< Mose 1 31 >

1 Yakob va nya be Laban ƒe viwo nɔ liʋĩliʋĩ lĩm be, “Nu sia nu si le esi la do tso mía fofo ƒe nuwo me. Eƒe kesinɔnuwo katã tso mía fofo gbɔ.”
茲にヤコブ、ラバンの子等がヤコブわが父の所有を盡く奪ひ吾父の所有によりて此凡の榮光を獲たりといふを聞り
2 Yakob de dzesii be Laban megakɔa ŋkume ɖe ye o.
亦ヤコブ、ラバンの面を見るに己に對すること疇昔の如くならず
3 Yehowa ƒo nu na Yakob gblɔ be, “Trɔ nàyi fofowò ƒe anyigba dzi, nànɔ wò ƒometɔwo dome le afi ma, eye manɔ kpli wò.”
時にヱホバ、ヤコブに言たまへるは汝の父の國にかへり汝の親族に至れ我汝と偕にをらんと
4 Eya ta gbe ɖeka Yakob ɖo du ɖe Rahel kple Lea be woava kpɔ ye le alẽhawo gbɔ le gbedzi,
是に於てヤコブ人をやりてラケルとレアを野に招きて群の所に至らしめ
5 ale be yewoalé nya aɖewo kpɔ. Yakob gblɔ na wo be, “Mia fofo tso ɖe ŋunye, ke fofonyewo ƒe Mawu va ƒo nu nam.
之にいひけるは我汝等の父の面を見るに其我に對すること疇昔の如くならず然どわが父の神は我と偕にいますなり
6 Mienya ale si mewɔ dɔ sesĩe na mia fofo,
汝等がしるごとく我力を竭して汝らの父に事へたるに
7 ke mewɔ nu dzɔdzɔe ɖe ŋunye o; eda le ɖoɖo siwo míewɔ ɖe nye fetu ŋu la dzi zi geɖe. Ke Mawu meɖe mɔ nɛ be wòawɔ nuvevi aɖekem o!
汝等の父我を欺きて十次もわが値を易たり然ども神彼の我を害するを容したまはず
8 Elabena ne egblɔ be lã ŋɔtaŋɔtawo nanye tɔnye la, ekema lã siwo wodzi la nɔa ŋɔtaŋɔta. Esi wòtrɔ ɖoɖo la hegblɔ be lã siwo me fli to nazu tɔnyewo la, fli nɔa lãawo katã ŋuti.
彼斑駮なる者は汝の傭値なるべしといへば群の生ところ皆斑駮なり斑入の者は汝の値なるべしといへば群の生ところ皆斑入なり
9 Ale Mawu na mezu hotsuitɔ to mia fofo ƒe lãha si wòxɔ tsɔ nam ta.
斯神汝らの父の家畜を奪て我に輿へたまへり
10 “Le lãawo ƒe asiyɔɣi la, meku drɔ̃e, eye mekpɔ be gbɔ̃tsu siwo katã nɔ asi yɔm la nye lã siwo me fli to kple esiwo nɔ ŋɔtaŋɔta la.
群の孕む時に當りて我夢に目をあげて見しに群の上に乗る牡羊は皆斑入の者斑駮なる者白點なる者なりき
11 Mawudɔla aɖe yɔm le drɔ̃ea me be, ‘Yakob,’ eye metɔ be, ‘Nyee nye esi.’
時に神の使者夢の中に我に言ふヤコブよと我此にありと對へければ
12 Eye wògblɔ nam be mana gbɔ̃tsu siwo me fli le kple esiwo le ŋɔtaŋɔta la nayɔ asi gbɔ̃nɔ ɣiawo.” Egblɔ be, “Elabena mekpɔ nu siwo katã Laban wɔ ɖe ŋuwò la.
