< Mose 1 3 >

1 Da nye lã si dze aye wu lã bubu siwo katã Yehowa Mawu wɔ la. Da va nyɔnu la gbɔ, eye wòbiae be, “Ɖe wònye nyateƒe be Mawu de se na mi be migaɖu ati siwo katã le abɔa me la dometɔ aɖeke ƒe tsetsea oa?”
Now the serpent was more shrewd than any of the wild animals which God had made. And he said to the woman, "Has God really said, 'You shall not eat of any tree of the garden?'"
2 Nyɔnu la gblɔ na da la be, “Míate ŋu aɖu ati ɖe sia ɖe si le abɔ sia me la ƒe tsetse,
And the woman said to the serpent, "Of the fruit of the trees of the garden we may eat,
3 gake Mawu gblɔ be, ‘Migaɖu ati si le abɔ la titina ƒe tsetse o, migaka asi eŋu hã o, ne menye nenema o la, miaku.’”
but of the fruit of the tree which is in the middle of the garden, God has said, 'You shall not eat of it, neither shall you touch it, lest you die.'"
4 Da la gblɔ be, “Miele kuku ge akpɔ o!
The serpent said to the woman, "You won't surely die,
5 Mawu nya nyuie be ne mieɖui ko la, miazu abe ye ene, elabena miaƒe ŋkuwo aʋu, eye mianya nyui kple vɔ̃.”
for God knows that in the day you eat it, your eyes will be opened, and you will be like God, knowing good and evil."
6 Esi nyɔnu la kpɔ be ati la ƒe tsetse nyo na ɖuɖu, eye wònya kpɔ, eye wònana wodzea nunya la, egbe ɖe ɖu. Ena ɖe srɔ̃a si le egbɔ la hã wòɖu.
When the woman saw that the tree was good for food, and that it was a delight to the eyes, and that the tree was to be desired to make one wise, she took of its fruit, and ate, and she also gave some to her husband who was with her, and he ate.
7 Esi woɖu kutsetsea ko la, wodze sii enumake be yewole amama, eye ŋu de asi wo kpekpe me. Ale wotɔ aŋgbawo hesa ɖe ali.
The eyes of both of them were opened, and they knew that they were naked. So they sewed fig leaves together, and made coverings for themselves.
8 Gbe ma gbe ƒe ɣetrɔ la, amea kple srɔ̃a se Yehowa Mawu ŋkɔ wònɔ tsa ɖim le abɔ la me. Ale woɣla wo ɖokuiwo ɖe atiawo dome.
They heard the voice of God walking in the garden during the breeze of the day, and the man and his wife hid themselves from the presence of God among the trees of the garden.
9 Yehowa Mawu yɔ amea, eye wòbiae bena, “Afi ka nèle?”
So God called to the man, and said to him, "Where are you?"
10 Adam ɖo eŋu be, “Mese ŋkɔwò nègbɔna, vɔvɔ̃ ɖom, eye nyemedi be nàkpɔm manɔ amama o, eya ta meɣla ɖokuinye.”
And he said, "I heard your voice in the garden, and I was afraid, because I was naked; so I hid myself."
11 Mawu biae be, “Ame kae gblɔ na wò be èle amama? Ɖe nèɖu ati si ŋu mede se na mi le la ƒe tsetsea?”
And he said, "Who told you that you were naked? Have you eaten from the tree that I commanded you not to eat from?"
12 Amea ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyɔnu si nèwɔ nam lae na kutsetsea ƒe ɖem meɖu.”
The man said, "The woman whom you gave to be with me, she gave me of the tree, and I ate."
13 Yehowa Mawu bia nyɔnu la be, “Nu ka ta nèwɔ nu sia ɖo?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Da lae blem.”
Then God said to the woman, "What is this you have done?" The woman said, "The serpent deceived me, and I ate."
