< Mose 1 29 >
1 Yakob yi eƒe mɔzɔzɔ dzi, eye wòva ɖo ɣedzeƒenutowo me.
Entonces Jacob siguió su camino y llegó a la tierra de los hijos de Oriente.
2 Ekpɔ alẽha etɔ̃ wotsyɔ akɔ anyi ɖe gbe dzi le vudo aɖe to, nɔ lalam be woana tsi yewo yewoano. Ke wotsɔ kpe gã aɖe tu vudoa nu.
Miró, y vio un pozo en el campo, y vio tres rebaños de ovejas acostados junto a él. Porque de ese pozo abrevaban los rebaños. La piedra de la boca del pozo era grande.
3 Enye woƒe kɔnu be womahe kpea ɖa o va se ɖe esime alẽhawo katã nava ɖo afi ma. Ne wona tsi alẽhawo katã wono vɔ la, wogamlia kpe la ɖoa vudo la nu.
Allí estaban reunidos todos los rebaños. Rodaron la piedra de la boca del pozo, dieron de beber a las ovejas y volvieron a poner la piedra en la boca del pozo en su lugar.
4 Yakob te ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye wòbia wo be, “Nɔvinyewo, afi ka míetso?” Woɖo eŋu be, “Míetso Haran.”
Jacob les dijo: “Parientes míos, ¿de dónde sois?” Dijeron: “Somos de Harán”.
5 Yakob bia be, “Mienya ame aɖe si woyɔna be Laban, eye wònye Nahor ƒe via?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míenyae.”
Les dijo: “¿Conocéis a Labán, hijo de Nacor?” Dijeron: “Lo conocemos”.
6 Egabia wo be, “Eli nyuiea?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, eli nyuie, eye nuwo dze edzi nɛ. Kpɔ ɖa, via nyɔnu, Rahel kplɔ alẽwo gbɔnae.”
Les dijo: “¿Le va bien?”. Dijeron: “Está bien. Mira, Raquel, su hija, viene con las ovejas”.
7 Yakob gabia wo be, “Nu ka ta miana tsi alẽawo ale be woate ŋu agatrɔ ayi gbeɖuƒe o ɖo? Elabena zã medo haɖe o; ne mieƒo ƒu wo ɖe afi sia fifia la, dɔ awu wo.”
Dijo: “Mira, todavía es mediodía, no es hora de reunir el ganado. Da de beber a las ovejas y ve a darles de comer”.
8 Woɖo eŋu nɛ be, “Míemlia kpea ɖa o va se ɖe esime alẽhawo kple alẽkplɔlawo katã va ƒo ƒu ɖe afi sia.”
Dijeron: “No podemos, hasta que se reúnan todos los rebaños y se quite la piedra de la boca del pozo. Entonces abrevaremos las ovejas”.
9 Esi wonɔ nya siawo gblɔm la, Rahel va ɖo kple fofoa ƒe alẽwo, elabena alẽkplɔla wònye.
Mientras aún hablaba con ellos, llegó Raquel con las ovejas de su padre, pues las guardaba.
10 Esi Rahel nye Yakob dadaa nɔviŋutsu Laban ƒe vi, eye alẽawo nye Yakob nyrui tɔ ta la, Yakob yi vudo la gbɔ, mli kpea ɖa, eye wòna tsi nyruia ƒe alẽwo.
Cuando Jacob vio a Raquel, la hija de Labán, hermano de su madre, y las ovejas de Labán, hermano de su madre, se acercó, hizo rodar la piedra de la boca del pozo y dio de beber al rebaño de Labán, hermano de su madre.
11 Yakob gbugbɔ nu na Rahel, eye Yakob de asi avifafa me.
Jacob besó a Raquel, alzó la voz y lloró.
12 Yakob gblɔ na Rahel be fofoa ƒe ƒometɔ kple Rebeka ƒe viŋutsu yenye. Ale Rahel ƒu du yi ɖagblɔ nya la na fofoa.
Jacob le dijo a Raquel que era pariente de su padre y que era hijo de Rebeca. Ella corrió y se lo contó a su padre.
13 Esi Laban se nya sia tso Yakob, nɔvia nyɔnu ƒe viŋutsu ŋu la, eɖe abla yi ɖakpee. Ekpla asi kɔ nɛ, gbugbɔ nu nɛ, kplɔe yi aƒe me, eye Yakob gblɔ nyawo katã nɛ le afi ma.
Cuando Labán oyó la noticia de Jacob, el hijo de su hermana, corrió a recibir a Jacob, lo abrazó y lo besó, y lo llevó a su casa. Jacob le contó a Labán todas estas cosas.
14 Laban gblɔ be, “Kpɔ ɖa, nye ŋutɔ nye ŋutilã kple ʋue nènye.” Esi Yakob nɔ Laban gbɔ ɣleti ɖeka la,
Labán le dijo: “Ciertamente tú eres mi hueso y mi carne”. Jacob se quedó con él durante un mes.
15 Laban gblɔ nɛ gbe ɖeka be, “Menye esi nye kple wò míenye ƒometɔwo ta nàwɔ dɔ nam dzodzro o. Ho neni maxe na wò?”
Labán le dijo a Jacob: “Porque eres mi pariente, ¿debes servirme por nada? Dime, ¿cuál será tu salario?”
16 Vinyɔnu eve nɔ Laban si. Tsitsitɔ ŋkɔe nye Lea, eye ɖevitɔ ŋkɔe nye Rahel.
Labán tenía dos hijas. El nombre de la mayor era Lía, y el de la menor, Raquel.
17 Lea ƒe ŋkuwo nya kpɔna, eye Rahel ya dze tugbe ŋutɔ.
Los ojos de Lea eran débiles, pero Raquel era hermosa en forma y atractiva.