乃ち言ふ汝の目をあげて見よ群の上に乗る牡羊は皆斑入の者斑駮なる者白點なる者なり我ラバンが凡て汝に爲すところを鑒みる
13 Nyee nye Mawu si ɖe ɖokuinye fia wò le Betel, afi si nèkɔ ami ɖe kpe dzi le, eye nèɖe adzɔgbe be yeasubɔm. Azɔ la, ele na wò be nàdzo le afi sia, eye nàyi afi si wodzi wò ɖo la.”
我はベテルの神なり汝彼處にて柱に膏を沃ぎ彼處にて我に誓を立たり今起て斯地を出で汝の親族の國に歸れと
14 Rahel kple Lea ɖo eŋu be, “Nu sia nyo na mí! Naneke mele afi sia na mí o; mía fofo ƒe kesinɔnuwo dometɔ aɖeke mazu domenyinu na mí o!
ラケルとレア對て彼にいひけるは我等の父の家に尚われらの分あらんや我等の産業あらんや
15 Ele nuwo wɔm ɖe mía ŋu abe amedzrowo míenye ene. Etsɔ mí dzra, eye nu si wòxɔ ɖe mía ta hã megali o.
我等は父に他人のごとくせらるるにあらずや其は父我等を賣り亦我等の金を蝕减したればなり
16 Le sea nu la, kesinɔnu siwo Mawu tsɔ na wò to mía fofo dzi la nye mí kple mía viwo tɔ, eya ta wɔ nu sia nu si Mawu be nàwɔ la.”
神がわが父より取たまひし財寶は我等とわれらの子女の所屬なり然ば都て神の汝に言たまひし事を爲せ
17 Yakob kɔ viawo kple srɔ̃awo ɖo kposɔwo dzi, eye wodzo.
是に於てヤコブ起て子等と妻等を駱駝に乗せ
18 Ke ena wokplɔ eƒe lãhawo do ŋgɔe kpe ɖe nunɔamesi siwo katã wòkpɔ le Padan Aram la ŋuti ɖo ɖe fofoa Isak le Kanaanyigba dzi.
其獲たる凡の家畜と凡の所有即ちパダンアラムにてみづから獲たるところの家畜を携へ去てカナンの地に居る所の其父イサクの所におもむけり
19 Esi Laban yi ɖe fu ko ge na eƒe alẽwo la, Rahel fi fofoa ƒe aklamakpakpɛwo tsɔ dzoe.
時にラバンは羊の毛を剪んとて往てありラケル其父のテラピムを竊めり
20 Gawu la, Yakob flu Laban, Arameatɔ la, eye meklãe hafi dzo o.
ヤコブは其去ことをスリア人ラバンに告ずして潛に忍びいでたり
21 Ale wòsi kple eƒe nunɔamesiwo katã. Esi wòtso Frat tɔsisi la, eɖo ta Gilead ƒe tonyigbawo dzi.
即ち彼その凡の所有を挈へて逃去り起て河を渡りギレアデの山にむかふ
22 Ŋkeke etɔ̃ va yi hafi Laban nya nu tso Yakob ƒe sisi ŋu.
ヤコブの逃去しこと三日におよびてラバンに聞えければ
23 Ekplɔ ame aɖewo ɖe asi, eye wodze eyome kple du heva tui le ŋkeke adre megbe le Gilead to la gbɔ.
彼兄弟を率てその後を追ひしが七日路をへてギレアデの山にて之に追及ぬ
24 Gbe ma gbe la, Mawu ɖe eɖokui fia Laban Arameatɔ le drɔ̃e me, eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ nyuie le nu si nàgblɔ na Yakob la ŋuti. Mègayrae o, eye mègaƒo fi dee hã o.”
神夜の夢にスリア人ラバンに臨みて汝愼みて善も惡もヤコブに道なかれと之に告たまへり
25 Laban va tu Yakob esime Yakob tu agbadɔ ɖe Gilead to la dzi. Laban hã tu eƒe agbadɔ ɖe to la te.
ラバン遂にヤコブに追及しがヤコブは山に天幕を張ゐたればラバンもその兄弟と共にギレアデの山に天幕をはれり
26 Laban bia Yakob be, “Nu kae nye esi nèwɔ hesi dzo le adzame ale? Ɖe vinyenyɔnuwo nye aboyome siwo wolé le aʋa me, eya ta nèkplɔ wo si dzoe alea?