14 Eya ta Yehowa Mawu gblɔ na da la be, “Ɖe nu si nèwɔ ta la, “Maƒo fi ade wò ɖeka le aƒemelã kple gbemelã siwo katã le anyigba dzi la dome! Wò ƒodo dzi nàzɔ eye ʋuʋudedi anye wò nuɖuɖu le wò agbemeŋkekewo katã me.
So God said to the serpent, "Because you have done this, cursed are you above every tame animal, and above every wild animal. On your belly you shall go, and you shall eat dust all the days of your life.
15 Tso azɔ dzi la, made fuléle wò kple nyɔnu la dome, eye fuléle ma ke anɔ wò dzidzime kple nyɔnu la tɔ dome. Eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.”
I will put enmity between you and the woman, and between your offspring and her offspring. He will bruise your head, and you will bruise his heel."
16 Mawu gblɔ na nyɔnu la be, “Àdzi vi le fukpekpe kple vevesese geɖe me, gake srɔ̃wò ƒe nu aganyo ŋuwò kokoko, eye srɔ̃wò anye aƒetɔ na wò.”
And to the woman he said, "I will greatly multiply your pain in childbirth. In pain you will bring forth children. Your desire will be for your husband, and he will rule over you."
17 Mawu gblɔ na Adam be, “Esi nèɖo to srɔ̃wò, eye nèɖu kutsetse si ŋu mede se na mi le ta la, meƒo fi de anyigba ɖe tawò. “Le wò agbemeŋkekewo katã me la, àku kutri be yeakpɔ nuɖuɖu tso anyigba me.
To Adam he said, "Because you have listened to your wife's voice, and have eaten of the tree, of which I commanded you, saying, 'You shall not eat of it,' cursed is the ground for your sake. In toil you will eat of it all the days of your life.
18 Anyigba ana ŋuwo kple aŋɔkawo namie na wò, eye nàɖu woƒe gbewo.
Thorns also and thistles will it bring forth to you; and you will eat the plants of the field.
19 Àdze agbagba le wò agbemeŋkekewo katã me hafi akpɔ abolo aɖu va se ɖe esime nàku. Agatrɔ azu anyi, nu si wotsɔ wɔ wòe la; elabena anyi wotsɔ wɔ wòe, eye anyi ke nàgatrɔ azu.”
By the sweat of your face will you eat bread until you return to the ground, for out of it you were taken. For you are dust, and to dust you shall return."
20 Ŋutsu la na ŋkɔ srɔ̃a be Eva si gɔmee nye “Agbenala,” elabena egblɔ be, “Eyae azu amegbetɔƒome blibo la dzila.”
The man called his wife Eve, because she was the mother of all living.
21 Yehowa Mawu wɔ lãgbalẽwu do na Adam kple srɔ̃a.
And God made clothing out of skins for Adam and for his wife, and clothed them.
22 Yehowa Mawu gblɔ be, “Esi ame la zu abe míawo ene, eye wònya nyui kple vɔ̃ la, nya kae adzɔ ne aɖu agbeti la, eye wòanɔ agbe tegbetegbe?”
Then God said, "Look, the man has become like one of us, knowing good and evil. So now, let us send him out, lest he reach out his hand and also take of the tree of life and eat, and live forever."
23 Esia ta Yehowa Mawu nyae ɖa tso Edenbɔ la me, eye wòɖoe ɖa be wòayi aɖade agble ɖe anyigba si me woɖee tsoe la dzi.
Therefore the LORD sent him out of the garden of Eden, to till the ground from which he was taken.
24 Ale Mawu nya ame la, eye wòtsɔ mawudɔla sesẽ siwo wòde yi dadzowo asi na la da ɖe Edenbɔ la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo be woadzɔ mɔ woato aɖo ta agbeti la gbɔ la nu.
So he drove out the man; and he stationed the cherubim at the east of the garden of Eden, and a flaming sword which turned every direction, to guard the way to the tree of life.

< Mose 1 3 >