< Mose 1 32 >

1 Yakob kple eƒe amewo gadze mɔ, eye mawudɔlawo va do goe.
When, Jacob, had gone on his way, there met him, messengers of God.
2 Esi Yakob kpɔ wo la, edo ɣli be, “Mawu ƒe asaɖae nye esia!” Eya ta ena ŋkɔ teƒea be Mahanaim.
And Jacob said, when he saw them, the camp of God, is this! So he called the name of that place, Mahanaim.
3 Yakob dɔ amewo ɖe foa Esau gbɔ le Edom le Seirnyigba dzi.
Then did Jacob send messengers before him unto Esau his brother, to the land of Seir, the field of Edom.
4 Egblɔ na wo bena, “Ale miagblɔ na nye aƒetɔ Esau enye si: ‘Nye Wò dɔla Yakob, meyi ɖanɔ mía nyrui, Laban gbɔ va se ɖe egbe.
And he commanded them, saying, Thus, shall ye say to my lord to Esau, Thus, saith thy servant Jacob, With Laban, have I sojourned, and tarried until now:
5 Fifia nyiwo, tedziwo, alẽwo kple subɔla geɖewo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa le asinye. Mele ame siawo ɖom ɖa be woana nyanya wò nye aƒetɔ be megbɔna, eye mele mɔ kpɔm be àxɔ mí nɔvitɔe.’”
And I have oxen and asses, flocks and men-servants, and maid-servants, So I must needs send to tell my lord, that I might find favour in thine eyes.
6 Ame dɔdɔawo trɔ tso Esau gbɔ va gblɔ na Yakob be Esau gbɔna Yakob kpe ge kple ame alafa ene!
And the messengers returned unto Jacob, saying, —We came in unto thy brother unto Esau, moreover also he is on his way to meet thee, and four hundred men with him.
7 Vɔvɔ̃ ɖo Yakob. Ema eƒe amewo kple lãhawo kpakple kposɔwo ɖe akpa eve,
Then was Jacob greatly afraid, and in distress. So he divided the people that were with him and the flocks and the herds and the camels into two camps,
8 elabena egblɔ be, “Ne Esau adze hatsotso ɖeka dzi la, ɖewohĩ hatsotso evelia me tɔwo ate ŋu asi.”
And he said. Should Esau come upon the one camp, and smite it, yet shall the camp that is left escape.
9 Tete Yakob do gbe ɖa be “O, tɔgbuinye Abraham kple fofonye Isak ƒe Mawu, O, Yehowa, wò ame si gblɔ nam be matrɔ va nye ƒometɔwo ƒe anyigba dzi, eye nèdo ŋugbe be yeawɔ nyui nam la,
And Jacob said, God of my father Abraham, and God of my father Isaac, —Yahweh, who wast saying unto me, —Return to thy land and to thy kindred that I may deal well with thee:
10 nyemedze na wò amenuveve si nèɖena fiaam edziedzi abe ale si nèdo ŋugbe nam ene o, elabena esi metso Yɔdan la, naneke menɔ asinye wu atizɔti ɖeka o! Ke azɔ la, mezu aʋakɔ eve!
I am too small for all the lovingkindnesses and for all the faithfulness, which thou hast done unto thy servant, —For with my staff, passed I over this Jordan, But, now, have I become two camps.
11 O, Yehowa, meɖe kuku na wò, ɖem tso tsɔtsrɔ̃ me le fonye Esau ƒe asi me, elabena mele vɔvɔ̃m ŋutɔ be ava ho aʋa ɖe nye ŋutɔ, srɔ̃nyewo kple vinyewo ŋu.
Deliver me I pray thee out of the hand of my brother out of the hand of Esau, for I, am afraid of him, lest he come in and smite mother as well as sons
12 Ke èdo ŋugbe be yeawɔ nyui nam, eye yeana nye dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ƒutake ene, eye womate ŋu axlẽ wo o.”
But, thou thyself, saidst, —I will deal well with thee. So will I make thy seed as the sand of the sea, which is not to be counted, for multitude.
13 Etsi afi ma dɔ, eye wòtia nu siwo nɔ esi la ƒe ɖe na foa Esau:
And he tarried there that night, and took of that which came to his hand a present for Esau his brother:
14 gbɔ̃nɔ alafa eve kple gbɔ̃tsu blaeve, alẽnɔ alafa eve kple agbo blaeve,
She-goats, two hundred; And he-goats, twenty; Ewes, two hundred; And rams, twenty;
15 kposɔnɔ blaetɔ̃ kple wo viwo, nyinɔ blaene kple nyitsu ewo, tedzinɔ blaeve kple tedzitsu ewo.
Milch camels, with their colts, thirty; Cows, forty; And bulls, ten; She-asses, twenty; And young he asses ten.
16 Egblɔ na eƒe subɔlawo be woadze ŋgɔ kple lãha siawo, lãha ɖe sia ɖe nanɔ eɖokui si, eye dometsotso nanɔ wo dome.
And he gave them into the hand of his Servants, each drove by itself, and said unto his servants—Pass over before me, and, a breathing-space, shall ye put betwixt drove and drove.
