< Mose 1 33 >
1 Yakob kpɔ Esau le adzɔge ʋĩi wògbɔna kple eƒe ame alafa ene. Ke ema ɖeviawo na Lea, Rahel kple kosi eveawo.
雅各举目观看,见以扫来了,后头跟着四百人,他就把孩子们分开交给利亚、拉结,和两个使女,
2 Ena eƒe kosiwo kple wo viwo nɔ ŋgɔ, Lea kple viawo nɔ eyome, eye Rahel kple Yosef nɔ wo katã megbe.
并且叫两个使女和她们的孩子在前头,利亚和她的孩子在后头,拉结和约瑟在尽后头。
3 Yakob dze wo katã ŋgɔ. Egogo foa, eye wòde ta agu nɛ zi adre.
他自己在他们前头过去,一连七次俯伏在地才就近他哥哥。
4 Esau ƒu du yi ɖakpee, kpla asi kɔ nɛ lɔlɔ̃tɔe, eye wògbugbɔ nu nɛ. Wo ame eveawo fa avi hehehe!
以扫跑来迎接他,将他抱住,又搂着他的颈项,与他亲嘴,两个人就哭了。
5 Esau kpɔ nyɔnuawo kple ɖeviawo, eye wòbia be, “Ame kawoe nye esiawo le ŋuwò?” Yakob ɖo eŋu be, “Vinyewoe, Mawue na ɖevi siawo nye wò subɔla to eƒe amenuveve me.”
以扫举目看见妇人孩子,就说:“这些和你同行的是谁呢?”雅各说:“这些孩子是 神施恩给你的仆人的。”
6 Kosiawo kple wo viwo va ŋgɔ, eye wode ta agu nɛ.
于是两个使女和她们的孩子前来下拜;
7 Emegbe Lea kple etɔwo va, eye woawo hã de ta agu nɛ. Azɔ Rahel kple Yosef va, eye woawo hã de ta agu nɛ.
利亚和她的孩子也前来下拜;随后约瑟和拉结也前来下拜。
8 Esau bia be, “Lãha kawoe nye esiwo kpɔm mele?” Yakob ɖo eŋu be, “Woawoe nye nye nunanawo na wò nye aƒetɔ be nàve nunye.”
以扫说:“我所遇见的这些群畜是什么意思呢?”雅各说:“是要在我主面前蒙恩的。”
9 Esau ko nu gblɔ be, “Nɔvinye, lãwo sɔ gbɔ ɖe asinye xoxo; tɔwòwo nenɔ asiwò ko!”
以扫说:“兄弟啊,我的已经够了,你的仍归你吧!”
10 Yakob yi edzi be, “Ao, xɔ nunanawo nam ko, elabena wò alɔgbɔnu si nèko xɔlɔ̃tɔe nam la na nya la kɔ le dzinye! Vɔvɔ̃ ɖom le ŋutiwò abe Mawu ƒe ŋkumee mekpɔ ene.
雅各说:“不然,我若在你眼前蒙恩,就求你从我手里收下这礼物;因为我见了你的面,如同见了 神的面,并且你容纳了我。
11 Meɖe kuku, xɔ nye nunanawo ko, elabena Mawu yram, eye nu geɖe le asinye.” Yakob ƒoe ɖe enu, eye Esau lɔ̃ xɔ nunanawo.
求你收下我带来给你的礼物;因为 神恩待我,使我充足。”雅各再三地求他,他才收下了。
12 Esau gblɔ be, “Enyo, mina míadze mɔ. Nye kple nye amewo, míanɔ mia ŋu, eye míadze ŋgɔ na mi.”
以扫说:“我们可以起身前往,我在你前头走。”
13 Ke Yakob ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ, ɖeviawo dometɔ aɖewo metsi o, eye nenema ke vidzĩwo le lãwo dome. Ne míedo du wo akpa la, woaku,
雅各对他说:“我主知道孩子们年幼娇嫩,牛羊也正在乳养的时候,若是催赶一天,群畜都必死了。
14 eya ta nye aƒetɔ, miawo mido ŋgɔ, eye míawo míadze mia yome ɖɔɖɔɖɔ ava tu mi le Seir.”
求我主在仆人前头走,我要量着在我面前群畜和孩子的力量慢慢地前行,直走到西珥我主那里。”
15 Esau gblɔ be, “Enyo, mana nye ame aɖewo nakpe ɖe mia ŋu, eye woanye kplɔlawo na mi.” Yakob gbe be, “Ao, nye aƒetɔ, míanɔ edzi ɖɔɖɔɖɔ ava tu mi. Meɖe kuku, na wòanɔ abe ale si megblɔ ene.”
以扫说:“容我把跟随我的人留几个在你这里。”雅各说:“何必呢?只要在我主眼前蒙恩就是了。”
16 Ale Esau trɔ ɖo ta Seir gbe ma gbe ke.
于是,以扫当日起行,回往西珥去了。
17 Yakob kple eƒe amewo yi ɖaɖo Sukɔt. Etu agbletaxɔ kple lãkpowo ɖe afi ma, eya ta woyɔa teƒe ma be Sukot si gɔmee nye “Agbletaxɔwo.”
雅各就往疏割去,在那里为自己盖造房屋,又为牲畜搭棚;因此那地方名叫疏割。
18 Emegbe la, Yakob tso Padan Aram va ɖo Sekem le Kanaanyigba dzi dedie, eye wònɔ du la godo.
雅各从巴旦·亚兰回来的时候,平平安安地到了迦南地的示剑城,在城东支搭帐棚,
19 Eƒle anyigba si dzi wònɔ la le Sekem fofo, Hamor ƒe ƒometɔwo si klosalo alafa ɖeka.
就用一百块银子向示剑的父亲、哈抹的子孙买了支帐棚的那块地,
20 Etu vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be, “El-Elohe-Israel” si gɔmee nye “Vɔsamlekpui na Israel ƒe Mawu.”
在那里筑了一座坛,起名叫伊利·伊罗伊·以色列。