而してラバン、ヤコブに言けるは汝我に知しめずして忍びいで吾女等を劍をもて執たる者のごとくにひき往り何ぞかかる事をなすや
27 Nu ka ta mèna mɔnukpɔkpɔm be maɖo kplɔ̃ na mi, eye hadzidzi, ʋuƒoƒo kple kasaŋkuƒoƒo nanɔ anyi o ɖo?
何故に汝潛に逃さり我をはなれて忍いで我につげざりしや我歡喜と歌謠と鼗と琴をもて汝を送りしならんを
28 Nu ka ta mèna megbugbɔ nu na nye tɔgbuiyɔviwo hedo hedenyui na wo o ɖo? Nu sia nye nu trama aɖe si nèwɔ.
何ぞ我をしてわが孫と女に接吻するを得ざらしめしや汝愚妄なる事をなせり
29 Mate ŋu awɔ nuvevi wò hafi, gake fofowò ƒe Mawu la ɖe eɖokui fiam le zã si va yi la me, eye wògblɔ nam be, ‘Kpɔ nyuie be màklẽ ŋku ade Yakob o.’
汝等に害をくはふるの能わが手にあり然ど汝等の父の神昨夜我に告て汝つつしみて善も惡もヤコブに語べからずといへり
30 Ke esi nèkpɔ be ele be yeadzo, eye aƒe nɔ dzrowòm vevie nenema ɖe, nu ka ta nèfi nye aklamakpakpɛwo dzoe ɖo?”
汝今父の家を甚く戀て歸んと願ふは善れども何ぞわが神を竊みたるや
31 Yakob ɖo eŋu na Laban be, “Mesi dzo, elabena menɔ vɔvɔ̃m. Megblɔ na ɖokuinye be, ‘Àva xɔ viwò nyɔnuwo le asinye sesẽtɔe.’
ヤコブ答へてラバンにいひけるは恐くは汝強て女を我より奪ならんと思ひて懼れたればなり
32 Ke le wò aklamakpakpɛwo gome la, woaƒo fi ade ame si fi wo la, eye wòaku! Ka nye nuwo katã me le mía nɔviawo ƒe ŋkume kpɔ be wò nane le wo me mahã. Ne èkpɔ wò nane si mefi dzoe la, ekema tsɔe.” Ke Yakob menya be Rahel fi aklamakpakpɛawo o.
汝の神を持る者を見ば之を生しおくなかれ我等の兄弟等の前にて汝の何物我の許にあるかをみわけて之を汝に取れと其はヤコブ、ラケルが之を竊しを知ざればなり
33 Laban yi ɖaka Yakob ƒe agbadɔ me gbã; emegbe eyi ɖaka Lea kple kosi eveawo ƒe agbadɔ me, gake mekpɔ aklamakpakpɛawo o. Esia megbe la, eyi ɖaka Rahel tɔ me azɔ.
是に於てラバン、ヤコブの天幕に入りレアの天幕に入りまた二人の婢の天幕にいりしが視いださざればレアの天幕を出てラケルの天幕にいる
34 Rahel nye ame si fi aklamakpakpɛawo. Etsɔ wo ɣla ɖe eƒe kposɔ ƒe akpa te, eye wònɔ anyi ɖe wo dzi. Togbɔ be Laban ka agbadɔawo me abe ale si wòate ŋui ene hã la, mete ŋu kpɔ aklamakpakpɛawo o.