18 Rahel ƒe nu nyo Yakob ŋu, eya ta Yakob gblɔ na Laban be, “Ne àtsɔ Rahel nam maɖe la, ekema mawɔ dɔ na wò ƒe adre.”
Jacob amaba a Raquel. Dijo: “Te serviré siete años por Raquel, tu hija menor”.
19 Laban ɖo eŋu be, “Melɔ̃. Enyo nam be matsɔe na wò boŋ wu be matsɔe na ame bubu aɖe si medo ƒome kplim o.”
Labán dijo: “Es mejor que te la entregue a ti que a otro hombre. Quédate conmigo”.
20 Ale Yakob subɔ ƒe adre ɖe Rahel ta. Ke ƒe adreawo ɖi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko le eŋkume, elabena elɔ̃ Rahel ŋutɔ.
Jacob sirvió siete años por Raquel. Le parecieron pocos días, para el amor que sentía por ella.
21 Mlɔeba la, ɣeyiɣi la de be wòaɖee. Yakob gblɔ na Laban be, “Mewɔ nu si nèɖo nam la, eya ta ele na wò azɔ be nàɖe asi le srɔ̃nye ŋu nam madɔ kplii.”
Jacob dijo a Labán: “Dame a mi mujer, pues mis días están cumplidos, para que entre con ella.”
22 Ale Laban ɖo kplɔ̃ gã aɖe, eye wòkpe ŋutsu siwo katã nɔ dua me la be woakpɔ dzidzɔ kple Yakob.
Labán reunió a todos los hombres del lugar e hizo un banquete.
23 Emegbe le zã me la, Laban kplɔ Lea yi na Yakob, eye Yakob dɔ egbɔ.
Al anochecer, tomó a su hija Lea y la llevó a Jacob. Él entró con ella.
24 Laban tsɔ eƒe kosi Zilpa na Lea be wòanye eƒe dɔlanyɔnu.
Labán le dio a su hija Lea a Zilpá como sirvienta.
25 Ke esi ŋu ke la, Yakob kpɔ be Lea boŋ wona yeɖe! Yakob do dɔmedzoe, eye wòbia Laban be, “Amefuflu ka tɔgbie nye esia? Mesubɔ ƒe adre ɖe Rahel ta! Nu sia gɔme ɖe?”
Por la mañana, he aquí que era Lea. Le dijo a Labán: “¿Qué es esto que has hecho conmigo? ¿No he servido contigo por Raquel? ¿Por qué entonces me has engañado?”
26 Laban ɖo eŋu be, “Mesɔ ɖe míaƒe kɔnyinyi nu be woaɖe ɖetugbi suetɔ gbã hafi woaɖe tsitsitɔ o.
Labán dijo: “No se hace así en nuestro lugar, dar al menor antes que al primogénito.
27 Lala ne wò srɔ̃ɖeɖe ƒe kɔsiɖa gbãtɔ nava yi, ekema àte ŋu aɖe Rahel hã ne àgasubɔm ƒe adre bubu ko!”
Cumple la semana de éste, y te daremos también el otro para el servicio que prestarás conmigo durante siete años más.”
28 Yakob lɔ̃ be yeagasubɔ ƒe adre bubu, ale Laban tsɔ Rahel hã nɛ.
Jacob lo hizo y cumplió su semana. Le dio a su hija Raquel como esposa.
29 Laban tsɔ eƒe kosivi Bilha na Rahel be wòasubɔe.
Labán dio a Bilhá, su sierva, a su hija Raquel para que fuera su sirvienta.
30 Ale Yakob dɔ Rahel hã gbɔ. Elɔ̃ Rahel sãa wu Lea, eye wògasubɔ ƒe adre bubu.
Entró también a Raquel, y amó también a Raquel más que a Lea, y sirvió con él siete años más.
31 Ke esi Yakob melɔ̃ Lea tututu o ta la, Yehowa na vi Lea, eye wòna Rahel tsi ko.
Yahvé vio que Lea era odiada, y abrió su vientre, pero Raquel era estéril.
32 Ale Lea fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Ruben si gɔmee nye “Yehowa kpɔ nye xaxa,” elabena egblɔ be, “Yehowa kpɔ nye xaxa; azɔ la, srɔ̃nye alɔ̃m.”
Lea concibió y dio a luz un hijo, al que llamó Rubén. Porque dijo: “Porque Yahvé ha mirado mi aflicción, pues ahora mi esposo me amará”.
33 Eteƒe medidi hafi Lea gafɔ fu o. Egadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Simeon si gɔmee nye “Yehowa see,” elabena egblɔ be, “Yehowa see be womelɔ̃m o, eya ta wògana ŋutsuvi bubum.”
Concibió de nuevo y dio a luz un hijo, y dijo: “Porque Yahvé ha oído que soy odiada, por eso me ha dado también este hijo.” Le puso el nombre de Simeón.
34 Egafɔ fu, eye wògadzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Levi si gɔmee nye “Kuku ɖe ame ŋu,” elabena egblɔ be, “Azɔ ya la, esi medzi ŋutsuvi etɔ̃ sɔŋ nɛ ta la, srɔ̃nye alɔ̃m kokoko.”
Concibió de nuevo y dio a luz un hijo. Dijo: “Esta vez mi esposo se unirá a mí, porque le he dado tres hijos”. Por eso se llamó Leví.
35 Lea gafɔ fu, gadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Yuda si gɔmee nye “Kafukafu,” elabena egblɔ be, “Azɔ makafu Yehowa!” Emegbe la, Lea megadzi vi bubu aɖeke o.
Concibió de nuevo y dio a luz un hijo. Dijo: “Esta vez alabaré a Yahvé”. Por eso lo llamó Judá. Luego dejó de dar a luz.