, “Elabena míele Betel yim, eye maɖi vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma na Mawu si se nye gbedodoɖawo le nye xaxaɣi, eye wònɔ anyi kplim le nye mɔzɔzɔ me la.”
And let us arise, and go up to Bethel; and I will make there an altar unto El, who answered me in the day of my distress, and was with me in the way which I went.
4 Ale wotsɔ woƒe aklamakpakpɛwo kple togɛwo katã na Yakob, eye wòɖi wo ɖe ati gã aɖe te le Sekem.
And they gave unto Jacob all the strange elohim which were in their hand, and all their earrings which were in their ears; and Jacob hid them under the oak which was by Shechem.
5 Emegbe la, wodze mɔ. Mawu na vɔvɔ̃ dze du siwo katã me woto la dzi, ale be womeho aʋa ɖe wo ŋu o.
And they journeyed: and the terror of Elohim was upon the cities that were round about them, and they did not pursue after the sons of Jacob.
6 Mlɔeba la, Yakob kple eƒe amewo va ɖo Luz si wogayɔna hã be Betel le Kanaan.
So Jacob came to Luz, which is in the land of Canaan, that is, Bethel, he and all the people that were with him.
7 Yakob ɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be, “Vɔsamlekpui na Betel ƒe Mawu,” elabena Betel ƒe Mawu ɖe eɖokui fiae le esime wònɔ sisim le Esau nu.
And he built there an altar, and called the place El-beth-el: because there Elohim appeared unto him, when he fled from the face of his brother.
8 Eteƒe medidi o la, Debora, ame si kpɔ Rebeka dzi le ɖevime la ku, eye woɖii ɖe ati gã aɖe si le balime si le Betel ƒe anyigbe lɔƒo la te. Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa teƒe ma be, “Konyifafa ƒe ati.”
But Deborah Rebekah's nurse died, and she was buried beneath Bethel under an oak: and the name of it was called Allon-bachuth.
9 Esime Yakob va ɖo Betel le eƒe mɔzɔzɔ tso Padan Aram me la, Mawu gaɖe eɖokui fiae, eye wòyrae.
And Elohim appeared unto Jacob again, when he came out of Padan-aram, and blessed him.
10 Mawu gblɔ nɛ be, “Wò ŋkɔe nye Yakob, gake womagayɔ wò azɔ be Yakob si gɔmee nye ‘Amebala’ o, ke boŋ woayɔ wò azɔ be Israel si gɔmee nye ‘Ame si te kame kple Mawu.’
And Elohim said unto him, Thy name is Jacob: thy name shall not be called any more Jacob, but Israel shall be thy name: and he called his name Israel.
11 Nyee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ. Mana nàdzi fũu, eye nàzu dukɔ gã aɖe. Dukɔ geɖewo kple fia geɖewo ado tso wò dzidzimeviwo me.
And Elohim said unto him, I am El-Shaddai: be fruitful and multiply; a nation and a company of nations shall be of thee, and kings shall come out of thy loins;
12 Mana anyigba si metsɔ na Abraham kple Isak la nazu tɔwò, eye wòava zu wò dzidzimeviwo tɔ.”
And the land which I gave Abraham and Isaac, to thee I will give it, and to thy seed after thee will I give the land.
13 Eye Mawu dzo le egbɔ, afi si wòƒo nu kplii le la.
And Elohim went up from him in the place where he talked with him.
14 Yakob tsɔ kpe tu sɔti aɖe ɖe teƒe si Mawu ƒo nu kplii le la, eye wòwɔ nunovɔsa ɖe edzi; ekɔ ami hã ɖe edzi.
And Jacob set up a pillar in the place where he talked with him, even a pillar of stone: and he poured a drink offering thereon, and he poured oil thereon.
15 Yakob na ŋkɔ teƒea be Betel si gɔmee nye, “Mawu ƒe Aƒe,” elabena afi ma Mawu ƒo nu kplii le.
And Jacob called the name of the place where Elohim spake with him, Bethel.