ラケル已にテラピムを執て之を駱駝の鞍の下にいれて其上に坐しければラバン遍く天幕の中をさぐりたれども見いださざりき
35 Rahel gblɔ na fofoa be, “Papa, tsɔe kem be nyemate ŋu atsi tsitre o, elabena mekpɔ dzinu.”
時にラケル父にいひけるは婦女の經の習例の事わが身にあれば父の前に起あたはず願くは主之を怒り給ふなかれと是をもて彼さがしたれども遂にテラピムを見いださざりき
36 Yakob do dɔmedzoe ɖe Laban ŋu, eye wòbiae be, “Nu vɔ̃ ka mewɔ? Vo ka meda si ta nànɔ fu ɖem nam ale?
是に於てヤコブ怒てラバンを謫即ちヤコブ應へてラバンに言けるは我何の愆あり何の罪ありてか汝火急く我をおふや
37 Azɔ esi nèka nye nuwo katã me ɖe, nu ka nèkpɔ si nye tɔwò? Tsɔe da ɖe wò ƒometɔwo kple tɔnyewo ŋkume, eye nàna woadrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome.
汝わが物を盡く索たるが汝の家の何物を見いだしたるや此にわが兄弟と汝の兄弟の前に其を置て我等二人の間をさばかしめよ
38 “Menɔ gbɔwò ƒe blaeve sɔŋ. Le ɣeyiɣi ma katã me la, mekpɔ wò alẽnɔwo kple gbɔ̃nɔwo dzi, ale be wodzi vi lãmesesẽtɔwo na wò, eye nyemewu wò agbo ɖeka pɛ gɔ̃ hã ɖa ɖu o.
我この二十年汝とともにありしが汝の牝綿羊と牝山羊其胎を殰ねしことなし又汝の群の雄綿羊は我食はざりき
39 Ne lã wɔadãwo wu ɖewo la, ɖe metsɔa wo fiaa wò be nàɖe wo tso wò lãwo domea? Ao, meɖoa eteƒe na wò. Èna mexe fe ɖe wò lã ɖe sia ɖe si wofi tso wò lãhawo me la ta, eɖanye nye vodada, alo menye nye vodada o!
又噛裂れたる者は我これを汝の所に持きたらずして自ら之を補へり又晝竊るるも夜竊るるも汝わが手より之を要めたり
40 “Mewɔ dɔ na wò, ŋdɔkutsu ɖum le ŋkeke me, eye vuvɔ wɔm le zã me, eye nyemedɔa alɔ̃ o.
我は是ありつ晝は暑に夜は寒に犯されて目も寐るの遑なく
41 Ɛ̃, mewɔ dɔ na wò ƒe blaeve sɔŋ: ƒe wuiene be mate ŋu aɖe viwò nyɔnu eve, ƒe ade be lãha sia naka asinye! Gawu la, èɖe nye fetu dzi zi ewo.
此二十年汝の家にありたり汝の二人の女の爲に十四年汝の群のために六年汝に事たり然に汝は十次もわが値を易たり
42 Nyateƒe, ne menye tɔgbuinye Abraham ƒe Mawu kple fofonye Isak ƒe Mawu ƒe amenuveve tae o la, anye ne èdo mɔm asi ƒuƒlu, pesewa ɖeka pɛ gɔ̃ hã manɔ asinye o! Ke Mawu kpɔ wò ŋutasesẽ kple nye nuteƒewɔwɔ, eya ta wòɖe eɖokui fia wò le zã si va yi me.”
若わが父の神アブラハムの神イサクのの畏む者我とともにいますにあらざれば汝今必ず我を空手にて去しめしならん神わが苦難とわが手の勞苦をかへりみて昨夜汝を責たまへるなり
43 Laban ɖo eŋu na Yakob be, “Vinyewoe nye nyɔnu siawo; ɖevi siawo hã tɔnyewoe. Lãha siawo kple nu siwo katã le asiwò la, tɔnyee wonye, eya ta nu ka ta mawɔ nuvevi nye ŋutɔ vinyewo kple nye tɔgbuiyɔviwo ɖo?
