< Mose 1 34 >

1 Gbe ɖeka la, Dina, Lea ƒe vinyɔnu si wòdzi na Yakob la ɖi tsa be yeakpɔ ye xɔlɔ̃ ɖetugbi aɖewo ɖa.
Dinah, Jacob and Leah's daughter, went to visit some of the local women.
2 Ke esi Fia Hamor, Hivitɔ ƒe viŋutsu, Sekem kpɔe la, elée hedɔ egbɔ sesẽtɔe.
Shechem, son of Hamor the Hivite, the ruler of that area, saw her. He grabbed hold of her and raped her.
3 Sekem lɔ̃ Dina si nye Yakob ƒe vinyɔnu vevie, eye wòdze agbagba be eya hã nalɔ̃ ye to enubeble me.
However, then he fell deeply in love with Dinah and tried to get her to love him too.
4 Sekem gblɔ na fofoa Hamor be, “Medi be maɖe ɖetugbi sia, eya ta ɖee nam.”
He went and asked his father, “Get this young girl for me so I can marry her.”
5 Nu si Sekem wɔ ɖe Dina ŋu la va ɖo Yakob ƒe to me. Esi via ŋutsuwo nɔ nyi kplɔm le gbedzi hafi wòse nya la ta la, mewɔ naneke tso nya la ŋu o va se ɖe esime via ŋutsuawo trɔ gbɔ.
Jacob found out that Shechem had violated his daughter Dinah, but as his sons were away looking after the flocks in the fields he didn't say anything until they came home.
6 Tete Sekem fofo, Hamor do go be yeaƒo nu kple Yakob.
In the meantime Hamor, Shechem's father, arrived to talk with Jacob.
7 Azɔ la, Yakob ƒe viŋutsuwo gbɔ tso gbedzi esime wose nya si dzɔ la. Vevesese kple dziku yɔ wo me, elabena Sekem wɔ ŋukpenanu le Israel esime wòdɔ Yakob ƒe vinyɔnu gbɔ sesẽtɔe, nu si mele be wòawɔ o.
When Jacob's sons returned from the fields they were very upset when they heard the news and became extremely angry because Shechem had done something outrageous in Israel by having sex with Jacob's daughter—something that should never be done.
8 Hamor gblɔ na Yakob be, “Vinye Sekem lɔ̃ viwò Dina ŋutɔ, eye wòdi vevie be wòazu ye srɔ̃. Meɖe kuku, ɖe mɔ nɛ wòaɖee.
Hamor told them, “My son Shechem is very much in love with your daughter and your sister Dinah. Please allow him to marry her.
9 Mina míaɖe srɔ̃ le mía nɔewo dome; mitsɔ miaƒe vinyɔnuwo na mí, eye míawo hã míatsɔ míaƒe vinyɔnuwo na mi miaɖe.
In fact we can have more marriages—you can give us your daughters and you can have our daughters.
10 Miate ŋu atsi mía dome; anyigba la li faa na mi. Minɔ edzi, mitsa asi le edzi, eye miakpɔ viɖe le edzi.”
You can live among us and settle down wherever you like. You can go where you want and buy land for yourselves.”
11 Emegbe la, Sekem gblɔ na Dina fofo kple nɔvia ŋutsuwo be, “Meɖe kuku, mive nunye, eye miana Dina nazu srɔ̃nye. Mana nu sia nu si miabia la mi.
Then Shechem himself spoke up, and said to Dinah's father and brothers, “Please accept me and my proposal, and I'll do whatever you ask.
12 Tabianu alo nunana ka ke miabia la, mana mi; mina wòazu srɔ̃nye ko!”
You can set the bride price as high as you like, and I'll pay it along with all the gifts I'll give. Just let me have the girl so I can marry her.”
13 Yakob ƒe viŋutsuwo ble Sekem kple Hamor; wowɔ nu madzɔmadzɔ sia ɖe nu si Sekem wɔ ɖe wo nɔvinyɔnu Dina ŋu ta.
Jacob's sons weren't honest when they answered him and his father Hamor because Shechem had violated their sister Dinah.
14 Wogblɔ be, “Míate ŋui gbeɖe o, elabena mietso aʋa o. Anye ŋukpe na mía nɔvinyɔnu la be wòaɖe bolobolotɔ.
They told them, “We can't do this! We can't allow our sister to marry a man who's not circumcised. That would bring disgrace on us.
15 Nu si míawɔ lae nye be ne miaƒe ŋutsuwo dometɔ ɖe sia ɖe atso aʋa la,
We will only agree to it with this condition: all of you must be circumcised like us.
16 ekema miaɖe míaƒe nyɔnuwo, eye míaƒe ŋutsuwo hã aɖe miaƒe nyɔnuwo, míanɔ mia gbɔ, eye míawɔ ɖeka kpli mi, míazu dukɔ ɖeka.
Then we will give you our daughters and take your daughters, and we will live among you and become one family.