17 Egblɔ na ame siwo le lãha gbãtɔ kplɔm la be ne wodo go Esau, eye wòbia wo be, “Afi ka yim miele? Ame ka ƒe subɔlawo mienye? Ame ka ƒe lãwoe nye esiawo?” la,
And he commanded the first one saying: When Esau my brother shall fall in with thee, and shall ask thee, saying Whose art thou? and whither wouldst thou go? and to whom belong these before thee?
18 woaɖo eŋu be, “Wò subɔla, Yakob ƒe lãwoe. Wonye nunana na eƒe aƒetɔ Esau! Ele mía yome gbɔna!”
then shalt thou say, To thy servant Jacob: It is, a present, sent to my lord, to Esau; And behold he himself also is behind us,
19 Yakob gblɔ nya mawo ke na lãkplɔla bubuawo hã be woagblɔ na Esau.
And he commanded the second also, and the third yea all that were going on behind the droves, saying, —According to this word, shall ye speak unto Esau, when ye find him.
20 Yakob ƒe tameɖoɖoe nye be yeakpata Esau kple nunanawo hafi yeado goe ŋkume kple ŋkume! Yakob kpɔ mɔ be, “Ɖewohĩ axɔ mí nyuie.”
Then shall ye say, Also, lo! thy servant Jacob is behind us. For he said: I must pacify him with the present that goeth on before me. And, after that, will I see his face: Peradventure he will accept me.
21 Ale wòɖo nunanawo ɖa do ŋgɔ, eye Yakob gatsi asaɖa me dɔ.
So the present passed over before him, —whereas he himself tarried that night in the camp.
22 Le zã me la, Yakob fɔ, eye wòkplɔ srɔ̃a eveawo, eƒe kosi eveawo kple via wuiɖekɛawo, eye wotso Yɔdan tɔsisi la le tɔtsoƒe si ŋkɔe nye Yabok.
And he arose in that night and took his two wives, and his two handmaids, and his eleven sons, —and passed over the ford of Jabbok.
23 Ale wòkplɔ wo tso tɔ lae kple eƒe nunɔamesiwo katã.
So he took them, and sent them over the brook, —and sent over that which he had.
24 Yakob trɔ va asaɖa la me, eye eya ɖeka nɔ afi ma. Ŋutsu aɖe te kame kplii va se ɖe fɔŋli.
And Jacob was left alone, —and there wrestled a man with him, until the uprisings of the dawn.
25 Esi ŋutsu la kpɔ be yemate ŋu aɖu Yakob dzi o la, etɔ asi Yakob ƒe aligo, eye ƒuawo gli le enu.
And when he saw, that he prevailed not against him, he touched the hollow of his thigh, —and the hollow of Jacob’s thigh was put out of joint, as he wrestled with him.
26 Tete ŋutsu la gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le ŋunye mayi, elabena ŋu le kekem.” Ke Yakob ɖo eŋu be, “Nyemele asi ɖe ge le ŋuwò o, negbe ɖeko nàyram hafi.”
Then said he—Let me go, for uprisen hath the dawn. And he said: I will not let thee go, except thou have blessed me
27 Ŋutsu la biae be, “Ŋkɔwò ɖe?” Eɖo eŋu be, “Yakob.”
Then he said unto him—What is thy name? And he said—Jacob.
28 Ŋutsu la gblɔ nɛ be, “Womagayɔ wò azɔ nenema o! Woayɔ wò azɔ be Israel, ame si te kame kple Mawu. Esi nète kame kple Mawu ta la, àɖu amewo dzi.”
Then he said—Not Jacob, shall thy name be called any more, but Israel, —For thou hast contended with God and with men and hast prevailed.
29 Yakob biae be, “Wò hã ŋkɔwò ɖe?” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Nu ka ta nèbia ŋkɔnye ta ɖo.” Eye wòyrae le afi ma.
Then asked Jacob and said, Do, I pray thee, tell me thy name! And he said—Wherefore now, shouldest thou ask for my name? And he blessed him there,
30 Yakob na ŋkɔ teƒea be “Peniel” si gɔmee nye “Mawu ƒe ŋkume,” elabena egblɔ be, “Mekpɔ Mawu ŋkume kple ŋkume, gake metsi agbe.”
So Jacob called the name of the place Peniel; For I saw God face to face; and my soul was delivered,
31 Esi wògadze mɔ ko la, ɣe dze. Le eƒe aligoƒu si gli ta la, ede asi tɔtɔ me.
And the sun rose on him as soon as he had passed over Penuel, —he, moreover was halting upon his thigh,
32 Esia ta Israelviwo meɖua ka titri si to lãwo ƒe aligo dzi o, elabena wotɔ asi ka si le Yakob ƒe aligokpeƒe la dzi.
For this cause, the sons of Israel eat not of the nerve of the large hip-sinew, which is by the hollow of the thigh, until this day, —because he touched the hollow of the thigh of Jacob, in the nerve of the hip-sinew.

< Mose 1 32 >