16 Emegbe la, wodzo le Betel, eye woɖo ta Efrat alo Betlehem lɔƒo. Ke Rahel de asi kuléle me le esime azɔli didi aɖe ganɔ ŋgɔ na wo.
And they journeyed from Bethel; and there was but a little way to come to Ephrath: and Rachel travailed, and she had hard labour.
17 Via dzidzi sesẽ na Rahel. Mlɔeba la, vixela la do ɣli be, “Mègabu mɔkpɔkpɔ o, elabena esia hã ganye ŋutsuvi!”
And it came to pass, when she was in hard labour, that the midwife said unto her, Fear not; thou shalt have this son also.
18 Esime Rahel nɔ kudɔ ƒom la, ena ŋkɔ ɖevi la be, “Ben Oni” si gɔmee nye “Nye Konyifafa ƒe Vi,” eye wòku. Yakob ya na ŋkɔ ɖevi la be “Benyamin” si gɔmee nye “Nye Nuɖusi ƒe Vi.”
And it came to pass, as her soul was in departing, (for she died) that she called his name Ben-oni: but his father called him Benjamin.
19 Ale Rahel ku, eye woɖii ɖe mɔ si yi Efrat alo Betlehem la to.
And Rachel died, and was buried in the way to Ephrath, which is Bethlehem.
20 Yakob tu ŋkuɖodzikpe si gali va se ɖe egbe la ɖe Rahel ƒe yɔdo dzi.
And Jacob set a pillar upon her grave: that is the pillar of Rachel's grave unto this day.
21 Israel gayi mɔzɔzɔ dzi, eye wòtu agbadɔ ɖe Eder mɔ godo.
And Israel journeyed, and spread his tent beyond the tower of Edar.
22 Esi wònɔ afi ma la, Ruben dɔ kple fofoa ƒe kosi, Bilha, eye ame aɖe fi tofi na Israel. Yakob ƒe viŋutsu wuieveawo ƒe ŋkɔwoe nye:
And it came to pass, when Israel dwelt in that land, that Reuben went and lay with Bilhah his father's concubine: and Israel heard it. Now the sons of Jacob were twelve:
23 Lea ƒe viŋutsuwo: Ruben, Yakob ƒe viŋutsu tsitsitɔ, Simeon, Levi, Yuda, Isaka kple Zebulon.
The sons of Leah; Reuben, Jacob's firstborn, and Simeon, and Levi, and Judah, and Issachar, and Zebulun:
24 Rahel ƒe viŋutsuwo: Yosef kple Benyamin.
The sons of Rachel; Joseph, and Benjamin:
25 Bilha, Rahel ƒe kosi ƒe viwo: Dan kple Naftali.
And the sons of Bilhah, Rachel's handmaid; Dan, and Naphtali:
26 Zilpa, Lea ƒe kosi ƒe viwo: Gad kple Aser. Wodzi vi siawo katã nɛ le Padan Aram.
And the sons of Zilpah, Leah's handmaid; Gad, and Asher: these are the sons of Jacob, which were born to him in Padan-aram.
27 Mlɔeba la, Yakob va ɖo fofoa, Isak gbɔ le Mamre le Kiriat Arba (teƒe si wogayɔna be Hebron), afi si Abraham hã nɔ.
And Jacob came unto Isaac his father unto Mamre, unto the city of Arbah, which is Hebron, where Abraham and Isaac sojourned.
28 Isak nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaenyi.
And the days of Isaac were an hundred and fourscore years.
29 Etsɔ eƒe gbɔgbɔ na, eye wòyi tɔgbuiawo gbɔ. Enɔ agbe wòde edeƒe, eye via ŋutsuwo, Esau kple Yakob ɖii.
And Isaac gave up the ghost, and died, and was gathered unto his people, being old and full of days: and his sons Esau and Jacob buried him.

< Mose 1 35 >