ラバン應てヤコブに言けるは女等はわが女子等はわが子群はわが群汝が見る者は皆わが所屬なり我今日此わが女等とその生たる子等に何をなすをえんや
44 Na míabla ŋutifafanu kple mía nɔewo, eye mía dometɔ ɖe sia ɖe nazɔ ɖe nubabla sia ƒe ɖoɖowo dzi.”
然ば來れ我と汝二人契約をむすび之を我と汝の間の證憑となすべし
45 Ale Yakob ɖi kpe aɖe abe ŋkuɖodzikpe ene,
是に於てヤコブ石を執りこれを建て柱となせり
46 eye wògblɔ na eƒe amewo be woafɔ kpewo ali kɔ ɖe kpe la dzi. Emegbe Yakob kple Laban ɖu nu ɖekae le kpeawo gbɔ.
ヤコブ又その兄弟等に石をあつめよといひければ即ち石をとりて垤を成れり斯て彼等彼處にて垤の上に食す
47 Laban yɔe be Yegar Sahaduta, eye Yakob yɔe be Galed.
ラバン之をエガルサハドタ(證憑の垤)と名けヤコブ之をギレアデ(證憑の垤)と名けたり
48 Laban gblɔ be, “Kpoƒuƒu sia nye ɖasefo le nye kpli wò dome egbea.” Eya ta woyɔe be Galed.
ラバン此垤今日われとなんぢの間の證憑たりといひしによりて其名はギレアデとと稱らる
49 Eya ta woyɔe hã be “Mizpa” si gɔmee nye “Nuŋudzɔla,” elabena Laban gblɔ be, “Aƒetɔ la nakpɔ egbɔ be ne míegale mía nɔewo gbɔ o hã la, míazɔ ɖe nubabla sia dzi.
又ミヅパ(觀望樓)と稱らる其は彼我等が互にわかるるに及べる時ねがはくはヱホバ我と汝の間を監みたまへといひたればなり
50 Kpe ɖe esia ŋu la, ne èwɔ fu vinyewo alo ègaɖe srɔ̃ bubuwo la, nyemanya o, gake Mawu ya akpɔe.”
彼又いふ汝もしわが女をなやまし或はわが女のほかに妻をめとらば人の我らと偕なる者なきも神と汝のあひだにいまして證をなしたまふ
51 Laban gblɔ na Yakob be, “Kpekɔ sia le afi sia, eye sɔti sia si metu ɖe nye kpli wò dome la hã le afi sia.
ラバン又ヤコブにいふ我われとなんぢの間にたてたる此垤を視よ柱をみよ
52 Kpekɔ sia nye ɖasefo, eye sɔti sia hã nye ɖasefo be nyemava to kpekɔ sia ŋu be mava wò akpa dzi ava wɔ nuvevi aɖeke wò o, eye be wò hã màto kpekɔ kple sɔti sia ŋu ava nye akpa dzi be nàva wɔ nuvevi aɖekem o.
此垤證とならん柱證とならん我この垤を越て汝を害せじ汝この垤この柱を越て我を害せざれ
53 Meyɔ Abraham kple Nahor kpakple wo fofowo ƒe Mawu la be wòatsrɔ̃ mía dometɔ si mawɔ nubabla sia ƒe ɖoɖowo dzi o la.” Ale Yakob ka atam le fofoa Isak ƒe Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la ŋkume be yealé ŋku ɖe liƒo la ŋu.
アブラハムの神ナホルの神彼等の父の神われらの間を鞫きたまへとヤコブ乃ちその父イサクの畏む者をさして誓へり
54 Tete Yakob sa vɔ na Mawu le to la tame, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe amewo. Etsi wo gbɔ dɔ le to la dzi.
斯てヤコブ山にて犧牲をささげその兄弟を招きてパンを食はしむ彼等パンを食ひて山に宿れり
55 Laban fɔ ŋdi kanya, gbugbɔ nu na viawo kple eƒe tɔgbuiyɔviawo, yra wo, eye wòtrɔ yi wo de.
ラバン朝夙に起き其孫と女に接吻して之を祝せりしかしてラバンゆきて其所にかへりぬ

< Mose 1 31 >