17 “Ne mielɔ̃ ɖe edzi eye wotso aʋa na mi o la, ekema míaxɔ mía nɔvinyɔnu la, eye míaʋu le mia gbɔ.”
But if you don't agree with us that you should be circumcised, then we'll take our sister and leave.”
18 Nya sia trɔ na Hamor kple Via ŋutsu Sekem.
Hamor and his son Shechem agreed to what was proposed.
19 Ɖekakpui la, ame si nye bubume wu ame bubuawo katã le fofoa ƒe aƒe me la wɔ ɖe ɖoɖo si wowɔ la dzi enumake, elabena elɔ̃ Yakob ƒe vinyɔnu la.
The young man Shechem didn't waste any time in arranging this because he was infatuated with Jacob's daughter, and he was viewed as the most important person in his father's family.
20 Ale Hamor kple Sekem wɔ takpekpe kple dua me ŋutsuwo katã le dua ƒe agbo nu, eye wòtsɔ nya la ɖo wo ŋkume.
Hamor and Shechem went to the town gate and spoke to the other leaders there.
21 Hamor kple Sekem gblɔ be, “Ameawo nye mía xɔlɔ̃wo. Mina míana woatsi afi sia, anɔ mía dome, eye woawɔ woƒe dɔ, elabena míaƒe anyigba lolo; woakpɔ teƒe le edzi, woaɖe srɔ̃ tso mía dome, eye míawo hã míaɖe wo viwo.
“These men are our friends,” they told them. “Let's have them live here in our country and allow them to go wherever they want—it's big enough for all of them too. We can take their daughters as wives, and we can give our daughters to them to marry.
22 Ke hafi esia nate ŋu ava eme la, nu ɖeka koe wobia; eyae nye be míaƒe ŋutsu ɖe sia ɖe natso aʋa abe woawo ene.
But they will only agree to this on one condition: they will only join us and become one family if every male among us is circumcised like they are.
23 “Ne míewɔ esia la, ekema woƒe lãhawo, kesinɔnuwo kple dɔwɔlã siwo nye wo tɔ la azu mía tɔ, eye kesinɔnuwo ava míaƒe dukɔa me. Mina míalɔ̃ ɖe woƒe biabia sia dzi, ale be woanɔ mía dome.”
If that happens, won't all their livestock and property—all their animals—end up belonging to us? We just have to agree to this and they will come and live among us.”
24 Ke Ŋutsu siwo katã va ƒo ƒu ɖe dua ƒe agbo nu la, ɖo to Hamor kple via Sekem eye wolɔ̃, wotso aʋa na wo katã.
Everyone there at the town gate agreed with Hamor and Shechem so every male in the town was circumcised.
25 Ke le ŋkeke etɔ̃ megbe esi abia le wo vem la, Yakob ƒe viŋutsu eve, Simeon kple Levi siwo nye Dina nɔviwo la tsɔ woƒe yiwo, ge ɖe dua me, eye wowu ŋutsu ɖe sia ɖe.
Three days later while they were still suffering pain, Simeon and Levi, two of Jacob's sons and Dinah's brothers, came with their swords into the town. Unopposed, they slaughtered every male.
26 Wowu Hamor kple Sekem hã, eye wokplɔ Dina tso Sekem ƒe aƒe me hetrɔ yi wo nɔƒe.
They killed Hamor and Shechem with their swords, took Dinah from Shechem's house, and left.
27 Emegbe Yakob ƒe viwo katã yi dua me, eye woha nuwo le dua me ɖe esi wogblẽ wo nɔvinyɔnu la ta.
Jacob's other sons arrived, robbed the dead bodies, and looted the town where their sister had been violated.
28 Wolé woƒe alẽwo, nyiwo kple tedziwo kpakple nu siwo katã dzi woƒe asi su le dua me kple woƒe agblewo me la hã.
They took their sheep, goats, cattle, and donkeys. They took whatever was in the town, and in the fields—
29 Wokplɔ woƒe nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa dzoe, eye woha kesinɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi.
all their possessions. They captured all their women and children, and plundered everything in their homes.
30 Yakob gblɔ na Levi kple Simeon be, “Miena medze agɔ le anyigba sia dzi tɔwo katã, Kanaantɔwo kple Perizitɔwo siaa dzi. Míesɔ gbɔ o, eya ta ne woho aʋa ɖe mía ŋu la, woafiti mí, eye woawu mí katã.”
But Jacob criticized Simeon and Levi, telling them, “You've just caused me a lot of trouble! You've made me like a bad smell among the people in this country, among the Canaanites and the Perizzites. I only have a few men, and if these people gather to attack me, I and my whole family will be wiped out.”
31 Woɖo eŋu be, “Ɖe wònyo be Sekem nabu mía nɔvinyɔnu la abe gbolo enea?”
But they replied, “Should we have let him treat our sister like a prostitute?”

< Mose 1 34 >